INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 6 axa 20-axa 21 mm. 5
  • Ame Enyi Tsi Agbe Yi Xexe Yeye Aɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Enyi Tsi Agbe Yi Xexe Yeye Aɖe Me
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Noa Ƒe Aɖakaʋu La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Tsiɖɔɖɔ Gã La
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Noa Kpa Aɖakaʋu Aɖe
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Wokpɔ Eya Kple “Ame Adre Bubuwo” Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 6 axa 20-axa 21 mm. 5
Aɖaka la ho ɖe tsia dzi esi tsia kpɔtɔ nɔ dzadzam

NUSƆSRƆ̃ 6

Ame Enyi Tsi Agbe Yi Xexe Yeye Aɖe Me

Noa, eƒe ƒomea, kple lãwo le dodom le aɖaka la me

Noa kple eƒe ƒomea kpakple lãwo yi ɖe aɖakaʋu la me. Yehowa tu ʋɔa eye tsia dze dzadza gɔme. Tsia dza ale gbegbe be aɖakaʋu la ho ɖe tsia dzi. Vivivi la, tsia xɔ anyigba blibo la katã dzi. Ame vɔ̃ɖi siwo meyi aɖakaʋua me o la katã ku. Gake Noa kple eƒe ƒomea nɔ dedie le aɖakaʋu la me. Kpɔ ale si gbegbe woakpɔ dzidzɔe be yewoɖo to Yehowae ɖa!

Tsi dza bababa madzudzɔmadzudzɔe ŋkeke 40 kple zã 40. Emegbe tsia va nɔ miemiem vivivi. Mlɔeba aɖakaʋu la va tsi to aɖe tame. Gake tsi gbogbo aɖe ganɔ anyigba dzi le afi sia afi, eya ta Noa kple eƒe ƒomea mete ŋu do go le aɖakaʋu la me enumake o.

Vivivi la, tsia mie keŋkeŋ. Noa kple eƒe ƒomea nɔ aɖakaʋu la me wòwu ƒe ɖeka. Azɔ Yehowa gblɔ na wo be woate ŋu ado go le aɖakaʋu la me ava nɔ anyigba si le abe anyigba yeye aɖe ene la dzi. Woda akpe na Yehowa be ekpɔ yewo ta eye wowɔ esia to vɔsasa nɛ dzi.

Anyieʋɔ

Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe vɔsa sia ŋu. Edo ŋugbe be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ nu sia nu si le anyigba la dzi azɔ o. Esi wòdi be yeaɖo kpe yeƒe ŋugbedodo sia dzi ta la, ena anyieʋɔ gbãtɔ do ɖe yame. Èkpɔ anyieʋɔ kpɔa?

Emegbe Yehowa gblɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woadzi vi ayɔ anyigba la dzi.

“Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye [amewo mede] dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe.”—Mateo 24:38, 39

Nyabiasewo: Esi Yehowa tu aɖakaʋu la ƒe ʋɔa la, nu kae dzɔ? Nu ka dzie anyieʋɔ la ɖoa ŋkui na mí?

1 Mose 7:1–9:17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe