‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
“Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo . . . fũu, eye wonɔ Mawu ƒe nya la gblɔm kple dzideƒo.”—DƆW. 4:31.
1, 2. Nu ka tae wòle be míadze agbagba awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa memie?
ESI wòsusɔ ŋkeke etɔ̃ Yesu naku la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” Hafi Yesu si wofɔ ɖe tsitre la nalia ayi dziƒo la, ede dɔ asi na eyomedzelawo be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, eye woafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se yede na wo la.’ Edo ŋugbe na wo be yeanɔ anyi kpli wo “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”—Mat. 24:14; 26:1, 2; 28:19, 20.
2 Abe Yehowa Ðasefowo ene la, míekpɔa gome le dɔ aɖe si gɔme wodze le ƒe alafa gbãtɔ me la me veviedodotɔe. Dɔ bubu aɖeke megali si le vevie abe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa, si nye agbeɖeɖedɔ la, ene o. Eya ta aleke gbegbee wòle vevie be míawɔ subɔsubɔdɔa memie enye esi! Le nyati sia me la, míakpɔ ale si gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia kpena ɖe mía ŋu míeƒoa nu dzideƒotɔe ne míele gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me. Nyati eve siwo kplɔ esia ɖo la afia ale si Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu afia mɔ mí míafia nu aɖaŋutɔe ahanɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm edziedzi la mí.
Míehiã Dzideƒo
3. Nu ka tae gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me bia dzideƒo?
3 Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de asi na mí la nye mɔnukpɔkpɔ aɖe si ɖeke mesɔ kplii o. Ke hã, dɔ sia wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Togbɔ be ame aɖewo xɔa Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nyuie hã la, ame bubuwo ya wɔa nu abe Noa ŋɔli me tɔwo ene. Yesu gblɔ be: “Wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii.” (Mat. 24:38, 39) Eye ame bubuwo hã ɖua fewu le mía ŋu hetsia tsitre ɖe mía ŋu. (2 Pet. 3:3) Tsitretsiɖeŋua ate ŋu atso dziɖuɖumegãwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo alo ƒometɔ kplikplikpliwo gɔ̃ hã gbɔ. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, abe ŋukpe kple vɔvɔ̃ be amewo maxɔ mí o ene hã ɖea fu na mí. Nu vovovowo li siwo ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaƒo nu “dzinɔameƒotɔe” ahagblɔ Mawu ƒe nya la kple “dzideƒo.” (Ef. 6:19, 20) Veviedodonu le Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ me bia dzinɔameƒo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo?
4. (a) Nu kae nye dzideƒo? (b) Alekee apostolo Paulo wɔ dzi ɖo eƒo wòte ŋu ɖi ɖase na Tesalonikatɔwo?
4 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzideƒo” la fia “nuƒoƒo faa,” “nyagbɔgblɔ nya aɖeke maɣlamaɣlae,” alo “nyaa gbɔ yiyi tẽe.” Nya ma hea susu yia “kalẽ, dzinɔameƒo, . . . [kple] nuwɔwɔ vɔvɔ̃manɔmee” dzi. Dzideƒo alo dzinɔameƒo mefia be woagblɔ nya wòatɔ ame alo aƒo nu amemabumabutɔe o. (Kol. 4:6) Togbɔ be ele be míawɔ nu dzideƒotɔe hã la, míedina hã be míanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. (Rom. 12:18) Gawu la, ne míele gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la, ele be míaƒo nu dzideƒotɔe, ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míaƒe nuwɔna nagaɖia amewo nu le manyamanya me o. Le nyateƒe me la, hafi dzi nate ŋu anɔ mía ƒo la, ehiã be míatu nɔnɔme nyui bubu aɖewo siwo bia kutrikuku la ɖo. Gake menye míawo ŋutɔ míaƒe ŋusẽ alo ŋutete me koe míate ŋu atu dzinɔameƒo ɖo le o. Esi ‘woɖi gbɔ apostolo Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo le Filipi’ megbe la, aleke wowɔ ‘dzi ɖo wo ƒo’ wote ŋu gblɔ nyaa na ame siwo nɔ Tesalonika? Paulo ŋlɔ bena: “To mía Mawu la dzi.” (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:2.) Yehowa Mawu ate ŋu ana míaɖu vɔvɔ̃ si le mía me la dzi ahana dzideƒo ma tɔgbi míawo hã.
5. Aleke Yehowa na dzi ɖo Petro, Yohanes, kple nusrɔ̃la bubuwo ƒoe?
5 Esi “dziɖulawo kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo” de se na apostolo Petro kple Yohanes be woagaɖe gbeƒã azɔ o la, apostoloawo ɖo eŋu na wo be: “Ne edzɔ le Mawu ŋkume be, míaɖo to miawo wu Mawu la, mia ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ. Gake míawo ya la, míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo tso nu siwo míekpɔ hese la ŋu o.” Le esi woado gbe ɖa na Mawu be wòaxe mɔ ɖe yometitia nu teƒe la, woa kple haxɔsetɔ bubuwo ƒo koko be: “Yehowa, kpɔ woƒe ŋɔdzidodoawo ɖa, eye nàna wò kluviwo nayi edzi agblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.” (Dɔw. 4:5, 19, 20, 29) Aleke Yehowa ɖo woƒe gbedodoɖaa ŋui? (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 4:31.) Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na dzi ɖo wo ƒo. Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu nenema. Ke alekee míawɔ axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be wòafia mɔ mí le míaƒe subɔsubɔdɔa me?
Nu Si Míawɔ Be Dzi Nanɔ Mía Ƒo
6, 7. Mɔ si le tẽe wu si dzi míato axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye nye eka? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo.
6 Mɔ si le tẽe wu si dzi míate ŋu ato axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye nye be míado gbe ɖa abiae. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Ne mi, ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Luka 11:13) Le nyateƒe me la, ele be míanɔ gbe dom ɖa anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea biam ɣeawokatãɣi. Ne subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖewo, abe ablɔdziɖaseɖiɖi, vomeɖaseɖiɖi, alo ɖaseɖiɖi le afi si dɔwɔƒewo le ene, sesẽna na mí la, míate ŋu ado gbe ɖa abia be Yehowa nana gbɔgbɔ kɔkɔea mí eye míabia be wòakpe ɖe mía ŋu dzideƒo si míehiã la nasu mía si.—1 Tes. 5:17.
7 Nu siae nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rosa wɔ.a Gbe ɖeka le Rosa ƒe dɔ me la, ehati nufiala aɖe nɔ ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu ƒe nyatakaka aɖe si wòxɔ tso suku bubu aɖe me la xlẽm. Nu si nufialaa xlẽ la te ɖe edzi ale gbegbe be, wòdo ɣli be, “Xexe ka gɔ̃e nye esia?” Rosa mena ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ sia to eŋu o. Nu kae wòwɔ si na dzi ɖo eƒo be wòte ŋu ɖi ɖase na nyɔnua? Rosa gblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋunye.” Ete ŋu ɖi ɖase nyui aɖe na nyɔnua hewɔ ɖoɖo be yewoava yi dzeɖoɖoa dzi emegbe. Bu Milane, nyɔnuvi ƒe atɔ̃ vi aɖe si le New York City la hã ŋu kpɔ. Milane gblɔ be: “Gbe sia gbe hafi mayi suku la, mía kple danye míedoa gbe ɖa na Yehowa.” Nu ka ŋue wodoa gbe ɖa le? Be dzi nanɔ Milane ƒo wòate ŋu aɖi ɖase tso eƒe Mawu ŋu! Dadaa gblɔ be: “Esia kpe ɖe Milane ŋu wòɖe nu si tae meɖua dzigbezã kple ŋkekenyuiewo o la me, eye ekpe ɖe eŋu wòƒoa asa na gomekpɔkpɔ le wɔna mawo me ne wo tɔwo le azã mawo ɖum.” Ðe kpɔɖeŋu siawo meɖo kpe edzi be gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋu dzi ɖoa eƒo oa?
8. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖila Yeremiya ŋu ku ɖe nu si míawɔ dzi naɖo mía ƒo ŋu?
8 De ŋugble le nu si kpe ɖe nyagblɔɖila Yeremiya hã ŋu be dzi ɖo eƒo la ŋu kpɔ. Esi Yehowa ɖo Yeremiya be wòanye nyagblɔɖila na dukɔwo la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” (Yer. 1:4-6) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yeremiya tsɔ fɔléleɖenuŋu kple dzonɔameme nɔ gbeƒã ɖem ale gbegbe be ame geɖe bui be vɔ̃e ŋuti gbeƒãɖela koe wònye. (Yer. 38:4) Etsɔ dzinɔameƒo ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo ƒe 65 kple edzivɔwo. Ale si wòɖe gbeƒã kple dzideƒo vɔvɔ̃manɔmee la ɖe dzesi le Israel ale gbegbe be ƒe 600 aɖewo megbe, esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem dzinɔameƒotɔe la, ame aɖewo susu be Yeremiyae fɔ ɖe tsitre. (Mat. 16:13, 14) Alekee nyagblɔɖila Yeremiya si nɔ hehem ɖe megbe tsã la wɔ va ɖu eƒe ŋukpea dzi? Egblɔ bena: “[Mawu ƒe nya la nɔa] nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam.” (Yer. 20:9) Ɛ̃, Yehowa ƒe nya la kpɔ ŋusẽ ɖe Yeremiya dzi eye wòƒoe ɖe enu be wòaƒo nu tso eŋu.
9. Nu ka tae Mawu ƒe nya la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi abe ale si wòkpɔ ŋusẽ ɖe Yeremiya dzii ene?
9 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, egblɔ bena: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, eye wòɖana wu yi nueve sia yi nueve, eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒewo kpakple ƒutomemi ke me, eye wòte ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo.” (Heb. 4:12) Mawu ƒe gbedeasi alo eƒe nya la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míawo hã dzi abe ale si wònɔ le Yeremiya gome ene. Ðo ŋku edzi be togbɔ be amegbetɔwoe Mawu zã woŋlɔ Biblia hã la, menye amegbetɔwo ƒe nunyae le eme o, elabena Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã wo woŋlɔe. Wogblɔ le 2 Petro 1:21 be: “Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” Ne míegbɔa dzi ɖi srɔ̃a Biblia nyuie le mía ɖokui si la, gbedeasi siwo gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la, axɔ susu me na mí. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 2:10.) Gbedeasi ma ate ŋu anɔ “abe dzobibi” ene le mía me, si awɔe be míate ŋu amia nu ɖe edzi o.
10, 11. (a) Alekee wòle be míanɔ míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm hafi dzi naɖo mía ƒo le nuƒoƒo me? (b) Gblɔ nu ɖeka aɖe ya teti si nèɖo be yeawɔ be yeƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nanyo ɖe edzi.
10 Be ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ nakpɔ ŋusẽ nyui ɖe mía dzi la, ele be míawɔe le mɔ si ana Biblia me gbedeasia nade dzi gbɔ na mí ahakpɔ ŋusẽ ɖe ame si míenye le ememe dzi la nu. Le kpɔɖeŋu me, woɖe ŋutega aɖe fia nyagblɔɖila Xezekiel, si me wobia tso esi le be wòaɖu agbalẽ aɖe, si me woŋlɔ gbedeasi sesẽ si wòle be wòagblɔ na dukɔ sẽto la ɖo. Enɔ na Xezekiel be wòasrɔ̃ gbedeasia nyuie ahana wòade dzi gbɔ nɛ. Ne ewɔe alea la, ana gbedeasi ma gbɔgblɔ navivi enu abe anyitsi ene.—Mixlẽ Xezekiel 2:8–3:4, 7-9.
11 Míele nɔnɔme aɖe si ɖi esi me Xezekiel nɔ la me. Egbea la, ame geɖe medi kura be yewoase Biblia me gbedeasia o. Hafi míate ŋu ayi edzi anɔ Mawu ƒe nya la gblɔm kutrikukutɔe la, ele vevie be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo le mɔ si ana míase gbedeasi si le eme la gɔme nyuie ahaxɔ edzi ase la nu. Ele be míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nanye nu si míanɔ wɔwɔm edziedzi, ke menye be míanɔ edam ɖe eme o. Ele be didi si nɔ hakpalaa me la nanɔ míawo hã me, ame si gblɔ be: “Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!” (Ps. 19:15) Aleke gbegbee wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi ade ŋugble le nu siwo míexlẽna la ŋu bene Biblia me nyateƒeawo nade keke míaƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke enye esi! Edze ƒãa be, ele be míadze agbagba ana míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nanyo ɖe edzi.b
12. Nu ka tae Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede wɔnɛ be gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔ mí?
12 Nu bubu si wòle be míawɔ bene Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea naɖe vi na míe nye be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi . . . o.” (Heb. 10:24, 25) Agbagbadzedze be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem edziedzi ahanɔ to ɖom nyuie, kple agbenɔnɔ ɖe nu siwo míesrɔ̃ la nu nye afɔ nyui aɖewo siwo míaɖe be gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí. Alo ɖe menye nyateƒe be Yehowa ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ mí to hamea dzi oa?—Mixlẽ Nyaɖeɖefia 3:6.
Ale Si Dzideƒo Ƒe Amesinɔnɔ Ðea Vii
13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbeƒãɖeɖedɔ si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ la me?
13 Gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋusẽ si tri akɔ wu le xexea me, eye ate ŋu ado ŋusẽ amegbetɔwo be woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Edo ŋusẽ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wowɔ gbeƒãɖeɖedɔ aɖe si de du ŋutɔ. Woɖe gbeƒã nya nyuia “na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.” (Kol. 1:23) Ne míebu nyateƒe si wònye be wo dometɔ akpa gãtɔ nye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo” ŋu la, edze ƒãa be ŋusẽ aɖe si tri akɔ wu ye kpe ɖe wo ŋu.—Dɔw. 4:13.
14. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míaxɔ dzo le gbɔgbɔ la me’?
14 Ne míenɔa agbe le ɖekawɔwɔ me kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia la, esia hã ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa dzinɔameƒotɔe. Ne míedoa gbe ɖa edziedzi biaa gbɔgbɔ kɔkɔea, míewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ veviedodotɔe, míedea ŋugble le nu siwo míexlẽna ŋu vevie, eye míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi la, esiawo katã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míaxɔ dzo le gbɔgbɔ la me.’ (Rom. 12:11) Biblia gblɔ tso “Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo, si nye Aleksandria vidzidzi, si nye nuƒola bibi aɖe [si] va Efeso” la ŋu be: “Esi gbɔgbɔ la yɔe fũu la, eyi ɖaƒo nu hefia nu tso Yesu ŋuti nyawo ŋu ɖe eteƒe tututu.” (Dɔw. 18:24, 25) Ne ‘míexɔ dzo le gbɔgbɔ la me’ la, dzi anɔ mía ƒo geɖe wu ɖe tso aƒe me yi aƒe me kple vomeɖaseɖiɖi dɔa ŋu.—Rom. 12:11.
15. Ne míeƒoa nu kple dzideƒo geɖe wu la, viɖe kawoe dona tso eme na mí?
15 Ne dzi le mía ƒo ɖe ɖaseɖiɖidɔa ŋu geɖe wu la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi. Enana be nɔnɔme nyuitɔ nɔa mía si elabena míesea vevienyenye kple viɖe si le míaƒe dɔa ŋu gɔme nyuie wu. Míegadoa vevie nu ɖe edzi elabena dzi dzɔa mí geɖe wu ne míele dzidzedze kpɔm le míaƒe subɔsubɔdɔa me. Eye dzo yeye gaɖoa mía me elabena míeva kpɔa ale si gbegbe gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae la dzea sii nyuie wu.
16. Nu kae wòle be míawɔ ne dzo si nɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la dzi ɖe kpɔtɔ?
16 Ke ne dzo si nɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nu va tsi alo megale abe ale si wònɔ tsã ene o ya ɖe? Ke ahiã be míadzro mía ɖokui me anukwaretɔe. Paulo ŋlɔ bena: “Miyi edzi mianɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã, miyi edzi mianɔ ame siwo mia ŋutɔwo mienye la dom kpɔ.” (2 Kor. 13:5) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe megakpɔtɔ xɔ dzo le gbɔgbɔ la mea? Ðe medoa gbe ɖa na Yehowa biaa eƒe gbɔgbɔ la? Ðe nye gbedodoɖawo ɖenɛ fiana be meɖoa ŋu ɖe eŋu be akpe ɖe ŋunye mawɔ eƒe lɔlɔ̃nua? Ðe nye gbedodoɖawo me nyawo ɖenɛ fiana be mekpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔ si wode asi na mí la ŋua? Ðe mewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ edziedzia? Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae mezãna tsɔ dea ŋugble le nu siwo mesrɔ̃na kple esiwo mesena la ŋu? Aleke gbegbee mekpɔa gome le kpekpeawo me?’ Ŋugbledede le nyabiase siawo tɔgbi ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ afi si nègbɔdzɔ le la adze sii eye nàwɔ asitɔtrɔ siwo hiã.
Na Mawu Ƒe Gbɔgbɔ La Nana Dzi Nanɔ Ƒowò
17, 18. (a) Aleke gbegbee gbeƒãɖeɖedɔa keke tae egbea? (b) Nu kae ana míaƒo nu kple “dzideƒo blibo” le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia me?
17 Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Dɔ si gɔme wodze ɣemaɣi la va keke ta fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Yehowa Ðasefo siwo de miliɔn adre kple edzivɔ la le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia le dukɔ 230 kple edzivɔ me hezãa gaƒoƒo miliɔn akpe ɖeka kple afã kloe le gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe sia ƒe. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míetsɔ dzonɔameme le gome kpɔm le dɔ sia si womagawɔ ake o la me!
18 Mawu ƒe gbɔgbɔae le mɔ fiam xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele egbea, abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa me ene. Ne míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia la, míaƒo nu kple “dzideƒo blibo” le míaƒe subɔsubɔdɔa me. (Dɔw. 28:31) Eya ta mina míaɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa nafia mɔ mí le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
b Be wò Biblia xexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi na wò geɖe wu la, kpɔ agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, ƒe ta siwo nye “Do Vevie Nuxexlẽ” kple “Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me,” le axa 21-32.
Nu Kae Nèsrɔ̃?
• Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ mía ƒo le Mawu ƒe nya la gbɔgblɔ me?
• Nu kae kpe ɖe nusrɔ̃la gbãtɔwo ŋu woƒo nu kple dzideƒo?
• Aleke míawɔ be dzi naɖo mía ƒo?
• Aleke dzideƒo ɖea vi na míi?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be dzi naɖo wo ƒo?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Gbe kpui aɖe dodo ɖa ate ŋu ana dzi naɖo ƒowò le subɔsubɔdɔa me