Kpe Ðe Ame Makpɔnuteƒewo Ŋu be Woase Nuwo Gɔme
1 Míetoa nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa dzi fiaa nu ame bubuwo be woanya nusi Mawu di tso wo si. (Mat. 28:19, 20) Ðasefo miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ le agbagba gã aɖe dzem le xexeame godoo be yewoawɔ nu ma. Menye gaƒoƒo agbɔsɔsɔme si míezã, agbalẽ siwo míena, alo Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo gɔme míedze ye míetsɔ dzidzea míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ o. Míeɖoa míaƒe taɖodzinua gbɔ ne amewo se nusi wosrɔ̃ gɔme eye wowɔ ɖe wo dzi.
2 Kpekpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me bia be ‘míana amesiwo mekpɔ nuteƒe o la nase nu gɔme.’ (Ps. 119:130) Ne amewo ‘se nu gɔme’ ko hafi wòawɔ dɔ ɖe wo dzi eye wòaʋã wo. (Mat. 15:10) Esi míaƒe dɔa le ta kekem eye wòle sesẽm ɖe edzi la, míeva le ekpɔm dze sii geɖe wu be ehiã be míaƒo nu ahafia nu le mɔ si le bɔbɔe nu. Susu ma tae Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ɖo. Enye nusɔsrɔ̃ mɔnu si keke ta eye eƒo nu tso Biblia me nufiafia veviwo ŋu. Nusɔsrɔ̃awo le kpuie, emenyawo mesesẽ o, eye mɔfiameawo gɔmesese le bɔbɔe, esi wɔe be agbalẽ gbadza la nyoa ame geɖe ŋu.
3 Míana agbalẽ gbadza sia kpe ɖe magazine nudɔdɔwɔwɔ ŋu le April kple May me. Míele aɖaŋu ɖom be ne èle ɖoɖo wɔm ɖe wò kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋu la, nàwɔ ɖoɖo be yeana magazinewo le Memleɖagbewo gake nàna agbalẽ gbadza la le wò subɔsubɔdɔa me le kwasiɖaŋkeke mamlɛawo dzi. Tsɔ agbalẽ gbadza la yi na amesiwo lɔ̃ xɔ agbalẽwo va yi. Ðo ŋku edzi be anyo ŋutɔ be woatsɔe afia nu ɖeviwo, amesiwo gblɔa gbe bubu, kple amesiwo menya nuxexlẽ tututu o.
4 Zã Dzeɖonya Bɔbɔe Aɖe: Ne èle Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nam la, he susu yi axa 2 lia dzi, afisi wògblɔ le be “wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu be wòanye Biblia-srɔ̃gbalẽ.” Tɔ asi memamã 3 lia si le axa 3 dzi nàtsɔ afia nusita wòhiã be amea nasrɔ̃ Biblia lae. Zã nusɔsrɔ̃ aɖewo ƒe tanya siwo ɖe Biblia ƒe nyateƒe siwo me kɔ la me nàtsɔ anyɔ eƒe ɖetsɔlemee. Wɔ alesi agbalẽ gbadza sia naa nusɔsrɔ̃ vivinae la fiae, eye nàgblɔ nɛ be ye ŋutɔ yeakpe ɖe eŋu.
5 Wɔ Nusɔsrɔ̃ si Yia Ŋgɔ: Míaƒe taɖodzinu menye nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ ɖeɖeko o—míedi be míawɔ nusrɔ̃la siwo azu ame likewo akpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Woate ŋu awu agbalẽ gbadza la nu le kwasiɖa ʋee aɖewo ko me eye woatsyia Sidzedze-gbalẽa sɔsrɔ̃ ɖe enu tẽ. (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ si le axa 31.) Tso gɔmedzedzea me ko la, kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòade dzesi Yehowa ƒe habɔbɔa. (Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 283-4.) Te gbe ɖe hamea ƒe kpekpewo dede ƒe asixɔxɔ dzi eye nàɖe eme nɛ be wo dede nana wosea nya geɖe gɔme le alesi woade ta agu le mɔ vavãtɔ nu ŋu.—Heb. 10:24, 25.
6 Godoo la, míakpɔ dzidzɔ si tsoa kpekpe ɖe anukwaretɔwo ŋu be ‘woaƒle gɔmesese’ si kplɔa ame yia agbe me ne míekpɔ gome le dɔ tɔxɛ sia me bliboe le April kple May me.—Lod. 4:5.