INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/97 axa 1
  • Ame Gbogbo Aɖewo Va le Mía Kpem

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Gbogbo Aɖewo Va le Mía Kpem
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mí Katã Míate Ŋu Akpɔ Gome Le Nusrɔ̃la Yeyewo Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • April—Enye ‘Agbagbadzedze Kple Kutrikuku’ ƒe Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Minɔ “Mia Nɔewo Tum Ðo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 4/97 axa 1

Ame Gbogbo Aɖewo Va le Mía Kpem

1 Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, alesi Kristo-hamea le dzidzim ɖe edzi egbea ɖe dzesi. (Dɔw. 2:41; 4:4) Nusrɔ̃la yeye 366,579 ye wonyrɔ le ƒe si va yi me, si nye ame 1,000 kple edzivɔ gbesiagbe le mamã dedie nu! Wonyrɔ amesiwo sɔ gbɔ wu miliɔn ɖeka le ƒe etɔ̃ siwo va yi me. Yehowa tsɔ xɔsetɔ gbogbo aɖewo le mía kpem vavã.—Dɔw. 5:14.

2 Ame yeye geɖe siwo si nuteƒekpɔkpɔ mesu le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ gome o la hiã kpekpeɖeŋu kple hehe tso amesiwo sẽŋu le xɔse me la gbɔ. (Rom. 15:1) Ame aɖewo nɔ Kristotɔ gbãtɔwo dome siwo do kpo “[ŋgɔgbedede] ate ɖe blibonyenye ŋuti,” togbɔ be woxɔ nyɔnyrɔ ƒe geɖe hã. (Heb. 5:12; 6:1) Susu ma tae esi Paulo ŋlɔ agbalẽ na Hebritɔwo la, etɔ asi go siwo me wòhiã le be Kristotɔwo natsi le gbɔgbɔ me la dzi. Woawoe nye kawo, eye aleke woate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã lae?

3 Nusɔsrɔ̃ ƒe Nɔnɔme Nyuiwo Sɔsrɔ̃: Le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe mɔfiamea la, nusiwo ana woanye nusrɔ̃vi nyui la dometɔ aɖewoe nye nusɔsrɔ̃ veviedodotɔe, numetoto, kple “nuɖuɖu sesẽ” si Yehowa ƒe habɔbɔa nana la ŋudɔwɔwɔ. (Heb. 5:13, 14; kpɔ August 15, 1993, Gbetakpɔxɔ, axa 12-17.) To gbɔgbɔ me dzewo ɖoɖo kple xɔsetɔ yeyewo kpakple nyateƒe xɔasi siwo ŋu nèke ɖo le wò ŋutɔ ƒe numekuku me gbɔgblɔ na wo me la, ɖewohĩ àʋã wo be nusɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui nasu wo si. Ðewohĩ ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu akpe ame yeye aɖe be wòava wɔ ɖeka kpli ye le yeƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo ƒomenusɔsrɔ̃ me.

4 Kpekpewo Dede Edziedzi: Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si nèɖo kple dzideƒonya siwo nàgblɔ lɔlɔ̃tɔe akpe ɖe hamea me tɔ yeyewo ŋu be woaƒo asa na kuxi bubu si ŋu Paulo ƒo nu tsoe—“alesi ame aɖewo wɔna” be wotsoa Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me. (Heb. 10:24, 25) Kpe ɖe wo ŋu woadze sii be kpekpewo dede ye nye gbɔgbɔ me agbetakpɔnu si le wo kple hamea dome. Xɔ ŋgɔ nàna woase le wo ɖokui me be yewo nye míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo.

5 Tete Ðe Yehowa Ŋu Kple Kakaɖedzi: Hafi míate ŋu aɖu ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple ame ŋutɔ ƒe vodadawo dzi la, ele be míayi Yehowa gbɔ le gbedodoɖa me, agblɔ míaƒe dzimesusuwo kple nya ɣaɣla veviwo nɛ. Ele be ame yeyewo nanyae be ne woƒoa koko na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu abe alesi Paulo de dzi ƒoe ene la, womakli nu o. (Heb. 4:15, 16; 10:22) Ne ègblɔ wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo na ame yeye aɖe le go sia me la, ado ŋusẽe wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be enye amesi sea gbedodoɖa siwo tso dzi me.

6 Ɣeyiɣi Ðoɖo Ði na Gbeadzisubɔsubɔdɔa: Paulo fia hã be ne ‘míetsɔa kafukafuvɔsa naa Mawu ɣesiaɣi’ la, edoa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. (Heb. 13:15) Ðe nàte ŋu amia asi gbeƒãɖela yeye aɖe be wòava wɔ ɖeka kpli ye le yeƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ mea? Ðewohĩ mi ame evea miate ŋu atrɔ asi le miaƒe dzeɖonya aɖewo ŋu alo miadzro gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akpa si ame yeyea mete kpɔ haɖe o la me.

7 Ame gbogbo siwo va le mía kpem nye nusi doa dzidzɔ na mí ale gbegbe. Mía ɖokui tsɔtsɔna be míana hehe hamea me tɔ yeyewo ahaxlɔ̃ nu wo akpe ɖe wo ŋu be xɔse sẽŋu si hiã “hena luʋɔ xɔxɔ” nasu wo si.—Heb. 3:12, 13; 10:39.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe