INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 2/1 axa 20-25
  • Mi̇́edi Fiaɖuƒe La Gbãgbiagbã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mi̇́edi Fiaɖuƒe La Gbãgbiagbã
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Biblia me Nyateƒewo Ŋu
  • Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ
  • Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ le Aʋaŋɔlia Me
  • Dɔa Wɔwɔ Esime Aʋa la Ke—Emegbe Gilead
  • Subɔsubɔ le Brazil
  • Agbenɔnɔ Xɔasi si me Viɖe Le
  • Gae Nana Wokpɔa Dzidzɔ Vavãtɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yehowa Yra Ðe Nye Didi Be Manye Dutanyanyuigblɔla Dzi Geɖe Ŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Nyuitɔ Kekeake Si Ŋu Mezã Nye Agbe Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nye Ŋku Kple Dzi Le Fetua Dzi Ɣesiaɣi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 2/1 axa 20-25

Mi̇́edi Fiaɖuƒe La Gbãgbiagbã

ABE ALESI OLIVE SPRINGATE GBLƆE ENE

Ðeko danye tsi bosomikaɖia hedo le xɔa me esi wòse míaƒe gbedodoɖa vɔ koe nye ema. Nye tsɛ biam enumake be: “Olive, aleke Mawu awɔ akpɔ mí eye wòase míaƒe gbedodoɖa to anyikpexɔ ƒe gliwo mee?”

MEÐO EŊU nɛ be: “Dada be ate ŋu akpɔ nusianu, keke míaƒe dzime ke hã.” Danye nye Mawu vɔ̃la si xlẽa Biblia vevie, eye wòƒã bubudede Mawu kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu ɖe mí viawo me.

Mía dzilawo nye Anglikan Subɔsubɔha me tɔwo le du sue si nye Chatham me le Kent-nuto me le England. Togbɔ be Danye dea sɔleme edziedzi hã la, exɔe se be Kristotɔnyenye bia nu geɖe wu sɔlemexɔ me nɔnɔ ko anɔ mawunya sem zi ɖeka le kwasiɖa me. Eka ɖe edzi hã be nyateƒe subɔsubɔha ɖeka koe anɔ Mawu si.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Biblia me Nyateƒewo Ŋu

Le ƒe 1918 me, esime mexɔ abe ƒe atɔ̃ ene la, Danye xɔ agbalẽ babla si ƒe ŋkɔe nye Studies in the Scriptures si Charles T. Russell, Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ ta la. Le ƒe ʋee aɖewo megbe esi míenɔ teƒe sue aɖe si woyɔna be Wigmore la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, dometɔ aɖe va Danye gbɔ. Exɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye The Harp of God eye wòva nɔ ŋuɖoɖo kpɔm na eƒe Biblia me nyabiabia geɖewo. Míexɔa agbalẽvi dzĩ si dzi agbalẽa ƒe ta ɖesiaɖe ŋuti nyabiabiawo le la le posu me kwasiɖa sia kwasiɖa. Agbalẽvia fia afisi woakpɔ ŋuɖoɖoawo le le agbalẽa me la mí.

Le ƒe 1926 me mía kple dzinyelawo kpakple nɔvinyenyɔnu, Beryl míedo le Anglikan Subɔsubɔha la me elabena sɔlemeha la ƒe nudede dunyahehe me kple eƒe aʋatsonufiafia totro geɖewo nyɔ ŋu na mí. Woƒe nufiafia vevi ɖekae nye be Mawu awɔ fu amewo le dzo mavɔ me tegbee. Danye, amesi nɔ Biblia me nyateƒea dim vevie la, va kpɔe dze si ƒã be menye Anglikan Subɔsubɔha lae nye vavãtɔ o.

Eteƒe medidi o, le Danye ƒe gbedodoɖawo ŋuɖoɖo nɛ me la, Aƒenɔ Jackson si nye Biablia Nusrɔ̃vi la va. Eɖo dze kple mía kple Danye wòde gaƒoƒo eve kloe eye wòɖo míaƒe nyabiabiawo ŋu na mí tso Biblia me. Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi nusiwo míesrɔ̃ dometɔ ɖeka fia be Yehowa Mawu, Yesu Kristo Fofo koe wòle be míado gbe ɖa na ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ɣaɣla aɖeke o. (Psalmo 83:19; Yohanes 20:17) Gake Danye ƒe nyabiabia si nyemaŋlɔ be o lae nye be: “Nukae wòfia be woadi Fiaɖuƒe la gbãgbiagbã?”—Mateo 6:33.

Ŋuɖoɖo si wotu ɖe Biblia dzi la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe míaƒe agbe dzi. Míedze Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewo dede gɔme tso kwasiɖa ma me eye míegblɔa nusiwo míesrɔ̃ la ŋu nya na ame bubuwo hã. Míeka ɖe edzi be míeke ɖe nyateƒea ŋu. Ɣleti ʋee aɖewo megbe le ƒe 1927 me la, Danye xɔ nyɔnyrɔ̃ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si wòɖe be yeasubɔ Yehowa dzi, eye nye hã mexɔe le ƒe 1930 me.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ

Míaƒe ƒomea nɔ Gillingham Hame si me ame 25 nɔ la me. Wo dometɔ geɖewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo woyɔna be mɔɖelawo, eye dziƒomɔkpɔkpɔ le wo katã si. (Filipitɔwo 3:14, 20) Woƒe Kristotɔnyenye ƒe dzonɔameme ʋãa ame bubuwo be woasrɔ̃ wo. Mewɔ mɔɖeɖedɔa le Belgium le ƒe 1930 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me esime meganye ƒewuivi ko. Esia dzi nye didi be mawɔ Fiaɖuƒedɔ geɖe wu ɖe edzi. Le ɣemaɣi me la, míenɔ agbalẽvi si nye The Kingdom, the Hope of the World nam osɔfo ɖesiaɖe.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe Papa va tsi tre ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ŋu vevie eye esia hã nye susu siwo ta meʋu yi London le ƒe 1932 me be mava de suku kɔkɔ la dometɔ ɖeka. Emegbe mefia nu ƒe ene eye ɣemaɣi la, menɔ Blackheath Hame si nye hame ene siwo ko nɔ London ɣemaɣi dometɔ ɖeka la me. Ɣemaɣie míenɔ alesi wonɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo dem game le Hitler ƒe Germania kple woƒe fukpekpewo le esi wogbe be yewomade Hitler ƒe aʋawɔɖoɖowo dzi o ta la ŋu nyawo sem.

Le ƒe 1938 ƒe ɣleti si tututu me mexe agbalẽ siwo meƒle agbana ƒe fewo vɔ la, meɖe asi le dɔ ŋu be mawɔ didi si le menye be mawɔ mɔɖeɖedɔa la dzi. Nɔvinyenyɔnu Beryl dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ɣeyiɣi ma ke me le London gake enɔ mɔɖelawo ƒe aƒe bubu me. Mildred Willett si va ɖe John Barr si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ fifia ye nye nye zɔhɛ mɔɖela gbãtɔ. Mía kple míaƒe ƒuƒoƒoa me tɔ bubuwo míedoa gasɔ yia míaƒe anyigbamamã me eye zi geɖe la míenɔa afima ŋkeke bliboa katã togbɔ be tsi nɔa dzadzam hã.

Aʋa nɔ didim be yeadzɔ le Europa xoxo. Wonɔ motsyɔnu si akpɔ ame ta be womagagbɔ aɖidzudzɔ o la ɖɔɖɔ ƒe hehe nam dumeviwo eye wonɔ ɖoɖo wɔm be woakplɔ ɖeviwo adoe le dugãwo me alo akplɔ wo ayi England ƒe kɔƒenutowo alo duviwo me ne aʋa dzɔ. Ga si matsɔ aƒle afɔkpa koe nɔ asinye eye dzinyelawo mate ŋu ana gakpekpeɖeŋum o. Gake ɖe Yesu megblɔ be, ‘Woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi ne miedi Fiaɖuƒe la gbãgbiagbã’ oa? (Mateo 6:33) Xɔse blibo nɔ asinye be Yehowa akpɔ nye nuhiahiãwo katã gbɔ nam eye ewɔe wògba go hã le ƒe siawo katã me. Le aʋawɔɣia me la, ɣeaɖewoɣi mefɔa agblemenuku siwo gena le ʋuwo me ɖe mɔto tsɔ kpena ɖe nuɖuɖu si womãna na mí la ŋu. Eye zi geɖe la, metsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖɔa li atikutsetsewo kple nuɖuɖui.

Wodzi nɔvinyenyɔnu Sonia le ƒe 1928 me. Ƒe adre ko wòxɔ esime wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Sonia gblɔ be togbɔ be yenye ɖevi ɣemaɣi hã la, mɔɖeɖedɔae nye yeƒe taɖodzinu. Le ƒe 1941 me esime wòxɔ nyɔnyrɔ̃ tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi teti la, taɖodzinu ma va eme nɛ esi wode dɔ asi na wo kple Danye be woanye mɔɖelawo le Caerphilly, South Wales.

Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ le Aʋaŋɔlia Me

Xexemeʋa II dze egɔme le September 1939 me, eye wonɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Britania dem gaxɔ me le susu ma ke si ta wole woƒe haxɔsetɔwo siwo nɔ Nazi Germania dem gaxɔ me ɖo la ta—woƒe akpaɖekedzimademade le aʋawɔwɔ me. Bɔmb dada le Britania dze egɔme le ƒe 1940 ƒe domedome. Zã sia zã aʋatuwo ƒe ɖiɖi ɖea toɣli mí gake Yehowa kpena ɖe mía ŋu míete ŋu dɔa alɔ̃ vie eye míefɔna ŋufɔke ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.

Ɣeaɖewoɣi kaka míaɖo míaƒe anyigbamamã me la, aƒeawo dometɔ geɖe gbãna keŋkeŋ. Le November me la, bɔmb aɖe va ge dze aƒe si me mía dometɔ akpa gãtɔ nɔ la gbɔ tututu eye wògbã fesreawo gudugudu. Ʋɔtru gã si le mɔa nu kaka ɖe anyigba eye adzudzɔlɔnua ŋe va dze anyi. Esi míenɔ xɔ gbagbã la me ŋu ke la, míemã eye míeva nɔ Ðasefo vovovowo ƒeme.

Le ema megbe kpuie wode dɔ asi nam be mayi Croydon le Greater London. Fifia nye zɔhɛ mɔɖelae nye Ann Parkin, amesi ƒe nɔviŋutsue nye Ron Parkin si va zu Alɔdzekɔmiti Dzikpɔla le Puerto Rico. Emegbe meʋu yi Bridgend, South Wales, afisi meyi mɔɖeɖedɔa dzi le eye menɔ keke si sɔ hena la me ɣleti ade sɔŋ. Míedoa gasɔ kilometa 6 tsoa afima yia kpekpe le hame gã si te ɖe mía ŋu le Port Talbot.

Le ɣeyiɣi sia me la, amewo ƒe tsitretsitsi ɖe mía ŋu nu va nɔ sesẽm eye woyɔa mí be amesiwo gbe aʋawɔwɔ le mawusubɔsubɔdzixɔsewo ta. Esia wɔe be xɔ kpɔkpɔ va zu dɔ gake Yehowa lé be na mí abe alesi wòdo ŋugbee ene.

Emegbe woɖo mí ame enyi ɖe Swansea si nye melidzeƒedu le South Wales be míanye mɔɖela veviwo. Zi alesi aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzii la, zi nenema wonɔ nazã bum ɖe mía ŋui. Woŋlɔ nya siwo nye “yakamewo” kple “vɔvɔ̃nɔtɔwo” klã ɖe aƒe si me mí mɔɖelawo míenɔ ƒe gli ŋu. Nyatakaka siwo nɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo me, siwo bu fɔ míaƒe akpaɖekedzimademade la, gbɔe ŋutasẽnuwɔna sia ƒe akpa gãtɔ tso. Mlɔeba wolé mí ɖekaɖeka vaseɖe esime wolé mí ame adrea katã de gaxɔ me. Wodem Cardiff-gaxɔ me ɣleti ɖeka le ƒe 1942 me, eye emegbe wode nɔvinyenyɔnu Beryl hã gaxɔ me le afima. Togbɔ be nu sue aɖe koe nɔ mía si le ŋutilã me, eye woɖu fewu le mía ŋu hedo ŋukpe mí hã la, míenye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me.

Ɣemaɣi Danye kple Sonia wonɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Caerphilly eye nu mawo ke nɔ dzɔdzɔm ɖe wo dzi. Nyɔnu aɖe si Sonia wɔ ɖoɖo kple be yeasrã kpɔ le Fiɖagbe aɖe lae nye ame gbãtɔ si wòwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii. Sonia ka ɖe edzi be Danye ayi kple ye, gake Danye gblɔ be: “Ame bubu aɖe le asinye si gbɔ mayi. Wòe wɔ ɖoɖoa eyata wò ɖeka koe ayi.” Togbɔ be ƒe 13 koe Sonia xɔ ɣemaɣi hã la, eya ɖeka koe yi, eye nyɔnua yi ŋgɔ le gbɔgbɔ me nyuie eye emegbe eva zu Ðasefo ɖeadzɔgbe.

Dɔa Wɔwɔ Esime Aʋa la Ke—Emegbe Gilead

Menɔ dɔ wɔm le saɖaganyigba dzi le Whaley Bridge, Derbyshire esi Xexemeʋa II ke le ƒe 1945 me. Le ŋdi si me woɖe gbeƒã ŋutifafaɖoɖo si wowɔ la, míeyi ɖasrã amesiwo aʋawɔwɔ kple emetsonuwo ti kɔ na keŋkeŋ la kpɔ be míafa akɔ na wo—tsyɔẽviwo, ahosiwo, kple amesiwo wolã abɔ alo ata na.

Le ɣleti aɖewo megbe la, Habɔbɔa bia be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖewo nayi Ireland, Ƒukpo Dama la dzi, ava ɖe gbeƒã. Yehowa Ðasefo 140 koe nɔ ƒukpoa dzi ɣemaɣi eyata wobunɛ be dutanyanyuigblɔlawo ƒe anyigbamamãe. Le ɣleti ʋee aɖewo megbe la, woɖo mɔɖela vevi siwo ade 40 ɖe afima eye nye hã menɔ wo dome.

Esi mewɔ dɔ le Coleraine kple Cookstown le anyiehekpa dzi ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo mía kple ame etɔ̃ bubuwo ɖe Drogheda le ɣedzeƒeƒuta. Togbɔ be le dzɔdzɔme nu la, Irelandtɔwo doa vivi ɖe ame ŋu eye woxɔa ame hã la, mawusubɔsubɔ me nazãbubu nu sẽ le afima ale gbegbe. Eyata Biblia-srɔ̃gbalẽ ʋee aɖewo ko míete ŋu na amewo le ƒe ɖeka blibo me (ne magblɔe tututu la, agbalẽ ɖeka kple agbalẽvi ʋee aɖewo ko míena).

Esi míenɔ Drogheda la, menɔ gasɔ dzi tso agble aɖe me yina bubu me kasia ɖekakpui agbledela aɖe do tso gbea me va mɔdodoa dzi. Etsa ŋku le mɔa dzi eye wòbia blewuu be: “Yehowa Ðasefoe nènyea?“ Esi megblɔ nɛ be ẽ la, egagblɔ be: “Mía kple nye ŋugbetɔ míeʋli nya sesẽ aɖe etsɔ zã me le mí nyɔnuvi siawo ŋu si wɔe be mía dome klã. Esẽ nu be Kɔmiunistɔwo mienye abe alesi Katoliko-nunɔlawo kple nyadzɔdzɔgbalẽwo gblɔe ene, gake megblɔ be esi mietsoa aƒeme yia aƒeme faa ta la, mate ŋu anye nyateƒe o.”

Mena agbalẽvi aɖee be wòaxlẽ eye wòtsɔe ɣla ɖe eƒe kotoku me, eye míeɖoe be míado go aɖo dze geɖe ne xexeame tsyɔ elabena egblɔ be: “Ne wokpɔm mele nu ƒom kpli wò la, nye dɔ age le asinye.” Mí ame eve míedo goe le zã ma me eye míeɖo eƒe nyabiabia geɖeawo ŋu nɛ. Ewɔ abe ekpɔe be nyateƒe lae nye esia ene eye wòdo ŋugbe na mí be yeava míaƒe aƒeme le zã bubu me ava srɔ̃ nu geɖe kpee. Meva o, eyata míetsɔe be gasɔdola siwo va to mía ŋu le zã si me míedo go zi gbãtɔ la anya kpɔe eye ɖewohĩ woxɔ dɔ le esi. Míebuna eŋu zi geɖe nenye be eva zu Ðasefo.

Esi míede nutome gã takpekpe le Brighton le England ƒe dzieheƒuta le ƒe 1949 vɔ megbe la, womia asi mía dometɔ geɖe yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku si le New York Nutome. Ame 26 ye tso Britania de klass 15 lia si wu enu le July 30, 1950 dzi le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium la wɔɣi.

Subɔsubɔ le Brazil

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, woɖom ɖe São Paulo, Brazil, si nye dugã siwo le lolom ɖe edzi kabakaba wu le xexeame la dometɔ ɖeka. Yehowa Ðasefowo ƒe hame atɔ̃ koe nɔ afima ɣemaɣi gake esusɔ vie hamewo nade 600 le afima fifia! Aleke dɔwɔwɔ le afima to vovo tso Ireland tɔ gbɔ enye si! Aƒe siwo nɔ míaƒe anyigbamamã me le São Paulo ƒe akpa gãtɔ nye aƒe gã dzeani siwo ŋu wotɔ gakpɔ ɖo eye agbo siwo wotsɔ ga wɔ le aɖaŋu me le wo nu. Akpee míeƒona tsɔ yɔa aƒea tɔ alo gbɔviae.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, wode dɔ yeyewo asi nam. Mɔnukpɔkpɔ su asinye be mana kpekpeɖeŋu woaɖo hame yeyewo ɖe teƒe vovovowo le São Paulo ƒe nutowo me, míeɖo ɖeka ɖe Jundiaí hã le ƒe 1955 me kple bubu ɖe Piracicaba le ƒe 1958 me. Emegbe le ƒe 1960 me la, nɔvinyenyɔnu Sonia va zu nye zɔhɛ mɔɖela eye woɖo mí ɖe Pôrto Alegre si nye Rio Grande do Sul ƒe fiadu la me. Ðewohĩ àbia be aleke wòwɔ hafi va Brazil hã?

Sonia kple Danye woyi mɔɖeɖedɔa dzi le England le Xexemeʋa II megbe. Gake le ƒe 1950 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me la, dɔdzẽ lé Danye eye wowɔ dɔ nɛ si na eƒe lãme gbɔdzɔ ŋutɔ be mate ŋu ayi tso aƒeme yi aƒeme o gake ete ŋu wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple amewo eye wòŋlɔa lɛtawo ya. Sonia yi mɔɖeɖedɔa dzi eye le ɣeyiɣi ma ke me enɔ Danye dzi kpɔm. Le ƒe 1959 me la, mɔnukpɔkpɔ su Sonia si be wòade Gilead Suku ƒe klass 33 lia eye woɖoe ɖe Brazil. Ɣemaɣi la, Beryl nɔ Danye dzi kpɔm vaseɖe esime wòku le ƒe 1962 me. Beryl ɖe srɔ̃ ɣemaɣi eye wo kple eƒe ƒomea wole Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Mía kple Sonia míekpe ɖe ame geɖewo ŋu le Brazil be woɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ̃. Gake kuxi siwo nɔ Braziltɔ geɖewo ŋu dometɔ ɖekae nye srɔ̃maɖemaɖe le se nu. Le alesi mɔɖeɖe be woagbe srɔ̃ le ʋɔnudrɔ̃ƒe sesẽe le Brazil ta la, ebɔ be ŋutsu kple nyɔnu geɖewo nɔa wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee. Aleae wònɔna vevietɔ ne srɔ̃tɔwo dometɔ ɖeka gbe srɔ̃a si wòɖe le se nu va yi la.

Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Eva nɔ nɔnɔme ma me esime medo goe. Srɔ̃a si ɖee le se nu si le egbɔ, ame aɖeke menya afisi wòyi o, eyata míena woɖe gbeƒãe le radio dzi tsɔ dii. Esi woke ɖe eŋu la, mekplɔe yi du bubu me be wòade asi agbalẽ te, si aʋu mɔ nɛ be wòaɖe ŋutsu si gbɔ wòle evɔ womeɖe wo nɔewo hafi o la le se nu. Le ʋɔnua la, ʋɔnudrɔ̃la la bia mía kple Eva be míaɖe nusita wòdi be yeaɖɔ yeƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo la me. Esi míeɖe eme nɛ la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ eye wòdzɔ dzi nɛ hã.

Ɣebubuɣi megakplɔ nye Biblia-nusrɔ̃vi aɖe yi senyala aɖe gbɔ be wòakpɔ eƒe nya gbɔ nɛ. Míeɖi ɖase le afisia hã nyuie le srɔ̃ɖeɖe kple Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Srɔ̃gbefe si wobia sɔ gbɔ ale gbegbe be wòhiã be ŋutsua kple nyɔnua siaa nawɔ dɔ atsɔ xe fe lae. Gake esia dzɔ dzi na Biblia-nusrɔ̃vi yeye siawo. Mɔnukpɔkpɔ su mía kple Sonia si be míekpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea teƒe na wo eye emegbe mía kple wo vi ƒewuivi etɔ̃ míese Biblia me nuƒo kpui aɖe le woƒe aƒeme.

Agbenɔnɔ Xɔasi si me Viɖe Le

Esime mía kple Sonia míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye míeva zu mɔɖelawo la, míeɖoe be ne anya wɔ la, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa nanye míaƒe agbemedɔ. Míebu nusi ava dzɔ le ƒe siwo ava va alo ne míeva dze dɔ alo gakuxiwo va do mo ɖa la ŋu boo o. Gake Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ o, abe alesi wòdo ŋugbee ene.—Hebritɔwo 13:6.

Oo, nyateƒee, ganyawo ɖe fu na mí ɣeaɖewoɣi baa. Ɣeaɖeɣi la, eva hiã be yevubolo si me míede abolomedenuwoe ko nanye mía kple nye zɔhɛ ƒe ŋdɔnuɖuɖu ƒe ɖeka sɔŋ gake míetsi dɔ o eye míaƒe nuhiahiã veviwo su mía si pɛpɛpɛ.

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ŋusẽ va nɔ vɔvɔm le mía ŋu vivivi. Wowɔ dɔ na mí ame evea le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me si nye dodokpɔ sesẽ aɖe na mí eye ena be tso ɣemaɣi va ɖo fifia la, míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa va yi to ale gbegbe. Le January 1987 me la, womia asi mí be míava nye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Brazil la me tɔwo.

Míaƒe ƒome gã si me ame akpe ɖeka kple edzivɔ le la ƒe nɔƒe nye aƒe dzeani aɖe le afisi didi kilometa 140 tso São Paulo gbɔ, afisi míetaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo le na Brazil kple Dziehe Amerika ƒe du bubuwo hã. Mawu subɔla siwo tsɔ wo ɖokui na la léa be na mí le afisia. Fiaɖuƒe gbedasia ƒe gbeƒãɖela siwo anye 4,000 ye nɔ Brazil hafi meva zi gbãtɔ gake fifia wowu ame 366,000! Míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la tsɔ ‘nu bubuwo’ kpe ɖe eŋu na mí nyateƒe elabena míedi eƒe Fiaɖuƒe la gbãgbiagbã.—Mateo 6:33.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Olive kple Mildred Willett wole nyatakakanaʋu aɖe xa le ƒe 1939 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Olive kple Sonia Springate

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe