Bu Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia Ŋu Vevie
1 Eteƒe madidi o, gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea le xexeame katã awu enu, eye emegbe woatsrɔ̃ amesiwo katã “menya Mawu o.” (Tes. II, 1:7-9) Eyata ɖetsɔleme vavãtɔ ɖe ame bubuwo ƒe agbe ŋu ʋãa Yehowa ƒe amewo be woatsɔ Fiaɖuƒegbedasia aɖo ame geɖe alesinu woate ŋui gbɔ.—Zef. 2:3.
2 Míezãa gaƒoƒo miliɔn geɖe ɣleti sia ɣleti tsɔ dia amesiwo le ‘nusi nyo wu ŋuti nyanyui’ dim be yewoase. (Yes. 52:7) Ame geɖe xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo alo ɖekaɖekawo alo woxɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? esi míenɔ agbalẽwo nam nyitsɔ laa. Ele be amesiawo ŋu bubu vevie naʋã mí míatrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ.—Lod. 3:27.
3 Wɔ Nuŋlɔɖi Nyuiwo: Àte ŋu awɔ dɔ geɖe ne èwɔ nuŋlɔɖi nyui le ɖetsɔlemetɔwo kple agbalẽ siwo nèna ŋu wòde pɛpɛpɛ. Nyatakakawo abe aƒemenɔla ƒe ŋkɔ kple enɔƒe, ŋkeke kple ɣeyiɣi si nèyi egbɔ, agbalẽ si nènae, kple nyati si ŋu mieƒo nu tsoe ene akpe ɖe ŋuwò be dzeɖoɖoa nanyo wu ne ètrɔ yi. Azɔ hã ne èŋlɔ nya aɖewo siwo aƒemenɔla gblɔ esi nèyi zi gbãtɔ ɖi la, ɖewohĩ àte ŋu ahe susu ayi wo dzi nyuie ne ètrɔ yi be nàtsɔ ayi numedzodzroa dzii.
4 Wɔ Tɔtrɔyiwo Kaba: Amesiwo xɔ agbalẽ tso gbɔwò le ɣleti si va yi me dometɔ neni gbɔe nète kpɔ be yeatrɔ ayi? Ðe kwasiɖa geɖe va yi si mègakpɔ wo kpɔ oa? Ele be ɖe tsɔtsɔ le woƒe nyonyo mavɔ me vevie naʋã wò nàtrɔ ayi kaba alesi nàte ŋui, eye anyo wu be nàyi le ŋkeke ʋee aɖewo ko megbe, ale be woate ŋu aɖo ŋku dze si mieɖo va yi dzi bɔbɔe. Ne ètrɔ yi kaba ɖatu woƒe ɖetsɔleme ɖo la, ɖewohĩ àte ŋu axe mɔ ɖe Satana ƒe agbagbadzedzewo nu hafi ‘wòava tsɔ nya, si wowu ɖe wo me la ayii.’—Mar. 4:15.
5 Dzadzraɖo Le Vevie: Alesi nàdzra ɖo nyuie dzi koŋ wò dzidzedzekpɔkpɔ le tɔtrɔyiwɔwɔwo me nɔ te ɖo. Bu nya si nàgblɔ ŋu hafi ayi. Dzeɖonya siwo nàte ŋu azã be nàkpɔ dzidzedze nyuie le magazinewo alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza nana me la ƒe geɖe le April 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa mamlɛa dzi. Nusi gahiã enye be nya aɖewo nanɔ wò susu me si nàgblɔ ne ètrɔ yi. Nya kae nàte ŋu agblɔ ne ètrɔ yi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ? Aleke nàwɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme?
6 Ne ètrɔ yi amesi nèɖo dze na tso nusi hiã hafi woadzra anyigba dzi ɖo wòazu teƒe si nyo wu woanɔ gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míelɔ̃ ɖe edzi be ahiã be woawɔ afɔɖeɖe vevi aɖewo hafi woate ŋu awɔ anyigba la wòazu paradiso si me ŋutifafa le. Èsusu be nusi hiã le dɔ sia wɔwɔ me la le amegbetɔwo sia? [Na wòaɖo eŋu.] Taflatse de dzesi nusita wòahiã be Mawu nade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me.” Xlẽ Psalmo 37:38. Azɔ ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia, eye zã memamã 4-5 ƒe akpa siwo nètia nàtsɔ afia alesi Mawu ana nyagblɔɖi sia nava emee. Do Biblia-nusɔsrɔ̃ si nàzã agbalẽ gbadza la le ɖe egbɔ nàtsɔ ayi edzii.
7 Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋue nèƒo nu tsoe eye nèna “Nusi Mawu Di” ƒe agbalẽ gbadza la esime nèyi zi gbãtɔ la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe ne ètrɔ yi:
◼ “Esi míeɖo dze va yi la, míekpɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si aɖu anyigba bliboa katã dzi. Biblia ɖee fia be Kristo Yesue anye edziɖula. Ðe nàte ŋu akpɔ viɖe aɖewo siwo míakpɔ ne dziɖuɖu kple dziɖula sia tɔgbe le mía si la le susu mea?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 6 lia. Zã nya aɖewo siwo nètia le memamã 6-7 kple nɔnɔmetata si le axa 13 nàtsɔ afia nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea le etsɔme. Xlẽ Daniel 2:44, eye ne esɔ la, nàtsɔ Sidzedze-gbalẽa afiae eye nàdo Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ.
8 Ne èdo go ame aɖe si lɔ̃ ɖe edzi be xexemesubɔsubɔhawo he kuxiwo vɛ na ameƒomea la, àte ŋu abia nya sia ne ètrɔ yi:
◼ “Èbu alesi míawɔ anya subɔsubɔha si dzi Mawu da asi ɖo ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Agbalẽ gbadza sia si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒo nu tso nusiwo woatsɔ ade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.” Ʋu nusɔsrɔ̃ 13 lia, eye nàhe susu ayi nya atɔ̃ siwo woŋlɔ gbeteteɖedzitɔe le memamã 3-7 me dzi. Àte ŋu ayi edzi be: “Tsɔ kpe ɖe subɔsubɔha vavãtɔ kpɔkpɔ ŋu la, ele be míadi nusi Mawu bia tso mí ame ɖekaɖekawo si hã.” Xlẽ Yohanes 4:23, 24. Gblɔ be yeaƒo nu tso nya sia ŋu ayi ŋgɔ vie. Ʋu agbalẽ gbadza la ƒe nusɔsrɔ̃ 1, eye wɔ alesi míesrɔ̃a nui la fiae.
9 Ne ètrɔ yi be yeava yi dze si mieɖo le ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu dzi la, àte ŋu agblɔ nya si gbɔna la tɔgbe:
◼ “Esi míedo go zi gbãtɔ la, meƒo nu tso nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona ŋu nawò, si nye aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la tsɔtsɔ wɔ dɔe. Le egbegbe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ gome la, ɖe nèxɔe se be Biblia nye tsigãdzinu loo alo be esɔ ɖe ɣeyiɣia nu?” Na wòaɖo eŋu. Tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae. Ʋu ta 2 lia, eye nàxlẽ nyayɔyɔ si le memamã 13 lia. Zã memamã 3 lia me nya veviwo nàtsɔ ado ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ɖe egbɔ.
10 Míate ŋu aɖe havilɔlɔ̃ si ana woakpɔ ɖeɖe ƒe mɔ la afia ne míewɔ nuŋlɔɖi nyuiwo, míedzra ɖo nyuie alesi dze, eye míetrɔ yi kaba ɖatu woƒe ɖetsɔleme ɖo.—Mat. 22:39; Gal. 6:10.