INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 6/15 axa 25-26
  • ‘Edzrom Vevie be Manya Nu Geɖe’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Edzrom Vevie be Manya Nu Geɖe’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya si Gɔme Nya Se
  • Wɔla La Nyanya Ðe Edzi Nyuie
  • Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Wɔwòla—Nya Amesi Ƒomevi Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu le Ame Vevitɔ Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Yehowa Ye Nye Mía Wɔla
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 6/15 axa 25-26

‘Edzrom Vevie be Manya Nu Geɖe’

“Nyemenya aleke magblɔ dzidzɔ kple didi vevie si yɔ menye esi menɔ Is There a Creator Who Cares About You? ƒe agbalẽa xlẽm o. Enyɔa dzodzro ɖe ame me—ao, ɖe wòdea didi ame me boŋ—be yeanya nu geɖe. Akpe na mi be miede dzodzro vevie nye dzi kple susu me be manya nu geɖe.”

NENEMAE Yehowa Dasefo aɖe si tso North Carolina, U.S.A., se le eɖokui me tso agbalẽ yeye si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖe ɖe go le “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le ƒe 1998 kple 1999 me. Ne agbalẽa mele asiwò o hã la, wò ya se nya bubu siwo amewo gblɔ le eŋu ɖa.

Esi ŋutsu aɖe xɔ ɖeka le takpekpe aɖe me le San Diego, California, U.S.A., ŋkeke aɖewo megbe la, eŋlɔ bena: “Meva le ekpɔm be agbalẽ sia doa ŋusẽ xɔse ŋutɔ. Ena nye dzi yɔ fũ kple ŋudzedzekpɔkpɔ deto na Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo. Meɖo axa 98 fifia eye ate ɖe dzinye ne mewu exexlẽ enu! Edoa dzidzɔ na ame ŋutɔ.”

Nyɔnu aɖe si tso Ɣedzeƒenyigba dzi ŋlɔ be: “Takpekpea me nuƒola zã nyagbɔgblɔ ‘agbalẽ tɔxɛ,’ eye nyagbɔgblɔ ma sɔ na agbalẽa me nyawo ŋutɔŋutɔ. Nusi ɖe dzesi etɔxɛ le agbalẽa ŋu enye be mezii ɖe exlẽla dzi be wòaxɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi ase o, ke boŋ eɖe nyateƒenyaawo fia.”

Nyateƒenyaawo ƒe ɖewoe nye nu dodzidzɔname siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo le xexeame, agbe, kple mía ŋutɔwo ŋu. Esia wɔ dɔ ɖe ame geɖewo dzi. Nyɔnu aɖe si tso California ŋlɔe be: “Nyemate ŋu agblɔ alesi gbegbe agbalẽvi sia kpɔ ŋusẽ ɖe dzinyee o. Nyemete ŋu da agbalẽa ɖi o esi eƒe axa ɖesiaɖe ƒo nu tso nu geɖe siwo ŋu woke ɖo le míaƒe xexeame kple agbe ŋutɔ ŋu ta. Mesrɔ̃ nu geɖe ŋutɔ! Made asixɔxɔ agbalẽvi sia ŋu eye maƒo nu tso eŋu na ame geɖe alesi mate ŋui.”

Eƒe akpa si do dzidzɔ na ame geɖe enye alesi agbalẽa to Biblia me nya veviwo ɖe eme hete gbe ɖe Wɔla la ƒe amenyenye dzi. Ame geɖe gblɔ nya sia tɔgbe be: “Nusi dze le Biblia bliboa ŋu si wogblɔ ɖe agbalẽa ƒe nuwuwu lɔƒoe nye nyuitɔ kekeake mexlẽ kpɔ.” Le takpekpe gbãtɔ siwo wowɔ le New York, U.S.A., dometɔ ɖeka ƒe nuwuwu teti ko la, ame bubu ŋlɔ bena: “Edze abe agbalẽ yeye si mieɖe ɖe goe nye esi ɖe kpe wu ɖesiaɖe si mieta kpɔ ene. Dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzi siwo ɖee fia be Wɔla aɖe li la lé dzi nam ŋutɔ. Alesi woto Biblia ɖe eme ɖeɖe dzaa sɔ gbɔ woatsɔ aɖe nya si gblɔm wole me eye wòana ame nadi be yeagaxlẽ nua ayi ŋgɔ.”

Dzɔdzɔmeŋutinunya si Gɔme Nya Se

Adze abe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyatakaka siwo le agbalẽa ƒe ta gbãtɔwo me la gɔmesese sesẽ ene, gake nya siwo ame geɖewo gblɔ tso eŋu enye si.

Canada ŋutsu aɖe ŋlɔ be: “Vovototo gã ka gbegbee nye esi le agbalẽ sia kple dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽ siwo ŋlɔlawo dzea agbagba be yewoazã nya gãgãwo atsɔ afia be yewonya agbalẽ la domee. Miaƒe nunyanya ɖe dzesi le esi miena wònɔ bɔbɔe na mí ŋutɔ be míete ŋu se dzɔdzɔmeŋusẽŋununya, atikeŋutinunya, domenyiŋusẽ, amadedefianu, kple bubuawo gɔme. Ade dzinye ŋutɔ ne miawoe ŋlɔ yunivɛsiti nusrɔ̃gbalẽ siwo mesrɔ̃ ƒe aɖewo nye si va yi!”

Yunivɛsiti nufialagã aɖe si fiaa nu le dzɔdzɔmeŋusẽ ŋu ŋlɔ be: “Egblɔ nya veviawo ŋutɔ fia, eye wometsɔ nya siwo na wòsesẽna be woase egɔme la tɔtɔe o. Agbalẽa na nuxlẽla dea ŋugble eye wòyɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala deŋgɔ geɖe ƒe nyawo. Agbalẽ siae ‘wòle be’ amesiame si di be yeanya nu tso xexeame kple agbe ŋu naxlẽ, eɖanye dzɔdzɔmeŋutinunyalae amea nye loo alo ame bubu ɖesiaɖe o.”

Ðetugbi aɖe si le dɔnɔdzikpɔdɔ srɔ̃m gblɔ be: “Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi meʋu agbalẽa ƒe ta 4 lia eye mekpɔ be woyɔ nya tso agbalẽ si zãm míele le suku la me! Metsɔ agbalẽa na míaƒe nufialagã eye megblɔ nɛ be menya be eme nyawo ado dzidzɔ nɛ. Metsɔ axa 54 si ƒo nu tso susua ŋu fiae. Exlẽe eye wògblɔ be: ‘Enyo ŋutɔ! Maxlẽe ayi ŋgɔe.’”

Belgium-sewɔtakpekpemetɔ aɖe ŋlɔ be: “Nusi ʋãm hewɔ dɔ ɖe dzinyee nye dzɔdzɔmeŋutinunya me nya siwo wotsɔ ɖo kpe edzi be egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya metsi tre ɖe mawuɖekadzixɔse si Biblia fia ŋu o ke ɖe wòwɔ ɖeka kplii boŋ. Nukpɔsusu sia sɔ ŋutɔ.”

Wɔla La Nyanya Ðe Edzi Nyuie

Agbalẽa kpe ɖe amewo ŋu le dukɔ geɖe me wonya Mawu ɖe edzi nyuie eye ena wo kplii dome va le kplikplikpli wu. Exlẽla aɖe si le Fukuoka City le Japan, gblɔ be: “Ðeko wòwɔ abe ɖe míele Yehowa kpɔm tututu zi gbãtɔ ene. Agbalẽa ƒe numeɖeɖe wɔ nuku ŋutɔ. Meva dze si Yehowa le mɔ si nyemesusu kpɔ vaseɖe fifia o nu.” El Salvadortɔ aɖe ŋlɔ be: “Miena eme kɔ nyuie be Mawu nye nublanuikpɔla, amenuvela, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ. Nyateƒee, esia tututu míehiã ale be mía kple eya kpakple Via dome nanɔ kplikplikpli wu. Enye agbãle gbãtɔ si ɖe Yehowa ƒe nukpɔsusu kple amegbetɔwo ƒe seselelãme si le Via, Yesu, me fia.” Eye ame aɖe si xlẽ agbalẽa le Zambia gblɔ be: “Gɔmesese yeye kura va su asinye le Yehowa ŋu.”

Eme kɔ be edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoana Is There a Creator Who Cares About You? ƒe agbalẽa ame bubuwo. Ame aɖe gblɔ be: “Esi mewu ta ewolia [“Ne Wɔla la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí la, Nukatae Fukpekpe Li Alea Gbegbe Ðo?”] xexlẽ nu la, ɖeko medo ɣli be: ‘Agbalẽ sia tututue míehiã le Japan!’ Medi be mawɔ nya siwo le ta sia me tɔnye koŋ eye mazãe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me zi geɖe.” Nyɔnu bubu aɖe le Biblia srɔ̃m kple nyɔnuvi aɖe si wonyi le gbedoxɔ si me fofoa nye nunɔla le me. “Esesẽ nɛ be wòaxɔ Wɔla la ƒe anyinɔnɔ dzi ase. Womete tɔ ɖe nya aɖeke dzi le agbalẽa ƒe numeɖeɖewo me o, gake wona nyateƒeawo dze, eyata mebui be Buddhatɔwo gɔ̃ hã alɔ̃ axlẽe. Egana Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gadzena na mí wu.”

Ame aɖe ŋlɔ tso England le agbalẽa ŋu be: “Ðeko mewu Creator-gbalẽa xexlẽ nu enye esia eye megale egɔme dze ge kpuie. Agbalẽ wɔdɔɖeamedzi kae nye si! Exexlẽ ana ame nalɔ̃ Yehowa godoo. Metsɔ ɖeka na nye aƒelika, eye esi wòxlẽ ta eve pɛ ko vɔ la, egblɔ be, ‘Nyemete ŋu dae ɖi o, elabena eme nyawo do dzidzɔ nam ŋutɔ.’ Meka ɖe edzi be esia akpe ɖe amewo ŋu woadze si eye woalɔ̃ mía Wɔla Wɔnuku la.”

Ŋutsu aɖe si le Maryland, U.S.A., gblɔ be: “Ewɔ dɔ ɖe nye gbɔgbɔmenyenye dzi vevie! Meɖoe be mana ɖeka amesiame si mewɔa dɔ kplii. Esesẽna nam ɣeaɖewoɣi be madze ɖaseɖiɖi na agbalẽnyala siawo tɔgbe siwo ŋu vovo mele kura o la gɔme. Agbalẽ sia awɔe be wòanɔ bɔbɔe nam be mate ŋu ate ɖe amewo ŋu le mɔ nyuitɔ nu.”

Edze ƒã be agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? akpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi le xexeame katã.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 25]

Cover photo above, Eagle Nebula: J. Hester and P. Scowen (AZ State Univ.), NASA

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe