Aleke Woasee Ne Míetrɔ Yi O?
1 “Aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã?” (Rom. 10:14) Ẽ, aleke woase nyateƒea gɔme ne míewɔ tɔtrɔyi tsekuwo o? Aƒemenɔla ɖesiaɖe si míete ŋu ɖo dze tso Fiaɖuƒegbedasia ŋuti na la dze be míatrɔ yi egbɔ. Ðewohĩ míate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me nya bubu siwo le agbalẽvi ɖesiaɖe si míena me la atsiã ɖe míaƒe dzeɖoɖo gbãtɔ nu le ɣleti sia me eye esia ate ŋu ana míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme dzidzedzetɔe.
2 Ne agbalẽvi si nye “A Secure Future—How You Can Find It” ye nèna la, àte ŋu adze dzeɖoɖo si akplɔ mi ayi Biblia-nusɔsrɔ̃ gbɔe la gɔme ale. Àte ŋu afia asi eƒe akpa ahagblɔ be:
◼ “Àdi be mia kple wò ƒomea mianɔ xexe aɖe si ƒe etsɔ me anɔ dedie godoo la mea? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe trɔ ɖe memamã 2 lia ŋu.] Togbɔ be ame geɖe gblɔna be manya wɔ o hã la, didi sia le mí katã me. Menye nusi manya wɔ le Mawu, amesi do ŋugbe be yeana esia nava eme gbɔ o.” Xlẽ Yesaya 32:17, 18 si woŋlɔ ɖe mememã 2 lia me alo xlẽe tso wò Biblia me. Yi edzi eye nàgblɔ be ame aɖewo le xexeame katã siwo etsɔ me mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le na wole dzidzɔ kpɔm eye woƒe susu dze akɔ anyi xoxo. Dzro Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le mememã 3 lia me eye nàɖe eme alesi agbalẽvia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe aƒemenɔla la ŋu wòasrɔ̃ nu geɖe. Ne amea tsɔ ɖe le eme la, wɔ ɖoɖo nàtrɔ yi kaba be miayi numedzodzroa dzi.
3 Ne èna “Is There a God Who Cares?” ƒe agbalẽvia eye nètrɔ yi la, ɖewohĩ nya sia tɔgbe anyo:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míedzro biabia si gblɔ be, Ðe Mawu aɖe li si tsɔ ɖe le eme na mía? la me. Èsusu be Mawu tsɔ ɖe le eme na mí vevie be wòahe fukpekpe kple nuvlowɔwɔ ava nuwuwuia? [Ne amea ɖo eŋu vɔ la, trɔ ɖe memamã 32 lia ŋu eye nàyi nuƒoa dzi.] Mawu do ŋugbe be yeatsɔ xexeme yeye si me ame nyui siwo le ŋutifafa me anɔ la axɔ ɖe xexeme vɔ̃ɖi sia teƒe. [Xlẽ Psalmo 37:11.] Mía kpli wò míate ŋu anɔ agbe le xexe yeye ma me ne míexɔ Biblia dzi se eye míewɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo ŋudɔ.” Ðe ɖoɖo si míewɔna tsɔ kpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ Biblia la me nɛ.
4 Ne èna “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” ƒe agbalẽ gbadza la eye nètrɔ yi la, àte ŋu atsɔ akpadzinɔnɔmetataa afiae gbã ahabiae be:
◼ “Aleke nèbu be agbe nɔnɔ le xexe deblibo me anɔ? [Na aƒemenɔla la naƒo nu.] Menye nuŋububukpɔ dzro aɖe ko kpɔm nèle le nɔnɔmetata sia me o; enɔ te ɖe Biblia me ŋugbedodo siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4 kple Psalmo 37:11, 29.] Madi be magblɔ alesi mia kple wò ƒomea miate ŋu ase vivi le yayra sia mee la na wò.” Yi nuƒoa dzi le alesi aƒemenɔla la wɔ nui nu, eye nàgblɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplii.
5 Ne míeke ɖe anukwaretɔ siwo le nyateƒea dim ŋu la, míeɖea lɔlɔ̃ vavã si le mía si la fiana ne míetrɔ yi wo gbɔ be míakpe ɖe wo ŋu woawɔ ɖe nusiwo wose la dzi. Míewɔa nyateƒe kɔkɔe si wode asi na mí la ŋudɔ be wòanye yayra mavɔ na mí kple amesiwo ɖoa to mí siaa.—Tim. I, 4:16.