INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 58
  • Ðe Biblia Tsri Gbɔdɔdɔ Ƒe Vivisesea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Biblia Tsri Gbɔdɔdɔ Ƒe Vivisesea?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Na Yehowa Nali Ke Wò Srɔ̃ɖeɖea Eye Wòakpɔ Eta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe
    Nyɔ!—2013
  • Nu Kae Kristotɔ Awɔ Be Eƒe Srɔ̃ɖeɖe Navivi?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Gbɔdɔdɔ Ŋuti Nyabiase Ewo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 58

Ðe Biblia Tsri Gbɔdɔdɔ Ƒe Vivisesea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia metsri vivisese le gbɔdɔdɔ me o, ɖe wòɖee fia boŋ be Mawu ƒe nunanae wònye na srɔ̃tɔwo. Ewɔ amegbetɔwo wonye “ŋutsu kple nyɔnu” eye wògblɔ tso eƒe nuwɔwɔ siawo ŋu be “wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:27, 31) Esime wòna ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ zu srɔ̃tɔwo la, egblɔ be “woanye ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Ðekawɔwɔ sia lɔ gbɔdɔdɔ ƒe vivisese kple kuku ɖe ame nɔewo ŋu vevie hã ɖe eme.

Biblia ɖɔ vivi si srɔ̃ŋutsu sena le srɔ̃ɖeɖe me ale: ‘Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu, eƒe no nemu wò, eye eƒe lɔlɔ̃ nena nanɔ ya mum ɖaa.’ (Lododowo 5:18, 19) Mawu di be nyɔnuwo hã nase vivi le gbɔdɔdɔ me. Biblia gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsu natsɔ nu si srɔ̃a dze na la nɛ; ke srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema ke na srɔ̃a.”—1 Korintotɔwo 7:3.

Srɔ̃tɔwo koe kpɔ mɔ akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me

Mawu ɖoe be ame siwo ɖe wo nɔewo koe kpɔ mɔ ade wo nɔewo gbɔ abe ale si wòdze le Hebritɔwo 13:4 ene. Mawunyakpukpui sia gblɔ be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o, elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu agbe gbegblẽ nɔlawo kple ahasiwɔlawo.” Ele be srɔ̃tɔwo nawɔ nuteƒe na wo nɔewo ahaku ɖe wo nɔewo ŋu. Menye kɔɖiɖi na ame ɖokui ɖokuitɔdiditɔe hea dzidzɔ gãtɔ kekeake vɛ o. Woakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake ne wowɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame sia dzi be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe