Sɔhɛwo—Mitsɔ Aɖaŋudzedze Fia Mɔ Miaƒe Afɔɖeɖewoe
1 Mía Fofo Yehowa tsɔ ɖe le sɔhɛwo ƒe gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi me vevie. Ne sɔhɛwo ɖo to eƒe lɔlɔ̃sededewo le nunya me la, menye ɖeko wodoa dzidzɔ na eƒe dzi ko o, ke boŋ wonaa gbɔɖeme woa ŋutɔwo ƒe luʋɔwo hã. (Lod. 27:11; Mat. 11:28-30) Woɖea mɔ na Yehowa be wòafia mɔ woƒe afɔɖeɖewo le aɖaŋu me.—Lod. 16:9.
2 Kristo Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi esi wònye sɔhɛ si ŋu Mawu kple amewo siaa kpɔ ŋudzedze ɖo. (Luka 2:52) Ele be sɔhɛ siwo li egbea hã nadze agbagba awɔe nenema ke. Ne wole mɔ fiam sɔhɛ ƒe afɔɖeɖewo le aɖaŋu me la, ele be wòadze le eƒe gbɔgbɔmenudidiwo me. Esi Yesu xɔ ƒe 12 la, wonyae nyuie le eƒe didi be yeaƒo nu na amewo le Yehowa ŋuti la ta. (Luka 2:46, 47) Sɔhɛ siwo li egbea la hã di nenema ke be yewoaƒo nu tso yewoƒe xɔse ŋuti na ame bubuwo.—wEW90 7/1 axa 29-30; w87 1/12 axa 21.
3 Nukae mi sɔhɛwo miate ŋu awɔ fifia vevietɔ le mɔkeke si gbɔna la me be ‘miatsɔ miaƒe kesinɔnuwo ade bubu Yehowa ŋui’? (Lod. 3:9) Nukatae màdzi ɣeyiɣi si nètsɔ wɔa gbeƒãɖeɖe kple nufiafia le nyanyuia ŋuti ƒe dɔ ɖe edzi, ɖewohĩ be nàwɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa kura gɔ̃ hã o? Wò dzidzɔkpɔkpɔ si adzi ɖe edzi hekpe ɖe viɖe bubu siwo wò ŋutɔ nàkpɔ ŋu ne èdzi subɔsubɔdɔa ɖe edzi la awɔ nuku na wò. Esia anye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàwɔ dɔ le gbeadzi kple gbeƒãɖela vovovo geɖe. Àte ŋu adze egɔme fifi laa be nàkpe gbeƒãɖela bibi ɖeka alo eve be woawɔ dɔ kpliwò le kwasiɖanuwuwu sia.
4 Dzilawo ate ŋu anye kpekpeɖeŋu kple dzideƒo gã aɖe na wo viwo to wɔwɔfiawo me toto ɖekae kple wo kpɔkplɔ ayi gbeadzi me. Ame tsitsi bubu siwo le hamea me la ate ŋu ado ŋgɔ abia sɔhɛwo be woakplɔ wo ayi aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me, kple tɔtrɔyi kpakple Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒee. Ne sɔhɛwo de ha kple gbeƒãɖela mawo siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me la, ado ŋusẽ wo ahakpe ɖe wo ŋu be ‘woatsi ayi ŋgɔ.’—Heb. 6:1.
5 Ehiã be Kristotɔ ɖesiaɖe nadzi eƒe nufiafiaŋutete ɖe edzi. Womeɖe sɔhɛwo le eme o. Ðe mi sɔhɛwo miedzrana ɖo nyuie ɖe dɔdasi siwo mɔnukpɔkpɔ asu mia si be miawɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la ŋua? Ðe nuxexlẽ kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ kpakple ŋugbledede ŋuti ɖoɖowɔɖi si dzi nèwɔna ɖo ɣesiaɣi la le asiwòa? Ðe wò ŋutɔ nèlɔ̃na wɔa nusiwo nèsrɔ̃na la ŋudɔa? Ðe nèdzrana ɖo nyuie ɖe kpekpeawo ŋu be nàse nusɔsrɔ̃awo gɔme nyuie hele klalo be yeaɖo nya ŋua? Ðe nèdea dzesi nya vevi siwo wogblɔna le kpekpeawo me hedzea agbagba be yeawɔ aɖaŋu siwo woɖo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa me la ŋudɔa?
6 Mègado taflatse ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàkpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo me eye be nàkpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe lãme gblẽ la ŋu le woƒe aƒemedɔwo wɔwɔ me alo le mɔ ŋɔtɔŋutɔ bubuwo nu o. Mègagbe wò ŋutɔ wò nudzɔdzɔ si nàna edziedzi be woatsɔ akpɔ Fiaɖuƒe Akpata ƒe gazazãwo kple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa gbɔ la o.
7 Ne ‘míele ŋudzɔ le Yehowa ƒe nya nu’ eye míeɖe mɔ nɛ be wòafia mɔ míaƒe afɔɖeɖewo la, ahe dzidzɔkpɔkpɔ kple subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo sɔ gbɔ fũ la vɛ na mí.—Ps. 119:9.