Dɔwɔnu Yeye si Akpe Ðe Amewo Ŋu Woasrɔ̃ Mawu ƒe Nudidiwo
“ALESI egɔmesese le bɔbɔe, wòle tẽ, eye wònya se la ana nu geɖe nado tso eme wu alesi míebu. Nyatiawo me nyawo mesesẽ kura o eye wovivi ale gbegbe be aʋã anukwaretɔ ɖesiaɖe si di be yeasrɔ̃ nu wòagblɔ be, ‘Mawu le mia dome vavã.’ ” (Korintotɔwo I, 14:25) Nenemae Yehowa Ðasefo aɖe si tso Thailand gblɔ esi wònɔ nu ƒom tso agbalẽ gbadza yeye si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ŋu. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ye ɖee ɖe go le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le ƒe 1996/97 me.
Wotrɔ asi le axa 32 ƒe agbalẽ gbadza dzeani sia ŋu wònye Biblia-srɔ̃gbalẽ. Eƒo nu tso Biblia me nufiafia veviwo ŋu. Wogblɔ nyawo wo me kɔ hele tẽ, eye eɖe nusi Mawu di tso mía si me nyuie. Egɔmesese masesẽ na exlẽlawo kura o. Aleke nàtsɔ agbalẽ gbadza yeye sia awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃e?
Zã nyabiabiaawo. Biabiawo le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze. Àkpɔ memamã siwo me ŋuɖoɖoawo le ƒe xexlẽdzesiwo le kpɔtɔtɔ me kplɔ biabia ɖesiaɖe ɖo. Woate ŋu abia nya siawo do ŋgɔ na memamãwo xexlẽ kple le numetoto me atsɔ afia nui. Le kpɔɖeŋu me, le aƒeme Biblia sɔsrɔ̃ ƒe gɔmedzedze la, àte ŋu abia nyaawo nusrɔ̃via be wòagblɔ eƒe susu. Le esi teƒe be nàɖɔ ŋuɖoɖo siwo mesɔ o ɖo enumake la, miate ŋu ayi nusɔsrɔ̃a dzi. Le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, àgate ŋu atrɔ ɖe biabiaawo ŋu akpɔe ɖa ne fifia nusrɔ̃via ate ŋu aɖo wo ŋu wòawɔ ɖeka kple Biblia.
Mixlẽ ŋɔŋlɔawo. Le nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe me la, wotsɔ ŋɔŋlɔwo ɖo kpe Biblia me nyateƒe si wogblɔ kpuie la dzi. Esi womeŋlɔ mawunyakpukpui siwo woyɔ la ƒe akpa gãtɔ me nyawo ɖe eme o ta la, ele vevie be nàde dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ mawunyakpukpui siawo le ye ŋutɔ ƒe Biblia me. Ele be wòaxlẽ Mawu ƒe Nya ahade ŋugble le eŋu hafi ate ŋu atsɔe awɔ dɔe le agbe me.—Yosua 1:8.
Ƒo nu tso nɔnɔmetataawo ŋu. Wotsɔ fotowo kple nɔnɔmetatawo wɔ nyawo ƒe kpɔɖeŋu nyuie le agbalẽ gbadza la me—ye katã wu nutata 50. Menye ɖe wota nusiawo be wòanya kpɔ ko o ke be woatsɔ wo afia nu hã. Le kpɔɖeŋu me, nusɔsrɔ̃ eve mamlɛawo (ɖesiaɖe le axa siwo dze ŋgɔ wo nɔewo ƒe ɖeka dzi) ƒe tanya enye “Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu” kple “Wò Nyametsotso be Yeasubɔ Mawu.” Foto siwo le axa eveawo dzi ƒo nu tso ame aɖe ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu, eye woɖe ame ma ke fia wòle vome ɖase ɖim, wòle aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm, ele adzɔgbe ɖem, eye mlɔeba wòle nyɔnyrɔ xɔm. Ne èhe nusrɔ̃via ƒe susu yi nɔnɔmetata siawo dzi la, àkpe ɖe eŋu wòakpɔ afɔɖeɖe siwo hiã ale be wòasubɔ Mawu.
Ke ne ɖetsɔlemetɔ aɖe mexlẽa nu nyuie o alo mete ŋu xlẽa nu kura o ya ɖe? Habɔbɔa le agbalẽ gbadza yeye sia ƒe kasɛt wɔm le gbegbɔgblɔ aɖewo me. Agbalẽ gbadza la me nyawo kple mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ geɖe le kasɛt la dzi. Alesi wolé emenyawo ɖi enye si: Woxlẽ nyabiabia gbãtɔ, memamã si (alo siwo) me ŋuɖoɖoa le kple mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ aɖewo kplɔe ɖo. Emegbe woxlẽ nyabiabia si kplɔe ɖo, memamãa kple mawunyakpukpuiawo kplɔe ɖo, eye nenemae mamlɛawo katã le. Nusrɔ̃via ate ŋu aɖo to nya siwo wolé ɖi la ne ele dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Woate ŋu azã kasɛt la le nusɔsrɔ̃a wɔɣi hã.
Amesiwo de takpekpea di vevie be yewoazã agbalẽ gbadza sia le yewoƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Le kpɔɖeŋu me, esime mɔɖela eve (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo) siwo tso United States xɔ agbalẽ gbadza la ŋkeke eve ko megbe la, wona ɖe atsu kple asi siwo nye sɔhɛ siwo gbɔ wonɔ yiyim. Esi atsu kple asia kpɔ afisi emenyawo le la, nusɔsrɔ̃ si nye “Nuwɔna Siwo Mawu Lé Fui” la he woƒe susu. Ðetugbia gblɔ be: “Wofiam ɣesiaɣi be Mawu meléa fu ame o—elɔ̃ amesiame. Esiae maxlẽ gbã.” Esi mɔɖela eveawo gatrɔ yi le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, ɖetugbia gblɔ be: “Menɔ agbalẽ gbadza yeye la xlẽm. Nusiwo katã wòle be míawɔ la wɔwɔ sesẽ ŋutɔ. Yehowa mekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu o—míeɖe mía nɔewo o. Gake míewɔ nyametsotso aɖe. Míewɔ ɖoɖo be míaɖe mía nɔewo Fiɖa si gbɔna.” Esi wokpla asi kɔ na mɔɖela siwo nye srɔ̃tɔwo la, wogblɔ be: “Míeɖe kuku ɖe alesi míesrɔ̃a nu edziedzi o la ta, gake esia na agba gã aɖe do le mía dzi.”
To mɔ sia mɔ nu nàzã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la. Enye dɔwɔnu nyui aɖe si woatsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu woasrɔ̃ Mawu ƒe nudidiwo.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Aleke nàzã agbalẽ gbadza yeye lae?