INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 5/93 axa 1
  • Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woayi Ŋgɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woayi Ŋgɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔ Wɔwɔ Aduadu Kple Míaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃dzikpɔla La
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • April—Enye ‘Agbagbadzedze Kple Kutrikuku’ ƒe Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ðe Míate Ŋu Awɔ April 2000 Míaƒe Ɣleti Nyuitɔ Kekeakea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • ‘Do Vevie Nu Le Dɔ Nyui Wɔwɔ Me’ Le April Me!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 5/93 axa 1

Kpe Ðe Ame Yeyewo Ŋu be Woayi Ŋgɔ

1 Le April 17, ƒe 1992 me la, ame miliɔn 11.5 kloe ƒo ƒu be woaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le xexeame katã. Esia nye gbeƒãɖela siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me ƒe agbɔsɔsɔ teƒe eve kple afã. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be woakpɔ be ameha sia gbegbe le zi nyẽm ‘yina ɖe Yehowa ƒe to la gbɔ’! (Mixa 4:2) Fifia la, amesiwo de miliɔn adre li, siwo le ɖe tsɔm le tadedeagu vavãtɔ me gake womele Yehowa kafum le gaglãgbe haɖe o. Nyateƒee, nya si Yesu gblɔ be “nuŋeŋe la sɔ gbɔ” la me va kɔ etɔxɛe fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe!—Mat. 9:37, 38.

2 Le May ƒe ɣletia me la, míadze agbagba tɔxɛ akpe ɖe amesiwo katã dze be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ŋu. Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla, si ŋu eƒe ƒuƒoƒoa me gbeƒãɖela kple mɔɖela bibi bubuwo akpe ɖo la awɔ akpa vevi aɖe le esia me. Míaƒe taɖodzinu etɔ̃ ƒokplie nye (1) be míawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kple ame yeye siwo va se dutoƒonuƒo tɔxɛa eye wova Ŋkuɖodzia ɖuƒe le ƒe sia me la; (2) be míade dzi ƒo na amesiwo le nu srɔ̃m be woazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo; kple (3) be míadzi mía ŋutɔwo míaƒe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi.

3 Ele be amesiame nadze agbagba ado vivi ɖe ame yeye siwo va míaƒe kpekpeawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu ahadze si wo nyuie. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔ siawo dometɔ geɖe wu be aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si woawɔ edziedzi nanɔ wo si?

4 Le mamã dedie nu la, wowɔ Biblia nusɔsrɔ̃ 58,590 le Ghana le ƒe 1992 subɔsubɔƒea ƒe ɣleti ɖesiaɖe me. Gbeƒãɖelawo ate ŋu amia asi woƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla be wòakplɔ wo ayi Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔƒee be wòanya nusrɔ̃viawo. (km EW 5/81 axa 1) Biblia nusrɔ̃vi siawo dometɔ aɖewo anɔ kpekpewo dem eye woadze be woakpɔ gome le aƒeme yi aƒeme dɔa me. Ðe ame yeyewo le ɖase ɖim le vome edziedzia? Ðe woɖo nusiwo wodi tso gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo si la gbɔ, abe alesi Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa ƒe axa 97-9 gblɔ enea? Ne nenemae la, ƒo nu tso alesi woadze aƒeme yi aƒeme dɔa gɔmee ŋu na wo ne woda asi ɖe wo dzi be woazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo.

5 Mele be míaŋe aɖaba aƒu alesi míade dzi ƒo na mía nɔewo le Kristotɔwo ƒe hadede me la dzi o. (Heb. 10:24, 25) Ne ame aɖewo gbɔdzɔ le woƒe subɔsubɔdɔa me la, ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nawɔ ɖoɖo nyuiwo atsɔ ana kpekpeɖeŋu kple dzideƒo wo. Ɣeaɖewoɣi la, nusi hiã koe nye be míakpe wo vividoɖeameŋutɔe be woayi gbeadzi kpli mí.

6 Gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔwɔ le May ƒe ɣletia me wòaɖe dzesi la bia mí katã ƒe asikpekpeɖeŋu. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ƒe ŋgɔxɔxɔ dzonɔamemetɔe ate ŋu aɖe vi ne ekpe ɖe eƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe ŋu be wòakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me bliboe. Woate ŋu awɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo bubuwo akpee. Woate ŋu awɔ ɖoɖo tɔxɛ na ame tsitsiwo, eye woate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu le alesi wòanya wɔ na woe nu. Ele be dzilawo nakpɔ egbɔ be ƒome bliboa katã kpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le May me. Ne mí katã míewɔ míaƒe ŋutete le Yehowa ƒe dɔa me le nuŋeɣi sia me la, míaxɔ eƒe yayra geɖe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe