INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 3/15 axa 10-15
  • Yehowa—Tameɖoɖo Ƒe Mawu La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa—Tameɖoɖo Ƒe Mawu La
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tameɖoɖo ƒe Mawu La
  • Eɖe Eƒe Tameɖoɖo Fia Vivivi
  • Numekɔkɔ
  • Ame Akpa Gãtɔ Gbe Enyanya
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
  • Ka Ðe Yehowa Dzi Be Ana Eƒe Tameɖoɖowo Nava Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tameɖoɖo Wɔnuku Aɖe Le Agbe Ŋu
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Biblia Ðo Míaƒe Ŋkekea me Biabia Veviwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 3/15 axa 10-15

Yehowa—Tameɖoɖo Ƒe Mawu La

“Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.”—YESAYA 14:24.

1, 2. Nya kae ame geɖe gblɔna le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti?

AMEWO biana le afisiafi be: “Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?” Dunyahehaŋgɔnɔla aɖe si le Ɣetoɖoƒedukɔ aɖe me gblɔ be: “Ame geɖe le biabiam fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be, ‘Amekawoe míenye? Nukae nye míaƒe tameɖoɖo?’” Esime wobia nya sɔhɛ aɖewo le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me ku ɖe nusi tameɖoɖo si le agbe ŋu nye ŋuti la, wo dometɔ akpa gãtɔ ɖo eŋu be: “Eyae nye be nàwɔ nusianu si dzroa wò dzi.” “Be nàɖu agbe alesi nàte ŋui ɣesiaɣi.” “Be nànɔ agbe le vivisese blibo me.” “Be nàdzi vi akpɔ dzidzɔ, emegbe nàku.” Wo dometɔ akpa gãtɔ bu be agbea katã koe nye sia. Wo dometɔ aɖeke meƒo nu le ɣeyiɣi didi ƒe tameɖoɖo si le agbe ŋu le anyigba dzi ŋu o.

2 Konfusiotɔ agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Gɔmesese deŋgɔtɔ kekeake si le agbe ŋu la dze le mí amegbetɔwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.” Esia fia be woadzi amewo, woatsi axɔ ƒe 70 alo 80, emegbe woaku eye womaganɔ agbe akpɔ o. Nɔnɔmetɔtrɔŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ðewohĩ míanɔ ŋuɖoɖo si ‘de ŋgɔ wu dim’—gake ɖeke meli o.” Le nɔnɔmetɔtrɔfiala siawo gome la, agbee nye ʋiʋli be woatsi agbe, si ku ahe ava nuwuwui mlɔeba. Nufiafia siawo tɔgbe menaa mɔkpɔkpɔ aɖeke nɔa agbe ŋu o.

3, 4. Aleke xexeame ƒe nɔnɔmewo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu dzii?

3 Ame geɖe mexɔe se be tameɖoɖo le agbe ŋu o le esi wokpɔe be amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ yɔ fũ kple nuxaxa geɖe ta. Le míaƒe ɣeyiɣi si me wogblɔ be amegbetɔ yi ŋgɔ le aɖaŋuwɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me ale gbegbe me la, amesiwo wu biliɔn ɖeka le xexeame katã le dɔ lém vevie alo womekpɔa nu nyui ɖuna o. Ðevi miliɔn geɖe kuna ƒe sia ƒe le nusiawo ta. Tsɔ kpe eŋu la, amesiwo ku le aʋawɔwɔ me le ƒe alafa 20 lia sia me la sɔ gbɔ zi gbɔ zi ene wu amesiwo katã ku le aʋawɔwɔ me ƒe alafa ene siwo va yi me ƒe xexlẽme. Nuvlowɔwɔ, hlɔ̃dodo, atikewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, ƒomewo ƒe gbagbã, AIDS kple nulɔdɔ bubuwo—siwo nye nu gbegblẽwo la le ta kekem. Xexemedukplɔlawo mate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ o.

