INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 11/1 axa 4-7
  • Gbɔdɔdɔ Ŋuti Nyabiase Ewo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔdɔdɔ Ŋuti Nyabiase Ewo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ (Porno) Ŋu? Ðe Nane Gblẽ Le Dzeɖoɖo Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu To Internet Dzi Ŋua?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nukae Gblẽ le Gbegblẽnyawo Sese le Telefon Dzi Ŋu?
    Nyɔ!—2004
  • Ðe Biblia Tsri Gbɔdɔdɔ Ƒe Vivisesea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe
    Nyɔ!—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 11/1 axa 4-7

Gbɔdɔdɔ Ŋuti Nyabiase Ewo Ƒe Ŋuɖoɖowo

1 Gbɔdɔdɔe nye nu vɔ̃ si Adam kple Xawa wɔ le Eden bɔa mea?

▪ Ŋuɖoɖoa: Ame geɖe susuna be ati si ŋu wode se ɖo le Eden bɔa me la le tsitre ɖi na gbɔdɔdɔ. Gake Biblia megblɔ nenenma o.

Bu eŋu kpɔ: Mawu de se na Adam be negaɖu “ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃” o hafi va wɔ Xawa. (1 Mose 2:15-18) Esi wònye Adam ɖeka koe li ɣemaɣi ta la, sedede sia mate ŋu aku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu o. Azɔ hã, Mawu gblɔ na Adam kple Xawa eme kɔ nyuie be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi.” (1 Mose 1:28) Ðe lɔlɔ̃ ƒe Mawu ade se na atsu kple asi gbãtɔawo be woadzi ‘ayɔ anyigba la dzi’—si bia be woadɔ wo nɔewo gbɔ godoo—evɔ wòatso kufia na wo emegbe be wowɔ ɖe yeƒe sea dzia?—1 Yohanes 4:8.

Gawu la, esi Xawa srɔ̃ŋutsua menɔ egbɔ o ye wògbe ati si ŋu wode se ɖo la ƒe “tsetse aɖe heɖu, eye [emegbe] wòna srɔ̃a, si le egbɔ hã wòɖu.”—1 Mose 3:6.

Mlɔeba, esi Adam kple Xawa dɔ wo nɔewo gbɔ hedzi viwo la, Mawu mebu fɔ wo ɖe ema ta o. (1 Mose 4:1, 2) Eya ta eme kɔ ƒãa be menye gbɔdɔdɔe nye nu vɔ̃ si Adam kple Xawa wɔ o, ke boŋ atikutsetse ŋutɔŋutɔ aɖe si ŋu wode se ɖo na woe woɖu.

2 Ðe Biblia tsri dzidzɔkpɔkpɔ ɖe gbɔdɔdɔ ŋua?

▪ Ŋuɖoɖoa: Biblia gbalẽ gbãtɔ gblɔ be Mawu ŋutɔe wɔ amegbetɔwo wonye “ŋutsu kple nyɔnu.” Mawu gblɔ tso eƒe nuwɔwɔwo ŋu be “wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:27, 31) Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia ŋlɔla aɖe wòxlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be: ‘Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu. Eƒe no nemu wò.’ (Lododowo 5:18, 19) Ðe nya mawo fia be Biblia tsri dzidzɔkpɔkpɔ ɖe gbɔdɔdɔ ŋua?

Edze ƒãa be menye vidzidzi ta koe Mawu wɔ vidzinuwo ɖo o, ke boŋ be srɔ̃tɔwo nase vivi le gbɔdɔdɔ me ahato edzi aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo. Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dome gbɔdɔdɔ ate ŋu akpɔ woƒe ŋutilãme kple seselelãme nuhiahiã vevi aɖewo gbɔ na wo.

3 Ðe Biblia da asi ɖe edzi be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ wo nɔewo gbɔ abe srɔ̃tɔwo ene ne womeɖe wo nɔewo oa?

▪ Ŋuɖoɖoa: Biblia gblɔe eme kɔ ƒãa be: “Mawu adrɔ̃ ʋɔnu agbe gbegblẽ nɔlawo kple ahasiwɔlawo.” (Hebritɔwo 13:4) Helagbe me nya por·neiʹa, si gɔme woɖe be agbe gbegblẽ nɔnɔ la fia ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe vidzinuwo zazã atsɔ aɖi kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro.a Eya ta mesɔ le Mawu ŋkume be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ wo nɔewo gbɔ abe srɔ̃tɔwo ene esi womeɖe wo nɔewo o—ne woɖoe be yewoava ɖe yewo nɔewo emegbe kura gɔ̃ hã.

Ne ŋutsu kple nyɔnu aɖe lɔ̃ wo nɔewo vevie gɔ̃ hã la, Mawu ƒe nudidie nye be woaɖe wo nɔewo hafi akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me. Mawue de lɔlɔ̃ mía me. Lɔlɔ̃e nye eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme vevitɔ. Eya ta susu nyui aɖewo li si tae wòde se be srɔ̃tɔwo koe kpɔ mɔ akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me ɖo, eye nyati si kplɔe ɖo adzro susu mawo me.

4 Ðe Biblia da asi ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe dzia?

▪ Ŋuɖoɖoa: Ɣeaɖeɣi va yi la, Mawu ɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu. (1 Mose 4:19; 16:1-4; 29:18–30:24) Gake menye Mawu ƒe ɖoɖoe wònye be ame naɖe srɔ̃ geɖe o. Nyɔnu ɖekae wòwɔ na Adam.

Mawu dɔ Yesu Kristo wòva gbugbɔ Eƒe ɖoɖo si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la ɖo te. (Yohanes 8:28) Esi wobia nya Yesu tso srɔ̃ɖeɖe ŋu la, egblɔ be: “Ame si wɔ ame tso gɔmedzedzea me la, atsu kple asi wòwɔ woe, eye wògblɔ be, ‘Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka.’”—Mateo 19:4, 5.

Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka wòŋlɔ ɖi be: “Srɔ̃ nanɔ ŋutsu sia ŋutsu si, eye srɔ̃ nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si.” (1 Korintotɔwo 7:2) Biblia gblɔ hã be ele be ŋutsu si woaɖo agbanɔamedzinɔƒe le Kristotɔwo ƒe hamea me la nanye “nyɔnu ɖeka srɔ̃.”—1 Timoteo 3:2, 12.

5 Ðe wògblẽ be srɔ̃tɔwo nazã mɔxexeɖefufɔfɔnu mɔnuwoa?

▪ Ŋuɖoɖoa: Yesu mede se na eyomedzelawo be woadzi vi o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke hã mede se ma tɔgbi o. Biblia me nya aɖeke metsi tre ɖe mɔxexeɖefufɔfɔnu ŋu o.

Eya ta srɔ̃tɔwo kpɔ mɔ atso nya me be yewoadzi vi loo alo yewomadzi o. Eye wokpɔ mɔ atso nya me le vi agbɔsɔsɔme si woadzi kple ɣeyiɣi siwo me woadi be yewoadzi wo hã ŋu. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖe tiae be yewoazã mɔxexeɖefufɔfɔnu mɔnu aɖe si manye fuɖeɖe o la, woawo ŋutɔwo ƒe nyae.b Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu wo o.—Romatɔwo 14:4, 10-13.

6 Nu gbegblẽe fuɖeɖe nyea?

▪ Ŋuɖoɖoa: Agbe nye nu kɔkɔe le Mawu ŋkume, eye ebua fugboe kura gɔ̃ hã be enye ame gbagbe. (Psalmo 139:16) Mawu gblɔ be woabia hlɔ̃ ame si wɔ nuvevi vinɔdɔme. Esia fia be ebua vi si womedzi haɖe o ƒe agbe ɖeɖeɖa be enye amewuwu.—2 Mose 20:13; 21:22, 23.

Ke ne nɔnɔme sesẽ aɖe va do mo ɖa le vidziɣi, si na vidzĩa kple dadaa siaa ƒe agbe ɖo afɔku me, eye wo dometɔ ɖeka ƒe agbe ko woate ŋu aɖe ya ɖe? Le go sia me la, srɔ̃tɔawo atso nya me le wo dometɔ si ƒe agbe ta woakpɔ ŋu.c

7 Ðe Biblia ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋua?

▪ Ŋuɖoɖoa: Ɛ̃, Biblia ɖe mɔ ɖe srɔ̃gbegbe ŋu. Gake Yesu tɔ asi nu ɖeka si ta ko ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖo la dzi esi wògblɔ be: “Ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le agbe gbegblẽ nɔnɔ [gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔna me kple ame si menye srɔ̃a o] ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.”—Mateo 19:9.

Mawu lé fu ame siwo toa alakpa alo ayemɔ dzi gbea wo srɔ̃wo. Abia akɔnta tso ame siwo gbea wo srɔ̃wo le numaɖinuwo ta la si, vevietɔ ame siwo wɔnɛ kple susu be yewoaɖe ame bubu.—Maleaxi 2:13-16; Marko 10:9.

8 Ðe Mawu da asi ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ dzia?

▪ Ŋuɖoɖoa: Biblia de se ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu tẽe, eye ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ hã le eme. (Romatɔwo 1:26, 27; Galatiatɔwo 5:19-21) Togbɔ be Biblia tsi tre ɖe nuwɔna ma ŋu hã la, míenyae be “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

Togbɔ be Kristotɔ vavãwo medea nuwɔna sia dzi o hã la, wonyoa dɔme na ame sia ame. (Mateo 7:12) Mawu di be ‘míabu ame ƒomeviwo katã.’ Eya ta Kristotɔ vavãwo mebua ŋutsu ŋutsugbɔdɔlawo, alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo be wonye yewoƒe futɔwo o.—1 Petro 2:17.

9 Ðe nane gblẽ le gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ le telefon dzi, gbɔdɔnuwo ɖoɖoɖa to telefon dzi, alo dzeɖoɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu to Internet dzi ŋua?

▪ Ŋuɖoɖoa: Gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ le telefon dzi fia dze gbegblẽwo ɖoɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu le telefon dzi. Gbɔdɔnuwo ɖoɖoɖa to telefon dzi fia amamaɖefotowo alo gbɔdɔdɔ ŋuti nyawo ɖoɖoɖa to telefon dzi. Dzeɖoɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu to Internet dzi fia gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ, nuŋɔŋlɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu, alo amamaɖefotowo ɖoɖo ɖe ame to Internet dzi.

Biblia meƒo nu tso egbegbe nuwɔna siawo ŋu tẽe o. Gake míexlẽ le Biblia me be: “Migana woayɔ agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi aɖeke alo ŋukeklẽ ŋkɔ teti gɔ̃ hã le mia dome o, abe ale si ko wòdze ame kɔkɔewo ene; kple ŋukpenanuwɔwɔ alo bometsinyagbɔgblɔ, alo fefenya madzeto, nu siwo mesɔ o.” (Efesotɔwo 5:3, 4) Gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ le telefon dzi, gbɔdɔnuwo ɖoɖoɖa to telefon dzi, alo dzeɖoɖo tso gbɔdɔdɔ ŋu to Internet dzi nana gbɔdɔdɔ ŋuti nukpɔsusu totro sua ame si, eye wòdea dzi ƒo na ame be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple ame si menye srɔ̃a o. Nuwɔna siawo mekpena ɖe ame ŋu be wòaɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro dzi o, ke boŋ woƒlɔa dzo ɖe ame te be wòaɖi kɔ na dzodzro siawo le mɔ gbegblẽ nu.

10 Nya kae Biblia gblɔ tso ameɖokuigbɔdɔdɔ ŋu?

▪ Ŋuɖoɖoa: Biblia meƒo nu tso ameɖokuigbɔdɔdɔ—asilili ame ŋutɔ ƒe vidzinuwo ŋu atsɔ aɖi kɔ na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro—ŋu tẽe o. Gake Mawu ƒe Nya de se na Kristotɔwo be: “Eya ta miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, [kple] gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro [si mesɔ o] la gome.”—Kolosetɔwo 3:5.

Ameɖokuigbɔdɔdɔ tua ɖokuitɔdidi kple nukpɔsusu totro ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu ɖo ɖe ame me. Biblia na kakaɖedzi mí be Mawu ate ŋu ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” ame siwo dzea agbagba vevie be yewoaɖe asi le numame sia ŋu.—2 Korintotɔwo 4:7; Filipitɔwo 4:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Por·neiʹa lɔ nuwɔna bubu siwo mewɔ ɖeka kple tameɖoɖo si ta Mawu wɔ vidzinuwo ɖo o hã ɖe eme, abe ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, alo lãwo gbɔdɔdɔ ene.

b Ne èdi be yeanya ne nu si nana wodzia vi ƒe akpa aɖe lalã ɖa atsɔ axe mɔ ɖe fufɔfɔ nu (sterilization) sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu hã la, ke kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le June 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 27-28.

c Ne èdi be yeanya ne asɔ be ame si gbɔ wodɔ sesẽe wòfɔ fu naɖe fua hã la, ke kpɔ May 22, 1993 ƒe Nyɔ! axa 10-11, le yevugbe me. Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe