INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/94 axa 8
  • Nana be Woaxɔ Ameƒomea Wɔla la Dzi Ase

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nana be Woaxɔ Ameƒomea Wɔla la Dzi Ase
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woawo Hã Nade Bubu Mía Wɔla la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyanyuia Gbɔgblɔ Kple Kakaɖedzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Amewo ƒe Ðetsɔleme Tutuɖo le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 6/94 axa 8

Nana be Woaxɔ Ameƒomea Wɔla la Dzi Ase

1 Ame akpa gãtɔ ƒoa nya ta aɖe le afisi agbe dzɔ tso ŋu. Gake nublanuitɔe la, woble ame geɖe woxɔe se vodadatɔe be nɔnɔmetɔtrɔ dzie wòto dzɔ. Creation-gbalẽa dzro nyaa ƒe akpa evea siaa me tsitotsito eye wòna kpeɖodzi gbogbo aɖewo tsɔ de Biblia dzii. Aleke míate ŋu akpe ɖe anukwaretɔ siwo lɔ̃ be yewoaɖo to la ŋui? To tɔtrɔyiwo wɔwɔ mee. Ne míetrɔ yi la, anyo ɣesiaɣi be nya aɖe koŋ nanɔ susu me na mí míagblɔ si ana amewo naxɔe ase be Yehowae nye mía Wɔla.

2 Ne amea ɖee fia be yexɔ Biblia dzi se la, nya sia anyo be nàtsɔ adze wò dzeɖoɖo gɔmee:

◼ “Yesaya 45:18 gblɔ nya sesẽ aɖe le afisi xexeme bliboa dzɔ tso ŋu; madi be manya wò susu le eŋu. [Xlẽe, eye nà wòaƒo nu.] Yehowa gblɔ be yee nye dziƒo kple anyigba Wɔla. Ke agbe si le anyigba sia dzi ya ɖe? Yesaya 42:5 gblɔ be eyae wɔ nusiawo katã hã. [Xlẽe.] Ne Biblia ƒe nya nye nyateƒe la, ke ele be nɔnɔmetɔtrɔ nanye aʋatso. Èsusu be yeate ŋu aka ɖe Biblia dzia?” Ʋu Creation-gbalẽa ƒe ta 17 lia eye nàgblɔ susu bubu siwo ta woaxɔ Yehowa dzi se be eyae nye Wɔla la.

3 Àte ŋu agblɔ nya sia hã atsɔ adze wò dzeɖoɖoa gɔmee:

◼ “Esi meva nyitsɔ la, mebia nya aɖe be, Etsɔ me kae li na amegbetɔ kple anyigba? Se alesi agbalẽ si mena wò ɖo nya sia ŋui ɖa.” Trɔ ɖe Creation-gbalẽa ƒe axa 234-5 eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ memamã 6 kple 7 lia. Ne egaɖe ɖetsɔleme fia la, àte ŋu abia be: “Tɔtrɔ vevi kawoe nèsusu be woava anyigba dzi?” Ne asɔ la, miate ŋu adzro nya sia me ɣemaɣi alo ne ègatrɔ yi eye miadzro memamã bubuwo me le Creation-gbalẽa ƒe ta sia ke me.

4 Ne ewɔ abe ɖe aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me la, àte ŋu abiae be:

◼ “Ènya be ame geɖe gblɔna egbea be xexeame ŋutɔ koe dzɔ le eɖokui sia? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia megblẽ mí ɖe viviti me le amesi nye Wɔla la ŋutɔŋutɔ ŋuti o.” Xlẽ Nyaɖeɖefia 4:11. Ðewohĩ aƒemenɔlaa agblɔ nya aɖe ne miexlẽ ŋɔŋlɔa vɔ. Emegbe àte ŋu ahe eƒe susu ayi nya vevi ɖeka alo eve dzi le Creation-gbalẽa ƒe ta 11 me eye nàƒo nu tso Wɔla la ƒe tameɖoɖo be yeawɔ anyigba bliboa wòazu paradiso le Kristo ƒe Fiaɖuƒea te la ŋu.

5 Àte ŋu agblɔ nya sia hã atsɔ adze tɔtrɔyia gɔmee:

◼ “Ŋutasesẽ kple vɔ̃ɖinyenye na ameƒomea se veve hefa konyi vevie. Yehowa, anyigba sia Wɔla la, do ŋugbe be yeaɖe nusiawo ɖa. [Ʋu axa 196 eye nàxlẽ Lododowo 2:21, 22.] Amesiwo lɔ̃ ɖe edzi be eyae nye yewo Wɔla eye wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu la ava kpɔ yayra wɔnuku geɖe.” Ne asɔ le ɣeyiɣi ma me la, ekema yi numedzodzroa dzi kple Nyaɖeɖefia 21:4, 5 le axa 197-8.

6 Gbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe va kpɔe be anyo wu be woaɖo ɣeyiɣi ɖe tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu. Ðoɖowɔwɔ ɖe dɔ sia ŋu koŋ akpe ɖe mía ŋu be míatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ kaba. De dzesi ɣeyiɣi si sɔ na mia kple anyigbamamãa me tɔwo wu. Ne èwɔa dɔ sia edziedzi la, àkpɔ dzidzɔ be yele dɔ si wode asi na mí be ‘míawɔ nusrɔ̃lawo’ la wɔm.—Mat. 28:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe