INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/00 axa 1
  • Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2018-2019 Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi—Kple Nutome Sue Dzikpɔla
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 12/00 axa 1

Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?

1 Togbɔ be tsitretsiɖeŋulawo lé Petro kple Yohanes hedo ŋɔdzi na wo hã la, woyi edzi ɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia dzideƒotɔe. (Dɔw. 4:17, 21, 31) Nukae wòfia na mí egbea be míaɖe gbeƒã dzideƒotɔe?

2 Ðaseɖiɖi Dzideƒotɔe: Nya bubu si wogazãna na “dzideƒo” enye “kalẽ,” si fia “tameɖoɖo kplikpaa vɔvɔ̃manɔmee, dzidodoŋusẽ, kple dzidodo.” Le nyateƒe Kristotɔwo gome la, be woaɖe gbeƒã dzideƒotɔe fia be ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe asu mía si be míaɖe gbeƒã nyanyuia na amewo la, ele be míake nu faa agblɔe vɔvɔ̃manɔmee. (Dɔw. 4:20; Pet. I, 3:15) Efia be nyanyuia gbɔgblɔ na amewo mekpea ŋu na mí o. (Ps. 119:46; Rom. 1:16; Tim. II, 1:8) Eyata dzideƒo nye nɔnɔme aɖe si hiã hafi míate ŋu awɔ dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia le nuwuɣi sia me. Eʋãa mí be míagblɔ nyanyuia na amewo le afisiafi si míakpɔ wo le.—Dɔw. 4:29; Kor. I, 9:23.

3 Dzideƒo le Suku: Ðe vɔvɔ̃ alo ŋukpe naa wòsesẽna na wò be nàɖe gbeƒã na wò sukuhatiwoa? Ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe o; le nyateƒe me la, ate ŋu anye gbetɔame ŋutɔŋutɔ. Gake ne èdo gbe ɖa bia dzideƒo be yeatsɔ aɖe gbeƒã na amewoe la, Yehowa ado ŋusẽ wò. (Ps. 138:3) Dzideƒo akpe ɖe ŋuwò be nàɖe ɖokuiwò afia be yenye Yehowa Ðasefo eye be nànɔ te ɖe fewuɖuɖu nu. Gbeƒã si nàɖe le suku me tsonu ate ŋu axɔ amesiwo ɖo to wò la ɖe agbe.—Tim. I, 4:16.

4 Dzideƒo le Dɔwɔƒe: Amewo nya be Yehowa Ðasefoe nènye le dɔwɔƒea? Ðewohĩ mɔ si ko dzi wò dɔwɔhatiwo ato ase nyanyuia anye gbeƒã si nàɖe na wo. Dzideƒo si anɔ asiwò akpe ɖe ŋuwò hã be nàbia mɔ ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo.

5 Dzideƒo le Dodokpɔ Me: Dzideƒo ƒe amesinɔnɔ le vevie ne míedze ŋgɔ tsitretsiɖeŋu. (Tes. I, 2:1, 2) Ekpena ɖe mía ŋu be míalé míaƒe xɔse me ɖe asi sesĩe le ŋɔdzidoname, fewuɖuɖu, alo yometiti ŋutɔŋutɔ me. (Fil. 1:27, 28) Edoa ŋusẽ mí be míanɔ te sesĩe ne míedze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu be míada le mía Mawu Yehowa ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi dzi. Enaa ŋusẽ nɔa mía ŋu be míafa tu ne amewo do dzre na mí.—Rom. 12:18.

6 Nɔnɔme sesẽ ka ke me tomee míele o, mina míaku kutri aɖe gbeƒã nyanyuia dzideƒotɔe.—Ef. 6:18-20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe