INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/93 axa 3
  • Àte Ŋu Awɔea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Awɔea?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Taɖodzinu Nyui Aɖe Si Míaɖo Le Subɔsubɔƒe Yeyea Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Míehiã—Kpekpeɖeŋu Mɔɖela 5,000
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Ðe Gbeƒã Yehowa Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 8/93 axa 3

Àte Ŋu Awɔea?

1 Àbia be, ‘Woawɔ nuka?’ Lododowo 3:27 ɖo eŋu be: “Mègate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” Ðe “ŋutete le ŋuwò” be nàdzi wò dɔwɔnawo ɖe edzi awɔ kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa? Àte ŋu awɔea?

2 Aleke gbegbe exexlẽ le ƒe 1993 Ƒegbalẽa me be gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖela 3,585 ye nɔ Ghana, esi fia be gbeƒãɖela 10 dometɔ ɖeka nye mɔɖela hede dzi ƒo na amee nye si. Ẽ, ame 488 ye ge ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔa me le ƒe si va yi me. Esia fia be gbeƒãɖela 40 kloe dzro woƒe nɔnɔmewo me ɣleti ɖesiaɖe hekpɔ be yewoate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me.

3 Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔ si dzi míato awɔ nyui na ame bubuwo. Le ƒe si va yi me la, amesiwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔe nye ame 3,168. Esia nyo ŋutɔ. Gbeƒãɖela geɖewo le mɔnuwo dim be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa zi geɖe le ƒea me.

4 Be nànya ne àte ŋu ‘awɔe’ alo màwɔe o la, gbã la, ele be nàbu nusi ʋã wò dzi la ŋu. (Mat. 22:37-39) Dɔwɔwɔwo 20:35 gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” Ðikeke mele eme o be didi nyui le amesiwo naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu faa tso dzime la me. Be nànye gbeƒãɖela alo mɔɖela nyui la, ele vevie be didi ma nanɔ mewò.

5 Nu eveliae nye be nàbu wò fifi nɔnɔmewo ŋu. Àte ŋu atrɔ asi le wò gbesiagbenuwɔnawo ŋu be nàwɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa? Menye amesiamee ate ŋu awɔe ya o. Gake ƒe sia ƒe ne ame akpe geɖewo dzro wo ɖokui me le gbedodoɖa me vɔ la, wodia mɔ si dzi woato ‘awɔe’ la. (Kol. 4:5; w77 axa 701) Le kpɔɖeŋu me, ƒome aɖewo tiaa ɣleti aɖewo siwo me woƒe ƒomea me tɔ aɖewo alo wo katã nawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ la. Ƒome bubuwo kpena ɖe woƒe ƒomea me tɔ ɖeka ŋu be wòawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔ la. Ðe miaƒe ƒomea le esiawo ŋu buma?—Kpɔ Lododowo 11:25.

6 Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya nyateƒea ye naa dzidzeme vavãtɔ ame, èɖanye gbeƒãɖela alo mɔɖela o. Míenya be nyuiwɔwɔ na ame bubuwoe nana wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ, vevietɔ ne ele ‘míaƒe ŋutete me be míawɔe.’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe