Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woawo Hã Nade Bubu Mía Wɔla la Ŋu
1 Ðe míaƒe seselelãme wɔ ɖeka kple hakpala la tɔ le eƒe nya si wògblɔ be: “Yehowa, . . . gbɔwò agbedzɔƒe le” mea? (Ps. 36:6, 10) Aleke míawo hã míawɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu woanyae be Yehowa ye nye mía Wɔla eye woade bubu eŋu? Eyae nye be míana agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? le June me. Agbalẽ sia ɖe dzesi vavã le alesi wòƒo nu tso Mawu ƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodzi sesẽwo ŋu eye wòɖe nusitae nɔnɔmetɔtrɔ mate ŋu anye nyateƒe o me. Ede dzi ƒo hã be woaxɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya. Nyateƒee, míedi be amesiame nanyae be nuwɔwɔe dea bubu Yehowa Mawu ŋu ke menye nɔnɔmetɔtrɔe o.
2 Enana ƒe mɔnu bɔbɔe si le tẽ aɖee nye si.
Ne èdo gbe na aƒemenɔla la vɔ la, tsɔ foto si le axa 6 la fiae, eye nàbiae be:
◼ “Aleke agbe wɔ dzɔ le anyigba sia dzi? Ame aɖewo gblɔna be ɖeko wòdzɔ le vome ko. Biblia gblɔ be Mawue wɔ nuwo katã. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Ŋuɖoɖo siwo wɔ ɖeka kple Biblia kpakple dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒewo bliboe la le agbalẽ sia me. Medi be nàxɔe be nàto kpeɖodziawo katã me eye wò ŋutɔ nàtso nya me le eŋu.”
3 Mɔnu bubue nye, ne èɖe ɖokuiwò nu vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Le míaƒe egbe dzɔdzɔmeŋutinunyaxexe sia me la, ɖe wòsɔ be woaxɔ edzi se be ɖe wowɔ mí, alo mía ŋutɔwo koe dzɔ le mía ɖokui sia? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ alesi Biblia ɖe nya sia mee ɖa. [Xlẽ Hebritɔwo 3:4.] Mèlɔ̃ ɖe edzi be xɔ ɖesiaɖe la, ame aɖee tui oa? Ke ɖe xexeame ya adzɔ le eɖokui sia?” Tsɔ foto si le Creation-gbalẽa ƒe axa 114 la fiae, eye nàhe eƒe susu ayi nya si wògblɔ le axa 115 ƒe memamã 2 lia me dzi. Ne èna agbalẽae vɔ la, gblɔ nɛ be ne yegatrɔ va la, yewoadzro nyabiabia si nye, Etsɔ me kae li na amegbetɔ kple anyigba la? me.
4 Alo ne èdo gbe na aƒemenɔla la vɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Èsusu be aleke mía tɔgbui gbãtɔwo nɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Ðe wonɔ abe ‘ame-ɖi-kese’ sia enea? [Ʋu Creation-gbalẽa ƒe axa 83 lia.] Se nusi Biblia gblɔ le Dɔwɔwɔwo 17:26 ɖa. [Xlẽe.] Ke nuka dzie wokpɔ tsɔ ta ‘ame-ɖi-kese’ siawo? He eƒe susu yi nuŋɔŋlɔ si le nutata si le axa 89 lia te la dzi. Gblɔ na aƒemenɔla la be agbalẽ sia xexlẽ kple nyabiabia sia ƒe ŋuɖoɖo nyanya aɖe vi nɛ.
5 Enana ƒe mɔnu bubue nye be nàfia “Creation” gbalẽa ƒe akpa lae eye nàgblɔ be:
◼ “Egbea míele mía nɔviwo biam be, Ðe amegbetɔ dzɔ to nɔnɔmetɔtrɔ dzia alo nuwɔwɔ dzie wòdzɔ to? Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Togbɔ be agbalẽnyala gã geɖewo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ dzi se be enye nyateƒe hã la, agbalẽnyala gã bubuwo ya mexɔe se o. Kpɔ alesi ame aɖe si de dzinu dzi kpɔ ƒo nya tae ɖa. [Ƒo nu tso axa 122-3 me nya veviwo ŋu.] Ele be mía ŋutɔwo míadzro ɖaseɖiɖiawo me akpɔ be—nɔnɔmetɔtrɔ alo Mawu ƒe nuwo wɔwɔ—ka dzie wòle be míaxɔ ase hã.” Hafi nàdzo la, bia nya aɖe si ŋu nàɖo ne ègatrɔ va lae.
6 Ðe wòdzroa wò ŋutɔ be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nasrɔ̃ mía Wɔla la kple eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le ŋuti nyateƒe wɔnukuwoa? Creation-gbalẽa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. Edea bubu Dziɖulagã Aƒetɔ Yehowa, mía Wɔla Wɔnuku la, ŋu to eƒe dɔwɔwɔwo dodo ɖe dzi kple nana be woanya eƒe tameɖoɖo wɔnuku si nye be yeakɔ yeƒe ŋkɔa ŋu eye yeayra ameƒomea to Kristo ƒe Fiaɖuƒea dzi la me.