Ðe Nètsɔa Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza Dzea Nusɔsrɔ̃ Gɔmea?
1 Ède dzesii be ne èwɔa Biblia numedzodzro edziedzi ɖe ɖoɖo nu kple ɖetsɔlemetɔ aɖe, togbɔ be anɔ kpuie hã, eye miedzroa agbalẽ siwo wotia dometɔ aɖe me nyati aɖe me la, ekema èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔma? Nenemae wòle ne ʋɔtru nu alo telefon dzie miewɔ nusɔsrɔ̃a le gɔ̃ hã. Nukata màdze agbagba etɔxɛe le May kple June me adze nusɔsrɔ̃ ma tɔgbe gɔme to Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza zazã me o?
2 Dzra Ðo Nàwɔe Dzidzedzetɔe: Ne èle Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza nam la, nya nyati si ŋu nèdi be yeaƒo nu le nyuie le susu me. Ne èle tɔtrɔyi wɔm la, bu dze si nèɖo kple aƒemenɔlaa esi nèke ɖe eŋu zi gbãtɔ ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Agbalẽ gbadzaa ƒe memama kawo ŋu mate ŋu aƒo nu le wòatsiã ɖe dzeɖoɖo ma nu atsɔ aɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi?’ Ne tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔmee nèle la, de ŋugble le nyati siwo alé dzi na ƒewuivi, ame tsitsi, ŋutsu, alo nyɔnu ŋu. Dzro agbalẽ gbadzaa ƒe tanyawo me, eye nàtia nyati si anyɔ ɖetsɔleme. Ne ètia mɔnu si nèdi be yeazã vɔ la, to eme zi geɖe. Mɔ siwo dzi nàto akpɔ dzidzedze dometɔ ɖekae nye sia.
3 January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia na ‘Nya Siwo Míagblɔ Atsɔ Ana Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza La’ ŋuti ɖaŋuɖoɖo enyi. Aɖaka si nye “Yi Nyaa Gbɔ Tẽ” fia alesi woawɔ agbalẽ gbadzaa ŋudɔ atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee. Àte ŋu atrɔ aɖaŋuɖoɖo gbãtɔ ale:
◼ “Ènya be àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na Biblia me nyabiabia vevi aɖe le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko mea? Le kpɔɖeŋu me, nukatae subɔsubɔha gbogbo aɖewo li siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye? Ède ŋugble le ema ŋu kpɔa?” Ne amea ɖo eŋu vɔ la, trɔ ɖe nusɔsrɔ̃ 13 lia ŋu eye nàdzro memama gbãtɔ eveawo me. Le alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe nu la, xlẽ mawunyakpukpui ɖeka alo eve eye nàdzro eme kplii. Emegbe xlẽ biabia mamlɛtɔ le axa ma tame eye nàgblɔ be: “Nusɔsrɔ̃a ƒe akpa susɔea dzro nusiwo de dzesi subɔsubɔha vavãtɔ dometɔ atɔ̃ me. Ado dzidzɔ nam be matrɔ va ne míadzro wo me.”
4 Wɔe Ɣesiaɣi: Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ nàtsɔ afia alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me. Bia Yehowa ƒe yayra. (Mat. 21:22) To wò agbagbadzedze ɣesiaɣi me la, dzidzɔ si le kpekpeɖeŋu nana ame aɖe be wòaxɔ nyanyuia me ate ŋu asu asiwò!