Yehowa Ye Nye Mía Wɔla
1 Ame miliɔn geɖe xɔ edzi se be Mawu gbɔe agbe dzɔ tso. Ame bubu geɖe xɔe se be nɔnɔmetɔtrɔ dzie wòdzɔ to. Eye ame aɖewo hã menya ka dzie woaxɔ se o. Agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? akpe ɖe amesiawo katã ŋu. Agbalẽ sia gblɔ numeɖeɖe si ŋu wowɔ numekuku le tsitotsito le alesi agbe wɔ va dzɔ ɖe afisia kple nusi wòfia na míaƒe etsɔme la ŋu. Agbalẽ nyui siae míana le June me.
2 Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔwo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be numeɖeɖe si me susu le le agbalẽa me. Dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti numekula aɖe si le Netherlands la ŋlɔ be: “Agbalẽ sia de ŋgɔ wu nusianu si nàkpɔ mɔ na vavã. Numeɖeɖe siwo dze le eƒe tanyawo me kple nutatawo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi le dzɔdzɔmeŋutinunya me ale gbegbe be ne ègbe nugɔmesese ko hafi nàhe nya ɖe wo ŋu.” Senyala aɖe gblɔ be: “Mexlẽe zi gbɔ zi ene eye numekuku deto, sidzedze kple kpeɖodzi siwo wotsɔ ŋlɔe la gawɔa dɔ ɖe dzinye kokoko.” Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ame bubu geɖe agakpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽ sia ŋu.
3 Ðewohĩ àdi be yeanae le mɔ kpui aɖe nu ale:
◼ Ʋu axa 6 lia, eye nàgblɔ be: “Ame geɖe susunɛ be ɖeko míaƒe anyigba dzeani sia kple agbe ƒomevi siwo le edzi la dzɔ le wo ɖokui si. Èsusu be nukae nye alesi nusiawo katã wɔ va dzɔ ŋuti numeɖeɖe si me susu le? [Na wòaɖo eŋu.] Kpeɖodzi gbogbo aɖe li siwo fia be nya si Biblia gblɔ le Wɔla si menye eƒe ŋusẽ koe lolo o ke be elɔ̃a mí ŋutɔ hã ŋu la nye nyateƒe. Eyae nye nyateƒe Mawu la, eye eŋkɔe nye Yehowa.” Xlẽ Psalmo 83:19, eye nàɖe alesi wònye eƒe tameɖoɖo be yeawɔ anyigba bliboa katã wòazu paradiso la me nɛ.
4 Ne èdi be yeayi ɖe nya la gbɔ tẽ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Èbu nyabiase sia ŋu kpɔa?” Yɔ agbalẽa ƒe ŋkɔ, eye nàʋu axa 7 lia ne nàxlẽ nyabiase siwo le memamã 2 lia me, eye nàɖe eme be agbalẽa gblɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖo nyui siwo tso Biblia me. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàgblɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa nɛ.
5 Alo àte ŋu atrɔ asi le eŋu kpɔ ale:
◼ “Èbia ɖokuiwò se kpɔ be aleke anyigba la wɔ va dzɔ hã? Ame geɖe gblɔna be nanee wo kpoyi le yamenutome eye wòdzɔ tso eme. Aleke nèsusu le eŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia fia mí be Mawue wɔ anyigba la be wòanye nɔƒe mavɔ na mí. Eto vovo tso ɣletinyigba bubu siwo ƒoa xlã ɣea la gbɔ. Le nusi míenya fifia nu la, le xexeame katã la, eya ɖeɖeko dzie nu hamehame siwo hiã be woatsɔ alé agbe ɖe tee la le.” Xlẽ axa 130 ƒe memamã 5 lia eye nàɖe nusita wòle be anyigba la nanye Aɖaŋuwɔla Gã aɖe ko ƒe asinudɔwɔwɔ la me.
6 Enanamɔnu bubu ate ayi alea tɔgbe:
◼ “Ame aɖewo susuna be kese siwo ɖi ame mee míedzɔ tso. Wobe nenemae mía tɔgbuiwo nɔ. [Fia foto si le axa 89 lae.] Aleke nèsusu le eŋu?” Na wòaɖo eŋu. Gblɔ nya si dze le memamã 20 lia me nɛ, eye emegbe nàxlẽ Dɔwɔwɔwo 4:24 si fia be Yehowa ye nye mía Wɔla kple míaƒe Agbenala la nɛ. “Agbalẽ sia dzro nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia bliboa kple nusi Biblia gblɔ la me.” Fia emenyawo si dze le axa 5 lia lae, eye nàƒo nu tso ɖewo ƒe tanya ŋu, abe ta 1, 7, 15, kple 19 tɔ ene ŋu.
7 Agbalẽ sia ate ŋu anye yayra na anukwaretɔ siwo amesiwo mexɔ Yehowa alo eƒe Nya la dzi se o ble la. Nyateƒenya siwo le Creation-gbalẽa me la ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía Wɔla si léa be na mí lɔlɔ̃tɔe alea gbegbe ŋu la nadzi ɖe edzi.