Amewo ƒe Ðetsɔleme Tutuɖo le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me
1 Esɔ be wotsɔ subɔsubɔdɔa sɔ kple agbledede, eye wotsɔ tɔtrɔyiwo wɔwɔ sɔ kple nukuwo ŋu ŋɔŋlɔ kple tsidede wo. (Mat. 13:23; Luka 10:2; Kor. II, 9:10) Esi míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” la, míaƒe agbanɔamedzie wònye be míatrɔ asi le numiemie fẽ ɖesiaɖe ŋu be wòatsi atse ku. (Kor. I, 3:6, 9) Mɔ nyuitɔ ka dzie míato awɔ esia?
2 Trɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ kaba. To wò aƒeme yi aƒeme nuŋlɔɖiwo me eye nàtso nya me le amesiwo gbɔ nàtrɔ ayi, kple nya siwo me nàdzro kple wo la me. Zi geɖe la, nya si me nèdzro kple wo esi nèyi zi gbãtɔ lae afia nya si me nàgadzro kple wo. Trɔ ɖe amesiwo gbɔ nètrɔ yi la ƒe nɔnɔmewo ŋu bɔbɔe, eye Ŋɔŋlɔawo me nya bubu siwo ŋu nàte ŋu aƒo nu le la nanɔ susu me na wò. Eɖea vi ɣesiaɣi be míazã Biblia, elabena míenya alesi wòte ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe dzi dzii.—Heb. 4:12.
3 Ne agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa” ye nèna la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Anukwaretɔ geɖewo xɔe se be Mawu gbɔna anyigba la tsrɔ̃ ge, eye ame bubuwo hã vɔ̃na be amegbetɔ ŋutɔe le etsrɔ̃ ge. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ na mí be, le esi Mawu natsrɔ̃ anyigba la teƒe la, aɖe madzɔmadzɔnyenye ɖa le edzi eye wòawɔe wòazu ŋutifafa kple dedienɔnɔ nɔƒe.” He eƒe susu yi axa 22 lia dzi, eye nàxlẽ Lododowo 2:21, 22 si me nyawo woyɔ ɖe afima. Ðe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me nɛ alo na magazine yeyewoe eye nàwɔ ɖoɖo agatrɔ ayi ava dzro xexeme yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la me kplii.
4 Ne agbalẽ gbadza si nye “Kpɔ ɖa!” ye nèna la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, míexlẽ ŋugbe si Mawu do be yeawɔ anyigba la wòazu paradiso abe alesi wòdze le agbalẽ gbadza si mena wò la ƒe foto si le eƒe akpa dzi ene la le Biblia me. Ne míesrɔ̃ nu yi ŋgɔe tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple alesi wòka míi ŋu la, yayra sia atso eme na mí.” Xlẽ Yohanes 17:3, eye nàʋu memamã 52 kple 53 lia siwo le axa 27. Ƒo nu tso nusitae Mawu ƒe Nya la ŋuti sidzedze vavãtɔ ƒe amesisusu hiã la ŋu nɛ kpuie.
5 Ne ètrɔ yi afisi nèna agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu?” amesi tsɔ ɖe mawusubɔsubɔ me le la, àkpɔ be esɔ be yeagblɔ be:
◼ “Mexɔ se be èdo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la ɖa zi gbɔ zi geɖe. Nukae vaa susu me na wò ne èbia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava?” Le alesi aƒemenɔlaa ɖo eŋui nu la, xlẽ axa 26 ƒe memamã 8, 9 lia eye emegbe nàxlẽ Daniel 2:44. Ðewohĩ àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi aɖe eme be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava ahe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ava nuwuwui. Na wòanya be ne míenye ame dzɔdzɔewo le Mawu ŋkume la, míate ŋu akpɔ agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba sia dzi.
6 Ðo ŋku edzi be míate ŋu atrɔ ayi amesiame si lɔ̃ ɖo to gbɔ, ne amea xɔ agbalẽ alo mexɔe o. Dze agbagba nàɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ na tɔtrɔyiwo wɔwɔ le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Yehowa ayra ɖe wò agbagbadzedze vevie be yeatu amesiwo ŋu nèke ɖo ƒe ɖetsɔleme ɖo la dzi. Neva eme be woatse ku wòanye kafukafu nɛ.—Yohanes 15:8.