4 Le nɔnɔme siawo ta la, ame aɖe ɖe nusi wòxɔ se la gblɔ be: “Tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o. Ne nu vɔ̃ɖi siawo katã le dzɔdzɔm la, ekema viɖe gobii aɖeke mele agbe ŋu o.” Ŋutsu tsitsi aɖe gblɔ be: “Le nye agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ me la, mebiaa nusitae mele afisia ɖo la ɖokuinye. Ne tameɖoɖo aɖe li hã la, ke nyemegatsɔ ɖeke le eme o.” Eyata esi ame geɖe menya nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li o ta la, xexeame ƒe xaxawo wɔnɛ be mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke menɔa etsɔ me ŋu na wo o.

5. Nukatae xexe sia me ƒe subɔsubɔhawo naa amewo gatɔtɔna ɖe edzi wu le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti?

5 Subɔsubɔhakplɔlawo gɔ̃ hã dome mã le nusi tameɖoɖo si le agbe ŋu nye ŋuti eye kakaɖedzi mele wo si o. Nunɔla aɖe si nɔ Paul Kɔkɔe ƒe Gbedoxɔgã me le London tsã la gblɔ be: “Mete kpɔ le nye agbe me katã be madi tameɖoɖo si le agbenɔnɔ ŋu. . . . Medo kpo nu.” Vavãe, osɔfo geɖe fiaa nu be le ku me la, ame nyuiwo yia dziƒo eye ame vɔ̃ɖiwo yia dzomavɔ me tegbee. Gake nukpɔsusu sia ganaa ameƒomea nɔa fukpekpe me kokoko. Eye ne Mawu ƒe tameɖoɖo wònye be amewo nava nɔ dziƒo la, nukata mewɔ wo wonye dziƒonuwɔwɔwo zi ɖeka le gɔmedzedzea me, abe alesi wòwɔ mawudɔlawo ene, be amegbetɔ nagakpe fu gbogbo siawo o? Eyata enye nusi bɔ be amewo tɔtɔ le tameɖoɖo si le agbe ŋu le anyigba dzi la ŋuti alo wogbena be tameɖoɖo aɖeke mele eŋu o.

Tameɖoɖo ƒe Mawu La

6, 7. Nya kae Biblia gblɔ na mí le Xexeame Katã ƒe Fiagã la ŋuti?

6 Gake Biblia Kɔkɔe si nye agbalẽ si womã wu ɖesiaɖe le ŋutinya me la gblɔ na mí be xexeame katã ƒe Fiagã Yehowa nye tameɖoɖo ƒe Mawu. Eɖee fia mí be etsɔ me mavɔ ƒe tameɖoɖo aɖe le esi na ameƒome si le anyigba dzi. Eye ne Yehowa ɖo tame la, ava eme kokoko. Mawu gblɔ be alesi tsidzadza naa nukuwo miena la, “nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:10, 11) Nusianu si Yehowa gblɔ be yeawɔ la, “nenema wòava mee.”—Yesaya 14:24.

7 Kakakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mí amegbetɔwo si be Ŋusẽkatãtɔ la awɔ ɖe eƒe tameɖoɖowo dzi, elabena Mawu “mate ŋu aka aʋatso” o. (Tito 1:2; Hebritɔwo 6:18) Ne egblɔ na mí be yeawɔ nane la, nya si wògblɔ la nye kakaɖedzi be ava eme. Ele abe ɖe wòva me xoxo ene. Egblɔ be: “Nyee nye Mawu, ɖeke megali o, nyee nye Mawu, ame aɖeke mesɔ kplim o; nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi; . . . megblɔ nya, eye mana wòava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.”—Yesaya 46:9-11.

8. Ðe amesiwo di vavã be yewonya Mawu la ate ŋu akpɔea?

8 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Le esia ta medi be yeanɔ manyamanya na ame aɖeke o. Nyagblɔɖila aɖe si ŋkɔe nye Azarya gblɔ be: “Ne miedii [Mawu] la, ana be, miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.” (Kronika II, 15:1, 2) Eyata amesiwo di be yewoanya Mawu kple eƒe tameɖoɖowo le anukware me la ate ŋu adze sii ne wodze agbagba dii ko.

9, 10. (a) Nukae wotsɔ na amesiwo di be yewoanya Mawu? (b) Nukae Mawu ƒe Nya la me dzodzro nana míete ŋu wɔna?

9 Afikae míadii le? Mawu tsɔ eƒe Nya, Biblia la na amesiwo le edim vavã. Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si nye dɔwɔŋusẽ ma ke si wòzã tsɔ wɔ xexeame la dzi na ŋutsu anukwaretɔwo ŋlɔ nusi wòhiã be míanya le eƒe tameɖoɖowo ŋu la ɖi. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro gblɔ le Biblia me nyagblɔɖiwo ŋu be: “Nyagbɔgblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.” (Petro II, 1:21) Nenema ke apostolo Paulo hã gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17; Tesalonikatɔwo I, 2:13.

10 De dzesii be Mawu ƒe Nya la nana ‘míenɔa dzadzraɖoɖi bliboe,’ menye ɖe kple ɖe alo afã kple afã o. Enaa ame kana ɖe amesi Mawu nye, nusi eƒe tameɖoɖowo nye, kple nusi wòdi tso esubɔlawo si la dzi. Agbalẽ si Mawu na woŋlɔ me koe míakpɔ nusiawo le. Eye eyae nye afisi ko míate ŋu adi Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ le. (Lododowo 2:1-5; Yohanes 17:3) Ne míewɔ nenema la, “míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina goƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ̃ si nu sẽ la me . . . o.” (Efesotɔwo 4:13, 14) Hakpala la ɖe nɔnɔme nyuitɔ si anɔ mía si la gblɔ be: “Wò [Mawu ƒe] nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.”—Psalmo 119:105.

Eɖe Eƒe Tameɖoɖo Fia Vivivi

11. Aleke Yehowa ɖe eƒe tameɖoɖowo fia ameƒomeae?

11 Le ameƒomea ƒe anyinɔnɔ ƒe gɔmedzedze tututu la, Yehowa ɖe tameɖoɖo si le esi na anyigba sia kple amegbetɔ siwo le edzi la fia. (Mose I, 1:26-30) Gake esi mía dzila gbãtɔwo gbe Mawu ƒe fianyenye la, ameƒomea ge ɖe gbɔgbɔmeviviti kple ku me. (Romatɔwo 5:12) Gake Yehowa nya be ame aɖewo adi be yewoasubɔ ye. Eyata eɖe eƒe tameɖoɖowo fia esubɔla anukwaretɔwo vivivi le ƒe alafa siwo va yi me. Amesiwo dzi wòƒo nu toe la dometɔ aɖewoe nye Henox (Mose I, 5:24; Yuda 14, 15), Noa (Mose I, 6:9, 13), Abraham (Mose I, 12:1-3), kple Mose (Mose II, 31:18; 34:27, 28). Mawu ƒe nyagblɔɖila Amos ŋlɔ bena: “[Fiagã Aƒetɔ] Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.”—Amos 3:7; Daniel 2:27, 28.

12. Aleke Yesu gakɔ Mawu ƒe tameɖoɖowo me ɖe edzii?

12 Esime Mawu ƒe Vi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi abe ƒe 4,000 ene le aglãdzedze le Eden megbe la, eɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋuti nya deto geɖe fia. Eɖee fia vevietɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo be yeaɖo Dziƒofiaɖuƒe anyi be wòaɖu anyigba katã dzi la gome. (Daniel 2:44) Yesu tsɔ Fiaɖuƒe ma ɖo tanyae na eƒe nufiafia. (Mateo 4:17; 6:10) Eya kple eƒe nusrɔ̃lawo fia nu be Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea ava eme le Fiaɖuƒea me. Woatrɔ anyigba wòazu paradiso si dzi ame deblibo siwo anɔ agbe tegbee la anɔ. (Psalmo 37:29; Mateo 5:5; Luka 23:43; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe nusi adzɔ le xexe yeye ma me fia to nukunu siwo Mawu na ŋusẽ wo wowɔ la me.—Mateo 10:1, 8; 15:30, 31; Yohanes 11:25-44.

13. Tɔtrɔ kae va le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi le Mawu ƒe nuwɔwɔ kple ameƒomea me?

13 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste si nye ŋkeke 50 le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe dzi la, wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ ɖe Kristo yomedzelawo ƒe hamea dzi. Wova zu Yehowa ƒe nubabla me tɔ siwo xɔ ɖe Israel mawɔnuteƒea teƒe. (Mateo 21:43; 27:51; Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Gbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe amewo dzi le ŋkeke ma dzi la ɖo kpe edzi be tso ɣemaɣi dzi la, Mawu aɖe eƒe tameɖoɖowo ŋuti nyateƒenyawo afia to ha yeye sia dzi. (Efesotɔwo 3:10) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, woɖo alesi Kristo-hamea awɔ dɔe abe habɔbɔ ene la gɔme anyi.—Korintotɔwo I, 12:27-31; Efesotɔwo 4:11, 12.

14. Aleke nyateƒeadilawo awɔ adze si Kristo-hamea?

14 Egbea la, nyateƒeadilawo ate ŋu adze si Kristotɔ vavãtɔwo ƒe hamea to Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ si nye lɔlɔ̃ si woɖena fiana ɣesiaɣi la me. (Yohanes I, 4: 8, 16) Vavãe, nɔvilɔlɔ̃e nye nusi woatsɔ ade dzesi Kristotɔnyenye vavãtɔ. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃ mi ene.” (Yohanes 13:35; 15:12) Eye Yesu ɖo ŋku edzi na eƒe nyaselawo be: “Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.” (Yohanes 15:14) Eyata Mawu subɔla vavãwoe nye amesiwo nɔa agbe ɖe lɔlɔ̃ ƒe sea nu. Womeƒoa nu le eŋu dzro ko o, elabena “xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui . . . nye nu kuku.”—Yakobo 2:26.

Numekɔkɔ

15. Nuka dzie Mawu subɔlawo ate ŋu aka ɖo?

15 Yesu gblɔe ɖi be ne ɣeyiɣiwo va le yiyim la, woanɔ Mawu ƒe tameɖoɖowo me kɔm na Kristo-hamea. Edo ŋugbe na eyomedzelawo be: “Nyaxɔɖakɔla, gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi.” (Yohanes 14:26) Yesu gblɔ hã be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20) Eyata Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋuti nyateƒenyawo me kɔna ɖe edzi le Mawu subɔlawo dome. Ẽ, “ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.”—Lododowo 4:18.

16. Nukae míaƒe gbɔgbɔmekekelia fiaa mí le afisi míele le Mawu ƒe tameɖoɖowo me ŋu?

16 Egbea la, gbɔgbɔmekekeli ma le keklẽm wu tsã, elabena míele ɣeyiɣi si me Biblia me nyagblɔɖi geɖe le eme vam alo gbɔna eme va ge kpuie la me. Nusiawo fia mí be míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamleawo” me. Esiae nye ɣeyiɣi si woyɔ be “xexeame ƒe nuwuwu” la; Mawu ƒe xexeme yeyea ava ɖe eyome. (Timoteo II, 3:1-5, 13; Mateo 24:3-13) Daniel gblɔ ɖi be eteƒe madidi o Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea “agbã fiaɖuƒe mawo [siwo li fifia la] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

17, 18. Nyagblɔɖi wɔnuku kawoe le eme vam fifia?

17 Nyagblɔɖi siwo le eme vam fifia la dometɔ ɖekae nye esi woŋlɔ ɖe Mateo ta 24, kpukpui 14. Yesu gblɔ le afima be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo kata, eye ekema nuwuwu aɖo.” Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ sia wɔm le anyigba katã dzi. Eye ame akpe alafa geɖe va kpena ɖe wo ŋu ƒe sia ƒe. Esia wɔ ɖeka kple nyagblɔɖi si le Yesaya 2:2, 3 si gblɔ be le xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mlɔeawo me” la, amesiwo tso dukɔ geɖe me ava Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔa me eye ‘wòafia nu wo le eƒe mɔwo ŋu, eye woazɔ eƒe toƒewo.’

18 Ame yeye siawo le zi ƒom ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu “abe alilikpo ene,” abe alesi wogblɔe ɖi le Yesaya ta 60, kpukpui 8 ene. Kpukpui 22 lia gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” Ðaseɖiɖiwo ɖee fia be fifiae nye ɣeyiɣi ma. Eye ame yeyewo ate ŋu aka ɖe edzi be le hadede kple Yehowa Ðasefowo me la yewova ke ɖe Kristo-hame vavãtɔ la ŋu.

19. Nukatae míagblɔ be ame yeye siwo va le ha dem kple Yehowa Ðasefowo le Kristo-hame vavãtɔa me vam?

19 Nukata míate ŋu agblɔ esia kple kakaɖedzi? Elabena ame yeye siawo kple ame miliɔn geɖe siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me xoxo la tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu eye wole eƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Esia bia hã be wonɔ agbe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe sea nu. Esia ƒe ɖaseɖiɖi ɖekae nye be Kristotɔ siawo ‘tsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe, eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.’ (Yesaya 2:4) Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã wɔ esia elabena wolɔ̃a wo nɔewo. Esia fia be womate ŋu atsɔ aʋawɔnu ɖe wo nɔewo alo ame bubu aɖeke ŋu o. Woɖe dzesi le esia gome—womele abe xexemesubɔsubɔhawo ene o. (Yohanes 13:34, 35; Yohanes I, 3:10-12, 15) Womekpɔa gome le dumevinyahehe si hea mamã vɛ me o, elabena wole xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si lɔlɔ̃ si nye “blibonyenye la ƒe nublanu” bla ɖekae la me.—Kolosetɔwo 3:14; Mateo 23:8; Yohanes I, 4:20, 21.

Ame Akpa Gãtɔ Gbe Enyanya

20, 21. Nukatae ameƒomea ƒe akpa gãtɔ le gbɔgbɔmeviviti me? (Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 5:19)

20 Togbɔ be gbɔgbɔmekekelia le keklẽm le Mawu subɔlawo dome hã la, anyigbadzitɔ mamleawo ya le gegem ɖe gbɔgbɔmeviviti si le blukɔ dom ɖe edzi la me. Womenya Yehowa alo eƒe tameɖoɖowo o. Mawu ƒe nyagblɔɖila ƒo nu tso ɣeyiɣi sia ŋu esime wògblɔ be: “Viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo.” (Yesaya 60:2) Esia le alea elabena womeɖea ɖetsɔleme vavãtɔ fiana ɖe nusɔsrɔ̃ tso Mawu ŋu alo ɖea didi be yewoadze eŋu fiana o. Yesu gblɔ be: “Esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la; elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.”—Yohanes 3:19, 20.

21 Amesiawo metsɔ ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyanya me ŋutɔŋutɔ o. Ðe esia teƒe la, wonɔa agbe ɖe woa ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Esi wogbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta, wole afɔku me, elabena eƒe Nya la gblɔ be: “Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.” (Lododowo 28:9) Woakpɔ nusi wotia la me tsonu. Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Migable mia ɖokui o; Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:7.

22. Nuka wɔmee ame geɖe siwo di be yewoanya Mawu la le fifia?

22 Gake ame geɖe li siwo di be yewoanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, wodinɛ le nyateƒe me eye wotena ɖe eŋu. Yakobo 4:8 gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” Yesu gblɔ le amesiawo ŋu be: “Amesi wɔa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.” (Yohanes 3:21) Eye etsɔ me wɔnuku si ƒe tame Mawu ɖo na amesiwo vaa kekelia gbɔ kae nye si! Míadzro mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Nya kawoe ame geɖe gblɔna le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti?

◻ Aleke Yehowa ɖe eɖokui fia be yenye tameɖoɖo ƒe Mawui?

◻ Numekɔkɔ gã kae va le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me?

◻ Aleke míawɔ adze si Kristo-hame vavãtɔ la egbeae?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe