Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la Sɔsrɔ̃ abe Kekeliviwo Ene
1 Yesu gblɔ le eɖokui ŋu be: “Nyee nye xexeame ƒe kekeli.” Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu ta la, woawo hã nye “xexeame ƒe kekeli.” (Mat. 5:14) Esi Yesu nye “xexeame ƒe kekeli” ta la, ete ŋu gblɔ be “agbe la ƒe kekeli” anɔ amesiwo katã asrɔ̃ ye la si. (Yoh. 8:12) Ema wɔ mí gbɔgbɔmekekelivi siwo mele be míana naneke naɣla kekeli ma alo atsyɔ eŋkume o.
2 Yehowa ƒe habɔbɔ naa hehe mí tsɔ fiaa alesi míanye kekelivi nyuiwoe mí. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia siwo míexɔna dzi la, míate ŋu akɔ nu me na ameƒomeviwo katã le Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ŋu. (Tim. I, 4:6) Menye nuƒoƒo tso nyateƒea ŋu le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me koe kekeliviwo nyenye bia o ke ebia hã be mí Kristotɔwo míanɔ agbe nyui. Vlododo aɖeke menɔ míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la ƒe agbenɔnɔ ŋu o. Esi míenye eyomedzelawo ta la, ele be míaɖee afia be Kristotɔnyenye nue míenɔa agbe ɖo gbesiagbe. (Ef. 5:9; Tito 2:7, 8, 10) Ele be míawɔ dɔ nyui siwo ame bubuwo ate ŋu akpɔ, eye wòaʋã wo be woakafu Mawu.—Mat. 5:16.
3 Wobia tso Ðasefo aɖe si be wòana kpekpeɖeŋu aɖe si tɔgbe mebɔ o esime wònɔ aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm. Ŋutsu si le aƒea me kple srɔ̃a nɔ dɔ lém vevie, gake wodi be yewoada ga ɖe gadzraɖoƒe. Wobia Ðasefoa be ate ŋu atsɔe ayi na yewo hã. Elɔ̃ ɖe edzi eye wotsɔ ga dɔlar 2,000 nɛ be wòatsɔ ayi gadzraɖoƒee! Esi wòtrɔ gbɔ la, ebia wo be: “Aleke miewɔ te ŋu ka ɖe dzinye esi mienyam gɔ̃ hã o?” Woɖo eŋu be: “Míenya, eye amesiame hã nya, be Yehowa Ðasefowo dzi ko woate ŋu aka ɖo.” Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si be míaƒe wɔwɔ ɖe Biblia me agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo dzi tututu hea kafukafu si nye bubu na Mawu la vɛ!
4 Klass gbãtɔ ƒe nufiala aɖe ɖe nusita Ðasefo sukuvi aɖe si xɔ ƒe ade mekpɔ gome le ama dede Halloween-nɔnɔmetatawo me o me fia eƒe sukuxɔmeviwo. Nufiala la gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe nyɔnuvia ŋu ŋutɔ le esi wòléa dzi ɖe ƒo be yeato vovo le nusiwo dzi wòxɔ se ta la ta. Nufiala la gblɔ be ne míexɔ nane dzi se vevie la, ele be dzideƒo nanɔ mía si be míaʋli eta. Le zã ma me la, nufiala la dzro eya ŋutɔ ƒe dzixɔsewo me eye wòlɔ̃ ɖe edzi be yemeɖe dzideƒo ma ke fia tsɔ ʋli yeƒe dzixɔsewo ta o. Esi ŋu ke la, eɖe gbeƒãe be yemagana yeƒe sukuxɔmeviwo nakpɔ gome le azãɖuɖu siwo dometɔ aɖewo dzi ye ŋutɔ yemexɔ se o la ƒe ɖeke me azɔ o!
5 Yehowa ƒe amewo di vevie be yewoana yewoƒe akaɖi naklẽ eɖanye afika ke yewoɖale o. Ðeviwo ƒe agbenɔnɔ le suku si nye kpɔɖeŋu la wɔ dɔ ɖe sukuviwo kple nufialawo dzi vevie. Ðasefo tsitsi siwo ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana le afisi wole la na ame bubuwo ƒoa nu nyuie le Fiaɖuƒegbedasia ŋu. Vomeɖaseɖiɖi le nɔnɔme vovovowo me hea anukwaretɔ siwo di be yewoagasrɔ̃ nu geɖe. Míaƒe veviedodo kple anukwareɖiɖi le ŋutilãmedɔwɔƒewo gɔ̃ hã ɖia ɖase. Ẽ, eɖanye afika ke míele alo nuka ke wɔm míeɖale o, míate ŋu anyɔ ɖetsɔleme ɖe nyateƒea me.
6 Ne míena míaƒe ŋku nɔ míaƒe Kpɔɖeŋuɖola gã la ƒe agbenɔnɔ si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o ŋu la, míate ŋu ayi edzi ana míaƒe ŋutetewo nanyo ɖe edzi abe eƒe nusrɔ̃lawo ene. Eƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ ana míaƒe kekelia ‘naklẽ na amewo katã.’—Mat. 5:15; Pet. I, 2:21.