INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/05 axa 1
  • Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Yesu—To Gbeƒãɖeɖe Dzideƒotɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Gblɔ Mawu Ƒe Nya La Kple Dzideƒo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Èɖea Gbeƒã Dzideƒotɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Di Ŋuɖoɖo Na Nyabiase Siawo
    Ƒe 2018-2019 Nutome Sue Takpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi—Kple Nutome Sue Dzikpɔla
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 10/05 axa 1

Yi Edzi Nànɔ Mawunya la Gblɔm Kple Dzideƒo

1 Mí subɔla Kristotɔwo míenyae be menye amewo katãe aɖo to nya si míeɖea gbeƒãe o. (Mat. 10:14) Gake, míeɖea mɔ be ame aɖewo ƒe tomaɖomaɖo nawɔe be míadzudzɔ nyanyuia gbɔgblɔ o. (Lod. 29:25) Nukae kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi gblɔa Mawu ƒe nya la kple dzideƒo?

2 Apostolo Paulo de asixɔxɔ “Kristo Yesu . . . nyanya, si ƒo [nuwo] katã ta la ŋuti.” Esia ʋãe wòƒo nu kple ‘kakaɖedzi sẽŋu.’ (Fil. 3:8; Tes. I, 1:5) Togbɔ be ame aɖewo bua gbedasi si wòɖea gbeƒãe be enye bometsinya si mele ɖeke me o hã, enya be “enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la.” (Rom. 1:16) Eyata ne edo go tsitretsiɖeŋu hã la, eyia edzi nɔa “nu ƒom kple dzideƒo le [Yehowa ƒe ŋusẽ] me.”—Dɔw. 14:1-7; 20:18-21, 24.

3 Míaƒe Ŋusẽtsoƒe: Menye Paulo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee wòte ŋu ɖi ɖase dzideƒotɔe le o. Paulo gblɔ le eya ŋutɔ kple Sila ŋu be: ‘Wònye míekpe fu, eye wodo vlo mí le Filipi tsã hafi, gake míekpɔ dzideƒo le mía Mawu me hegblɔ eƒe nyanyui la fia mi le ʋiʋli geɖe me.’ (Tes. I, 2:2; Dɔw. 16:12, 37) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, esime Paulo nɔ gaxɔ me le Roma la, ebia tso nɔviawo si be woado gbe ɖa ɖe ye ta, bena yeate ŋu ayi edzi ‘alé dzi ɖe ƒo’ agblɔ nyanyuia. (Ef. 6:18-20) Le esi Paulo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋu o ta la, ete ŋu gblɔ Mawu ƒe nya la kple dzideƒo.—Kor. II, 4:7; Fil. 4:13.

4 Nenema kee wòle egbea hã. Nɔviŋutsu aɖe si wòsesẽna na be wòaɖe eɖokui afia le dɔwɔƒe be Yehowa Ðasefoe yenye, kple be wòaɖi vomeɖase na eƒe dɔwɔhatiwo la, do gbe ɖa le nyaa ŋu eye wòdze ɖaseɖiɖi gɔme. Le gɔmedzedzea me la eƒe dɔwɔhati aɖe gbe nyaa sese, gake esi nɔvia ƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu la, eʋãe wòlɔ̃ wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Tso ema dzi la, nɔviŋutsua wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ ɖia ɖase na eƒe dɔwɔhatiwo. Eva ʋu yi dɔwɔƒe bubu, eye le afima la, ekpe ɖe ame 34 ŋu woxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 14 dome. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ míawo hã nenema ke be ‘míagblɔ eƒe nya la kple dzideƒo katã.’—Dɔw. 4:29.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe