INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/95 axa 8
  • Wɔ Tɔtrɔyiwo Bene Subɔsubɔdɔa Natse Ku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Tɔtrɔyiwo Bene Subɔsubɔdɔa Natse Ku
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsɔ True Peace Ƒe Agbalẽa Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Zã Agbalẽ Gbadza Vovovowo le Wò Subɔsubɔdɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 7/95 axa 8

Wɔ Tɔtrɔyiwo Bene Subɔsubɔdɔa Natse Ku

1 Apostolo Paulo kafu Filipitɔwo elabena ‘wokpɔ ŋusẽ yeye hesusu nusi nyo nɛ ŋu.’ (Fil. 4:10) Ne míesrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ‘ŋusẽ yeye aɖo míaƒe tamesusu ŋu’ ɖe amesiwo míeɖia ɖase na la ŋu eye wòaʋã mí míawɔ tɔtrɔyiwo.

2 Ne agbalẽ gbadza si nye “Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ” ye nèna la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:

◼ “Menɔ dze si míeɖo nyitsɔ ŋu bum eye mawunyakpukpui eve va susu me nam siwo me nyawo medi be wò hã nàse. Àɖo ŋku edzi be míegblɔ be Mawu ava xɔ anyigba ƒe dziɖuɖu. Yehowa Mawu do ŋugbe le Biblia me be nusia ava eme. [Xlẽ Daniel 2:44.] Èxɔe se be nu ma adzɔ nyateƒea? [Na wòaɖo eŋu.] Se nya si Mawu gblɔ le ŋutete si le eŋu be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme ŋu ɖa. [Xlẽ Yesaya 55:11.] Ðe mele be nya ma nade dzi ƒo na mí be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu oa? Gake ɣekaɣie Mawu awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi?” Gblɔ nɛ be yeaɖo nya ma ŋu ne yegatrɔ va.

3 Àte ŋu agblɔ nya sia ne ètrɔ yi amesi xɔ agbalẽ gbadza si nye “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku” la gbɔ:

◼ “Medze agbagba vevie trɔ va le dze si míeɖo le míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe kuku ŋu ta.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 30 fiae eye nàgblɔ be: “Èɖo ŋku amewo ƒe tsitretsitsi be woagava wɔ ɖeka kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe nukpɔkpɔ dodzidzɔname sia dzia? Mebia wò be dziƒoe nusia adzɔ le loo alo anyigba dzie hã. Ðewohĩ èkpɔ alesi Biblia ɖo eŋui le agbalẽ gbadza sia ƒe axa 26 lia.” Dzro nya vevi siwo le memamã etɔ̃ vaseɖe atɔ̃lia me la me, eye nàxlẽ Yohanes 5:21, 28, 29. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, ke xlẽ mawunyakpukpui siwo gale axa ma la dometɔ aɖe.

4 Ðe nètsɔ “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” dze nusɔsrɔ̃ gɔmea? Àte ŋu awɔe ale ne ètrɔ yi:

◼ Gaʋu axa 30 lia eye nàhe eƒe susu ayi biabia sia dzi be: “Mɔ kawo nue Biblia la ɖe dzesi le?” Trɔ ɖe axa 3 kple 4 lia ŋu eye nàgadzro memamã 1-4 kpakple nɔnɔmetata si le agbalẽ gbadzaa ƒe akpa dzi me. Xlẽ mawunyakpukpui siwo le etenuŋɔŋlɔ me le memamã 4 lia me ƒe ɖeka alo eve. Ðe eme nɛ be Biblia ɖeka koe tsɔ mɔkpɔkpɔ nyui ma ɖo mía ŋkume. Wɔ ɖoɖo nàgatrɔ ayi. Ne ègatrɔ yi zi etɔ̃lia eye wòdze be nusɔsrɔ̃a ayi edzi la, àte ŋu adze nusrɔ̃vi yeye ƒe akɔntabubu gɔme!

5 Àte ŋu ayi dzeɖoɖo dzi tso “The Divine Name That Will Endure Forever” me ale:

◼ “Nyitsɔ la, mete ŋu fia Mawu ƒe ŋkɔ wò tso Biblia me. Ŋkɔ Yehowa nyanya kple ezazã nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe.” Ʋu axa 31, gadzro memamã ene mamleawo ƒe nya veviwo me, eye nàxlẽ Yohanes 17:3 kple Mixa 4:5. Gblɔ nɛ be Biblia-srɔ̃ɖoɖo aɖe le mía si si ate ŋu afiae alesi woakɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nyuie wu kple alesi paradisonyigba ƒe yayrawo asu mía sii.

6 Eyata wɔ wò tamesusu yeyee ɖe amesiwo gbɔ nèyi la ŋu. Do vevie be wò afɔ magatso le wo gbɔ o, eye dzra ɖo nyuie nàgblɔ nya aɖe si aɖe vi na wo. Àte ŋu anye ‘amesiwo tsea ku’ le nusrɔ̃la yeyewo wɔwɔ me la dometɔ ɖeka.—Mat. 13:23.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe