INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/1 axa 17-19
  • Gilead Sukunuwulawo—“Dutanyanyuigblɔla Akuakuawoe Wonye!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gilead Sukunuwulawo—“Dutanyanyuigblɔla Akuakuawoe Wonye!”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu eye Mitso Aseye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/1 axa 17-19

Gilead Sukunuwulawo—“Dutanyanyuigblɔla Akuakuawoe Wonye!”

“AMEKAE nye dutanyanyuigblɔla?” Anye ƒe 40 kloe enye esia si nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe tala bia nya ma. Eŋlɔla gblɔ be dutanyanyuigblɔla akuakuawoe nye amesiwo dzi wotona hea hadomegbenɔnɔ kple ganyawo ƒe tɔtrɔ vɛ. Gake le Kwasiɖagbe, March 5, 1995 dzi, le Yehowa Ðasefowo ƒe Jersey City Takpexɔ me la, ŋuɖoɖo wɔdɔɖeamedzi bubu kurae wona nyabiabia sia. Wɔna ka teƒee? Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua—suku si ɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖe xexeame katã—ƒe klass 98 lia ƒe sukunuwuwu wɔnawo teƒee!

Esi wodzi ha do gbe ɖa tsɔ ʋu enui vɔ la, Albert D. Schroeder si nye Dziɖuha la me tɔ tsɔ vividodoɖeameŋu do dzaa na ame 6,430 siwo katã va la. Le Nɔviŋutsu Schroeder ƒe ŋgɔdonyawo me la, eɖe nusita Gilead Sukua nuwulawo to vovo tso ame bubu siwo hã be mawunyadɔgbedelawoe yewonye la gbɔ la me kɔte. Egblɔ be: “Biblia lae nye Gilead ƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔ.” Mawu ƒe Nya la fialawoe wona hehe Gilead Sukua nuwulawo be woanye, menye be woanye hadomenyawo gbɔkpɔlawo o. Eyata wodze etɔxɛe be woakpɔ dutanyigbadzitɔwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.

Nuƒola siwo va ɖe eyome ƒo nu tso nu bubu siwo me Gilead Sukua nuwulawo ɖoa kpe edzi le be yewonye dutanyanyuigblɔla “akuakuawo” la ŋu. Charles Molohan ƒo nu na wo tso tanya si nye “Miyi Edzi Mianɔ Dutanyanyuigblɔlawo ƒe Ku Nyuiwo Tsem” ŋu. Nɔviŋutsu Molohan zã apostolo Paulo ƒe nya siwo le Kolosetɔwo 1:9, 10 tsɔ ɖo ŋku edzi na sukua nuwulawo be ɣleti atɔ̃ siwo wotsɔ nɔ Gilead la kpe ɖe wo ŋu wotsi ɖe edzi le ‘Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ’ me. Nusia akpe ɖe wo ŋu be woatse ku le mɔ eve nu: le alesi woana Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo nadze le wo ŋu kple alesi woagblɔ Biblia me nyateƒeawo na amewo me.

Dziɖuha la me tɔ Daniel Sydlik kplɔe ɖo kple tanya ɖefuletamee sia be “Mègatsɔ Wò Agbe Ðɔ Li Nanekee O.” Ebia nya si Yesu bia la be: “Nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã?” (Mateo 16:26) Nɔviŋutsu Sydlik gblɔ be: “Ame aɖewo tsɔ woƒe luʋɔ ɖɔ li agbebɔbɔenɔnɔ si me agbeɖuɖu le wu.” Gake amesiwo si xɔse gbagbe le la mate ŋu ana ta le tetekpɔ kple dodokpɔwo me o. Yesu ƒe nyawo le fiafiam be ele be ame nalɔ̃ ‘atsɔ nuwo ana,’ si fia be wòatsɔ wo asa vɔe, bene eƒe asi nasu eƒe luʋɔ, alo agbe, dzi. Ede dzi ƒo na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be woatsɔ wo ɖokui katã, woƒe nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa, le eƒe subɔsubɔdɔa me!

Subɔsubɔdɔ Dzikpɔkɔmiti me tɔ William Van de Wall si kplɔe ɖo la ƒo nu tso tanya si nye “Apostolo Paulo—Kpɔɖeŋu si Dze be Woasrɔ̃e Wònye” ŋu. Nɔviŋutsu Van de Wall ɖe nu me be: “Paulo xɔ ŋgɔ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me vevie le ƒe alafa gbãtɔ me.” Eyata esɔ be eyɔ nu ene siwo me apostolo Paulo ɖo kpɔɖeŋu le na dutanyanyuigblɔlawo egbea: (1) Paulo ƒe ɖetsɔleme vavãtɔ na amewo kple lɔlɔ̃ na wo, (2) eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ memie, (3) gbegbe be yemawɔ ye ɖokui gãe o le eƒe ɖokuibɔbɔ ta, (4) eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe.

“Na Yehowa Nadzro Mewò Kpɔ le Wò Dɔdasi Yeyea Me” ye nye tanya si ŋu Lyman A. Swingle si nye Dziɖuha la me tɔ la ƒo nu tsoe. Nɔviŋutsu Swingle zã gbemagbe ƒe mawunyakpukpui si nye Psalmo 139:16 eye wòlɔ̃ ɖe edzi be dutanyanyuigblɔla yeyeawo ado go kuxiwo le woƒe dɔdasiawo me eye be Yehowa nya alesi wòakpɔ wo gbɔe. Ede dzi ƒo na wo vevie be: “Ne miedo go kuxiwo la, miyi egbɔ, migblɔe nɛ. Midze agbagba mianya nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu.”

John E. Barr si nye Dziɖuha la me tɔ la va ɖe eyome kple nuƒo si ƒe tanyae nye “Miaƒe Xɔse Le Tsitsim Ðe Edzi Ŋutɔ.” (Tesalonikatɔwo II, 1:3) Míexlẽ le Luka 17:1 be Yesu gblɔ be: “Womate ŋu axe mɔ na nuɖiaɖiawo ƒe vava o.” Dutanyanyuigblɔla aɖewo na wo nɔvi dutanyanyuigblɔla bubuwo ƒe nuwɔna zu nukikli na wo. Gake Nɔviŋutsu Barr de dzi ƒo na dutanyanyuigblɔlawo be xɔse si hiã be wòakpe ɖe wo ŋu be woate ŋu atsɔ ake la nanɔ wo si. Le nyateƒe me, nya siawo ŋue wòku ɖo esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bia be: “Na míaƒe xɔse nadzi ɖe edzi.” (Luka 17:2-5) Ðoɖowɔwɔ ɖe dɔa ŋu ƒe tɔtrɔ vovovo siwo woawɔ hã ate ŋu ado dutanyanyuigblɔlawo ƒe xɔse akpɔ. Nɔviŋutsu Barr bia be: “Ðe xɔse le mía si be míaxɔ woa, alo ɖe woazu kuxi siwo le abe to ene na mí?”

Gilead nufiala eve ƒe nuxlɔ̃amenyawoe gakplɔe ɖo. Jack Redford de dzi ƒo na sukunuwulawo be woana kakaɖedzi ƒe nɔnɔme nanɔ wo si. Egblɔ dutanyanyuigblɔla aɖe si ɖe asi le eƒe dɔdasi ŋu le nɔvia dutanyanyuigblɔla bubuwo ƒe fewuɖuɖu le eŋu ta ŋu nya. Gake Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míaganɔ dziku dzodzro kpɔm o. (Nyagblɔla 7:9) Exlɔ̃ nu wo vevie be: “Mina nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mia si. Mitsɔ mia nɔviwo ƒe vodada kple blibomademadewo ke wo.”

Emegbe U. V. Glass, Gilead Sukua ƒe ŋkɔŋlɔla bia be: “Ðe miele klalo be miadze ŋgɔ ‘ɣeyiɣi kple nuɖiɖeamewoa’”? (Nyagblɔla 9:11) Nɔviŋutsu Glass gblɔ be “tɔtrɔwo vana le míaƒe agbenɔnɔ me ɣesiaɣi, eye ɖewo ate ŋu ave ame vevie.” Lãmegbɔdzɔgbɔdzɔ, dɔléle, kple ƒomekuxiwo va tu dunyanyuigblɔla aɖewo kpata si wɔe be ɖeko wòle be wo dometɔ aɖewo naɖe asi le woƒe dɔa ŋu. Nɔviŋutsu Glass gblɔ be: “Eɖanye nuɖiɖeame kae o, míenya be Yehowa nya eye wòtsɔ ɖe le eme na mí. Ne míeɖo ŋu ɖe eŋu la, míaɖu dzi!”

Nuƒo si ƒe tanyae nye “Woɖe Wo Ðe Vovo na Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Wɔwɔ” ye wotsɔ ƒo ŋdi me wɔnawo tae. Theodore Jaracz si nye Dziɖuha la me tɔ ɖo nya si míebia le nyati sia ƒe gɔmedzedze be “Amekae nye dutanyanyuigblɔla?” la ŋu. Edzro Dɔwɔwɔwo ta 13 kple 14 me siwo ƒo nu tso Paulo kple Barnaba ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ŋu tsɔ ɖo eŋui. Edze kɔte be menye hadomekuxiwo gbɔkpɔkpɔ ŋue dɔ ma ku ɖo o, ke boŋ ‘nyanyuia gbɔgblɔ’ ŋue. (Dɔwɔwɔwo 13:32) Nɔviŋutsu Jaracz bia be: “Miawo hã miekpɔe be Paulo kple Barnaba ɖe amesi wòle be dutanyanyuigblɔla akuakuawo nanye la fia oa?” Azɔ wobia tso dutanyanyuigblɔla si kpɔ nuteƒe Robert Tracy si tso Mexico si be wòagblɔ eƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖewo.

Ŋdia me ƒe wɔnawo wu enu esi Nɔviŋutsu Schroeder mã ɖaseɖigbalẽwo na sukunuwula 48 la. Edzɔ dzi na nyaselawo ŋutɔ be woase dukɔ 21 siwo me wode dɔ asi na dutanyanyuigblɔlawo be woayi: Barbados, Benin, Bolivia, Central African Republic, Costa Rica, Côte d’Ivoire, Ecuador, Equatorial Guinea, Estonia, Guinea-Bissau, Honduras, Latvia, Leeward Islands, Mauritius, Mozambique, Nicaragua, Paraguay, Peru, Senegal, Taiwan, kple Venezuela.

Esi wokpã va ɖu ŋdɔnu vɔ la, nyaselawo gava kpe ta ake na Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ ʋãme aɖe si dzi Robert P. Johnson si le Subɔsubɔdɔa Dzikpɔƒe la kpɔ. Klass 98 lia ƒe sukunuwulawoe ɖo biabiaawo ŋu. Le esia megbe la, Gilead nufialawo ƒe gbebiabia sukuviawo dodzidzɔname aɖe kplɔe ɖo. Esi nyaselawo se sukunuwulawo ƒe gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo kple alesi wose le wo ɖokui me ɖe woƒe dutadɔdasiwo ŋui la, ede dzi ƒo na wo ŋutɔ.

Gilead Sukua nɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si le Wallkill, New York, ƒe ade kple afã. Gake le April 1995 me la, woʋu sukua yi Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe yeye si le Patterson, New York. Aleke Wallkill Betel ƒomea se le wo ɖokui me le tɔtrɔ sia ŋu? Le sukunuwuwu sia me la, wobia gbe amesiwo tso Wallkill dometɔ geɖewo. Edze ƒã le woƒe nyaŋuɖoɖo ʋãmewo me be Gilead Sukuviawo wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ si womaŋlɔ be akpɔ o. Edze ƒã be ŋutsu kple nyɔnu siawo siwo tsɔ wo ɖokui na faa la nye dutanyanyuigblɔla akuakuawo—wobɔbɔa wo ɖokui, wotsɔa wo ɖokui saa vɔe, eye wotsia dzi ɖe kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu vevie.

Esi sukunuwuwu ƒe wɔnawo wu enu la, kakaɖedzi nɔ vavalawo katã si be Gilead Sukua ayi edzi anɔ dzidzedze kpɔm le dɔ si wòwɔ ƒe 50 kple edzivɔwo la me—anɔ hehe nam dutanyanyuigblɔla akuakuawo!

[Aɖaka si le axa 18]

Sukuviawo Ŋuti Nyatakaka:

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 8

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 21

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Ƒe si woxɔ le mamã dedie nu: 32.72

Ƒe si wole nyateƒea me le mamã dedie nu: 15.48

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo ƒe mamã dedie: 10.91

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukunuwulawo ƒe Klass 98 Lia

Le amesiwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe ete me la, woyɔ fliawo ƒe xexlẽdzesiwo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusimee le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Eszlinger, A.; Mann, T.; Rivera, G.; Baruero, M.; Vaz, M.; Durga, K.; Silweryx H.; Alvarado, D. (2) Toth, B.; Segarra, S.; Hart, R.; Rooryck, I.; Escobar, P.; Ejstrup, J.; Sligh, L.; Rivera, E. (3) Archard, D.; Snaith, S.; Marciel, P.; Koljonen, D.; Waddell, S.; Blackburn, L.; Escobar, M.; Archard, K. (4) Hart, M.; Toth, S.; Koljonen, J.; Bergman, H.; Mann, D.; Blackburn, J.; Park, D.; Vaz, F. (5) Segarra, S.; Sligh, L.; Leslie, L.; Bergman, B.; Baruero, W.; Alvarado, J.; Leslie, D.; Park, D. (6) Silweryx, K.; Eszlinger, R.; Waddell, J.; Snaith, K.; Durga, A.; Rooryck, F.; Ejstrup, C.; Marciel, D.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe