INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/04 axa 6
  • Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Hea Viɖewo Vɛ na Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Hea Viɖewo Vɛ na Mí
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Wɔ Aƒeme yi Aƒeme Dɔa Madzudzɔmadzudzɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Akɔkpekpe Kple Kuxi Siwo Le Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 8/04 axa 6

Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa Hea Viɖewo Vɛ na Mí

1 “Yi naɖatsa le Yerusalem-dua me, eye nade dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.” Dɔ siae Yehowa de asi na ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi be wòawɔ le blema Yerusalem ƒe ŋkeke mamlɛwo me.—Xez. 9:2-11.

2 Egbea Yehowa Ðasefowo le dɔ ma tɔgbe wɔm le xexeame godoo. Wowɔa esia to aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kutrikukutɔe me eye wotsɔa nyanyuia yina na amewo katã. Gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme naa mɔnukpɔkpɔ mí be míadi amesiwo lɔ̃ be yewoasrɔ̃ nyateƒea eye wòganyea nuxlɔ̃ame na amesiwo medi be yewoasee o. Èle gome kpɔm le agbeɖeɖedɔ sia mea? Èwɔnɛ bliboe alesi wò nɔnɔmewo aɖe mɔea?

3 Míekpɔa yayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ta esi míenyae be ƒe sia ƒe la, míekpena ɖe ame akpe geɖe ŋu wova srɔ̃a nyateƒea. Ne míewɔ aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa ɣesiaɣi veviedodotɔe la, mía ŋutɔwo hã míekpɔa viɖe gbogbo aɖewo tsoa eme. Le mɔ kawo nu? Wò ya bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ:

■ Enaa míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu dea to ɖe edzi. Zi geɖe alesi míele ɖase ɖim tso aƒeme yi aƒeme la, zi geɖe nenemae míeva kpɔa alesi amewo ‘le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo katã le edzi yim la ŋuti.’ Enaa míekana ɖe edzi bliboe be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam eye kpeɖodzi geɖe sua mía si be Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me koe ava kpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ.

■ Ekpena ɖe mía ŋu míetsea gbɔgbɔa ƒe kutsetse bliboe wu. Edze ƒã be ebia be míatse gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa sia akpa—lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu—bene míate ŋu anɔ te ɖe gbetɔame siwo míedoa goe le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me nu ahayi ewɔwɔ dzi.—Gal. 5:22-24.

■ Ekpena ɖe mía ŋu míeɖua amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Èɖo ŋku alesi nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme dzia? Gake ʋɛʋɛʋɛ la, vɔvɔ̃ ma do le mía me esi míeva kpɔe dze sii be dɔ vevitɔ kekeake enye be míaɖe gbeƒã nyanyuia axlɔ̃ nu amewo ale be amesiwo aɖo to la nakpɔ ɖeɖe. Amewo ƒe fewuɖuɖu alo gbegbe be yewomaxɔ mí o la medoa ŋɔdzi na mí o. Abe Yeremya ene la, kakaɖedzi va sua mía si be Yehowa le megbe na mí, eye esia tua míaƒe xɔse ɖo.—Yer. 1:17-19.

■ Enaa míebɔbɔa mía ɖokui. Míekpɔnɛ dzea sii be menye mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ alo ŋutetee na míete ŋu le dɔ sia wɔm o. Ke boŋ zi alesi míeyi edzi bɔbɔ mía ɖokui eye míetra alo ‘de megbe’ o ko la, Yehowa atsɔ ‘nusrɔ̃viwo ƒe aɖe ana mí,’ ale be míanya alesi ‘míaƒo nu na amesiwo míedoa goe.’—Yes. 50:4-6.

■ Edoa ŋusẽ míaƒe ŋutete be míaʋli nyateƒea ta. Be míate ŋu awɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, si le abe yi nueve ene ŋudɔ nyuie la, ehiã be míanɔ ezãm ɣesiaɣi. Zi alesi míezãa Biblia le míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa me la, zi nenemae míeva kpɔnɛ be ele “agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Heb. 4:12.

■ Edoa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ kple ŋutilã me. Ðaseɖiɖi tso aƒeme yi aƒeme ɣesiaɣi kpena ɖe mía ŋu míenɔa ŋute le gbɔgbɔ me, enaa dzitsinya nyui sua mía si, eye wònaa míekpɔa dzidzɔ. Le ame geɖe gome la, veviedodonu kple azɔlizɔzɔ si dɔ sia wɔwɔ bia la kpe ɖe wo ŋu wole lãmesẽ me wu.

4 Ne míebu viɖe gbogbo siwo aƒeme yi aƒeme dɔa hena vɛ na mía kple amesiwo ɖoa to mí siaa ŋu la, susu nyui geɖewo li si ta wòle be ‘míanɔ nusiawo dzi’ ɖo, si nye be míayi edzi akpɔ gome le eme bliboe edziedzi.—Tim. I, 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe