INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/95 axa 3-6
  • Ƒe 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo
  • Ƒe 1996 “Mawu Me Ŋutifafa Ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ƒe 1997 “Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Ƒe 1998 “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 11/95 axa 3-6

Ƒe 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe

1 Susu siwo ta wòle be dzi nadzɔ mí ɖo nenie le mía si? Ðewohĩ mía dometɔ ʋee aɖewo koe te kpɔ be míade dzesi wo katã. Togbɔ be tɔtɔ kple kakaɖedzimanɔamesi ƒe xexe mee míele hã la, nu geɖe li siwo ta wòle be dzi nadzɔ mí. Abe alesi woɖe gbeƒãe le June 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene la, “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” yenye tanya dedziƒoname si wotia na ƒe 1995 nutome gã takpekpeawo.

2 Míekafua Yehowa elabena efia nyateƒea mí. (Yes. 54:13; Yoh. 8:32) Míawo hã míetsɔa dzidzɔ gblɔa nyateƒea na amesiwo katã le dedienɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ dim. (Xez. 9:4; Dɔw. 20:35) Míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa hã na míekpɔa dzidzɔ. Gbɔgbɔmeƒome si me lɔlɔ̃ le hea dzidzeme kple dzidzɔkpɔkpɔ vɛ. Esiawo nye nusiwo ta míekpɔa dzidzɔ si ʋãa mí míekafua Yehowa la dometɔ ʋee aɖewo ko. Takpekpea me nuƒowo kple wɔwɔfiawo ahe míaƒe susu ayi Ŋɔŋlɔawo me nya bubu siwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo le ŋkeke mamle siawo siwo me xaxa bɔ ɖo me la dzi.

3 Ŋkeke Etɔ̃ ƒe Takpekpe: Ðe nèwɔ ɖoɖo kple wò dɔtɔ hebia mɔ be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã? Dzila siwo ƒe vi ade takpekpeawo dometɔ ɖeka esime wogale suku nana nufialawo nanya bubutɔe be ɖeviawo mava suku Fiɖagbe o le yewoƒe mawusubɔsubɔ ƒe tadedeagu ƒe akpa vevi sia ta. Takpekpewɔƒe kae tsɔ ɖe gbɔwò wu? June ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ yɔ takpekpe 23 siwo woawɔ le Ghana-lɔdzea ƒe anyigbamamã me la ƒe ɣletiŋkekeawo kple teƒe siwo woawɔ wo le. Va ɖo fifia la, miaƒe hamea ƒe agbalẽŋlɔla na mienya nya bubu siwo ku ɖe miaƒe hamea ŋu. Woawɔ takpekpeawo le Eŋlisigbe, Eʋegbe, Fanti, Frafra, Gɛgbe, Krɔbɔgbe, kple Twi me.

4 Takpekpea adze egɔme Fiɖagbe ŋdi ga 9:40 eye wòawu enu Kwasiɖagbe ɣetrɔ ga 3:50 lɔƒo. Takpekpea adze egɔme ŋdi ga 9:30 le Memleɖa kple Kwasiɖagbe.

5 Àdea?: Wode dzi ƒo na mí be míade takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã. Nukatae? Yehowa di be míanɔ afima. Egbea wodzea míaƒe xɔse kple gbɔgbɔmelãmesẽ dzi vevie. Paulo ɖo aɖaŋu le alesi “míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi . . . o” ŋu le ɣeyiɣi si me Kristotɔ siwo nɔ Yudea nɔ nyaƒoɖeamenu sesẽ aɖe me tom. (Heb. 3:12, 13; 10:25) “Dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina” ye Filipitɔwo nɔ. Gake wonɔ ‘keklẽm abe akaɖiwo ene le xexeame.’ (Fil. 2:15) Nukae na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siawo to vovo? Esi wowɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe mɔfiafia si fia wo be woakpe ta ɖekae be ‘woade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me’ la dzi le toɖoɖo me tae.—Heb. 10:24.

6 Xexeame akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi be míawɔ nusi to vovo na esia, eye ana míaƒe didi be míakpe ta kple mía nɔviwo ahakafu Yehowa la nu nafa. Wole mí katã kpem be míabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ te eye míakpɔ gome le takpekpea ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã me. Ðe míeɖoe kplikpaa be míayi kple míaƒe ƒomea katãa? Ele be míado ŋusẽ míaƒe lɔlɔ̃ kple xɔse edziedzi. Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe ƒe sia ƒe takpekpewo ŋu be woakpe ɖe mía ŋu le go sia me.

7 Tsɔ Kesinɔnu Yi Aƒemee: Aleke nàwɔ akpɔ viɖe geɖe wu tso takpekpea mee? Ne míagblɔe le nyagbe ɖeka me la, eyae nye “susu ƒe ŋutenɔnɔ.” Esia wɔwɔ mele bɔbɔe le egbe ƒe hadomegbenɔnɔ si me wotsia dzi ɖe nuwɔwɔ kabakaba ŋu le la me o. Ðewohĩ asesẽ na sɔhɛ siwo ŋu ŋusẽ le be woƒe susu nanɔ te, gake enye kuxi si dze ŋgɔ mí katã ne míeyi nutome gã takpekpe aɖe. Míakpɔe be anɔ bɔbɔe wu be míaƒe susu nanɔ te ne míewɔ ɖoɖo do ŋgɔ. Bia ɖokuiwò be, ‘Nukae nye takpekpea ƒe tanya?’ De ŋugble le eŋu! ‘Nukata meyina, eye nukae manɔ wɔwɔm le ŋkeke etɔ̃awo me? Ðe manɔ modzakaɖeɖe ko dzi le fiẽwo mea, alo ɖe mewɔ ɖoɖo be magbɔ ɖe eme nyuie eye mato takpekpea me nya veviwo mea?’

8 February 1, 1984 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Ðe Nèdea Ŋugblea alo Ðeko Wò Susu Nɔa Tsatsam?” ɖo aɖaŋu geɖe le alesi míawɔ akpɔ viɖe le kpekpe me wu ŋu eye wògblɔ nya sia be: “Ðewohĩ ame ƒe susu mamlãe nye nu vevitɔ wu.” Ne nuƒola dze nuƒoa gɔme la, zi geɖe la míenɔa to dzi, gake ɖewohĩ ne míese nuƒoa ƒe akpa aɖe vɔ la, míenaa míaƒe susu “nɔa tsatsam.” Aleke míawɔ ana be esia nagadzɔ o?

9 Enyo be míagbugbɔ aɖaŋu siwo míeɖo le ɣeyiɣi siwo va yi me agblɔ elabena wowɔa dɔ. Ne anya wɔ la, dze agbagba godoo nàgbɔ ɖe eme nyuie le zã ɖesiaɖe me. Esia menya wɔna ɣesiaɣi o elabena ɖewohĩ àzɔ mɔ, eye ne amedzrodzeƒe ye nèdze la, ɖewohĩ màmlɔ anyi kaba alo aɖi ɖe eme nyuie abe aƒeme ene o. Zi geɖe la, ɖoɖo nyui wɔwɔ ana nàgbɔ ɖe eme alesi dze.

10 Nuŋlɔɖi kpuiwo wɔwɔ kpena ɖe amewo ŋu woƒe susu nɔa ŋute. Gake ne ète kpɔ be yeaŋlɔ nyawo ɖi fũ la, ɖewohĩ màse nya vevi aɖewo kura o. Míele aɖaŋu ɖom be nàwɔ nuŋlɔɖi kple susu be Biblia-nusrɔ̃vi alo ame tsiteƒeɖeka aɖee nègbɔna takpekpea me nya veviwo gblɔ ge na. Togbɔ be ame aɖeke manɔ susu me na wò ale o hã la, taɖodzinu aɖe anɔ asiwò le nuŋlɔɖia wɔwɔ me, eye le takpekpea megbe la, ɖewohĩ àkpɔ mɔnu agblɔ nuƒoawo me nyati veviwo ne èle vome ɖase ɖim na wò ƒometɔ siwo nye dzimaxɔsetɔwo. Ne èwɔ nuŋlɔɖiwo hegblɔ nya siwo nèse na ame bubuwo la, màŋlɔ nyaawo be kaba o. Nyawo gbɔgblɔ na míegaɖoa ŋku wo dzi wu.

11 Togbɔ be womawɔ nuɖuɖu ƒe ɖoɖo deŋgɔ aɖeke o hã la, woagblẽ ga geɖe ɖe nusiwo míezã le takpekpea wɔwɔ me ŋu kokoko, eye agbadɔtutu, tsi kple elektrik-ŋusẽ ŋu fewo, kple bubuwo nɔa eme zi geɖe. Afikae wokpɔa ga tsona tsɔ xea fe siawoe? To míaƒe lɔlɔ̃nu faa nunana siwo ate ŋu anye ga alo gaxɔgbalẽvi si dzi míaŋlɔ ga home aɖe ɖo be woaxe na “Watchtower Convention” me. Esia wɔ ɖeka kple nya siwo le Psalmo 96:8 kple Kronika II, 31:12.

12 Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo Dea Bubu Yehowa Ŋu to Mawusosroɖa ƒe Agbenɔnɔ Me: Le ƒe si va yi me la, míexɔ míaƒe agbenɔnɔ ŋuti nyatakaka nyui dedziƒonamewo tso ame aɖe si wɔa dɔ le amedzrodzeƒe kple takpekpewɔƒewo ƒe dɔwɔlawo gbɔ. Amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe gblɔ be: “Enyea dzidzɔ ɣesiaɣi be míaxɔ Ðasefowo elabena wogbɔa dzi ɖi eye wowɔa nu aduadu kpli mí eye woƒe ŋku nɔa wo viwo ŋu vevie.” Amedzrodzeƒe ƒe amegã bubu hã gblɔ be edze abe Ðasefowo kpɔa dzidzɔ wu eye wowɔa nu ɖe ɖoɖo nu sã wu ƒuƒoƒo bubuwo ene. Togbɔ be míaƒe takpekpeae nye gãtɔ kekeake si wowɔ le nutoa me kpɔ hã la, egblɔ be: “Womena nutsotsowo fũ o eye míedo go nɔnɔme sesẽwo abe alesi wònɔna le ƒuƒoƒo siwo le sue wu sã gome ene o.”

13 Amedzrodzeƒedɔwɔla bubu gblɔ be wogblẽ nu geɖe le takpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa do ŋgɔ na mía tɔ la me ŋutɔ, eye wofi nuwo, togbɔ be dɔwɔlawo katã nɔ anyi hã. Gake eyi edzi gblɔ le míaƒe takpekpea ŋu be: “Mele be míatsi dzi ɖe ema ŋu le Ðasefowo gome o. . . . Ne wova afisia la, nugbegblẽɖɔɖola ɖeka eve aɖewo koe wòahiã be woanɔ anyi eye mɔ̃ siwo te ŋu gblẽna ɣeaɖewoɣi la dzadzraɖo ta koe wonɔa anyi ɖo.”

14 Míadi be nyatakaka siwo katã míexɔ la nanɔ abe esiawo ene hafi, gake nublanuitɔe la, mele nenema o. Míexɔ nyatakaka be takpekpevala aɖewo ate ŋu adze agbagba ana takpekpewɔƒea kple woƒe dzeƒewo nanɔ dzadzɛ wu hafi. Womeda agbalẽ kakɛwo kple ice cream kotokuwo ɖe kusi siwo woda ɖi me o, eye edze abe ame aɖewo mekpɔe be yewoƒe nu nyanyãwo kple ame ŋutɔ ƒe nu bubuwo siasia ɖe afisiafi ko ate ŋu aɖe bubu si le wɔnaa ŋu dzi akpɔtɔ o ene. Le dzeƒe aɖewo la, wonɔ nu ƒom, nɔ nu kom henɔ dze ɖom bobobo le zãtsiƒe kple ŋdikanya.

15 Kuxi bubu aɖe si li ƒe geɖee nye siae nye nɔvi gbogbo siwo tsona dona le agbadɔ te va nɔa nu ƒom esime nuƒoawo le edzi yim. Takpekpevala aɖewo nɔa ʋu siwo wotɔ ɖi me kple xɔdɔmewo xa nɔa nu ƒom esime takpekpea le edzi yim. Le ƒe si va yi ƒe takpekpe aɖe me la, wokpɔ Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ƒe nuŋlɔɖi le nudzɔɖakaa me. Exlẽ be: “Toliɖeɖe, nuwɔna, nuƒoƒo, kple nɔnɔme madeamedzi siwo yi edzi le agbadɔa godo esime nuƒoawo le edzi yim la wɔ mo yaa nam eye ena nye nu ku ale gbegbe . . . Nyemezu Ðasefo haɖe o, ke boŋ amesi le nu srɔ̃m hele mawusosroɖa ƒe vɔvɔ̃ kple bubu srɔ̃m koe menye.” Enye nyateƒe be mía dometɔ aɖeke madi be yeana amewo nasusu be míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu o.

16 Ele be míabia mía ɖokui ɣeawokatãɣi be: ‘Ameka teƒee mele, eye nukata mele takpekpe sia dem?’ Míaƒe gbɔgbɔmemenyenye kple mawusosroɖa dzena le míaƒe nuƒoƒo, nuwɔna, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmenunanawo ŋu me. (Yak. 3:13; Pet. I, 2:2, 3, 12) Wode dzesii be nɔvi siwo tsɔ ƒe geɖe do dzi le mɔxeɖenuwo alo asiɖoɖo dɔa dzi me la ɖoa to nyuie wu heɖea ʋuɖɔɖɔ fiana le takpekpewo me, wonɔa woƒe zikpuiwo dzi, eye woƒe susu nɔa nuƒoawo kple wɔwɔfiawo ŋu bliboe.

17 Wò Awudodo Kple Dzadzraɖo Ƒoa Nu le Ŋuwò: Woɖo ŋku edzi na mí le Samuel I, 16:7, 8 be “amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” Eyata zi geɖe la, míaƒe dzedzemee amewo tsɔ bua amesiwo ƒomevi míenye. Woléa ŋku ɖe míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ŋu ŋutɔ vevietɔ ne míeyina takpekpe be míava de ta agu ahaxɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti nufiame. Ne sɔhɛ si le suku dem ye nènye alo ne ŋutilãmedɔ si nèwɔna naa kadodo kplikplikpli nɔa mia kple amesiwo kplɔa xexeame ƒe atsyãwo ɖo dome la, ɖewohĩ asesẽ na wò be nàwɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzi le awu si sɔ dodo me.

18 Alesi wodoa awui hedzrana ɖo le vovovo le xexeame. Wobia tso Kristotɔwo si be woado awu si sɔ ɖe ɖoɖo nu le nɔnɔme nyui me. Amekae afia esia mí? Dzilawo nakpɔ egbɔ be wo vi ƒewuivi nagado awu abe sɔhɛ xexemetɔ siwo le suku ene o. Wona mɔfiame nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuitɔ le nya vevi sia ŋuti. Míede dzi ƒo na mi be miadzro February 8, 1987 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe nyati si nye “Nukae Awudodowo Fia na Wò?” me. Nukae wokpɔ le míaƒe takpekpe aɖewo me le ƒe si va yi me?

19 Míexɔ nyatakaka sia le “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka megbe be: “Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo wɔ ŋgɔyiyi ŋutɔ le woƒe awudodo, dzadzraɖo, kple agbenɔnɔ gome le takpekpea me ƒe sia. . . . Gake edze ƒã be nɔnɔme kple nutsiamesi aɖewo li siwo me wòhiã be woagawɔ ŋgɔyiyi le.” Le takpekpe bubu me la, woka nya ta be ame geɖe medo awu ɖe nɔnɔme nyui me o. Nyatakaka la gblɔ be ame aɖewo ƒe dzadzraɖo tɔ ŋku na amewo. Egodotɔ siwo va hã de dzesi awudodo siwo mesɔ o. Ame aɖewo nɔ dzedzem le woƒe awuwo me eye wodo awu siwo miã wo akpa.

20 Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpa gãtɔ doa awu siwo sɔ bubutɔe ne wole takpekpewɔƒea. Gake emegbe ne wo va ɖo woƒe dzeƒewo alo nuɖuƒewo la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo doa “awu abɔmanɔŋuiwo, kamedefefewɔtalegbe xoxowo, atakpui siwo le kpuie akpa, kple . . . awu siwo le tsia dzi siwo mesɔ be Mawu ƒe amewo nado o.” Ne hamemegãwo de dzesii be ame aɖewo lɔ̃a awudodo ɖe mɔ sia nu le vovoɣiwo la, asɔ be woatsɔ moveviɖoɖo aɖo aɖaŋu na wo dɔmenyotɔe do ŋgɔ na takpekpea be mesɔ be woado awu siawo tɔgbe o, vevietɔ esi wònye Kristotɔwo ƒe takpekpe me yim míele ta. Taflatse midzro agbenɔnɔ kple awudodo ŋuti mɔfiame siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la me kple miaƒe Biblia-nusrɔ̃vi siwo ayi takpekpea.

21 Dzeƒe: Ƒe sia ƒe la, wodzea agbagba tɔxɛ be míakpɔ dzeƒe siwo ƒe asi mekɔ dzi fũ o be ganya nagazu agba na mía dometɔ aɖeke o. Taflatse miɖo ŋku edzi ne miagbɔ dzi ɖi ahase nu gɔme na amedzrodzeƒedɔwɔlawo kple sukudzikpɔlawo. Ðewohĩ mɔzɔzɔ ate ɖeɖi mía ŋu eye fli siwo amesiwo le dzeƒe dim ɖo la adidi, gake woaɖo wò dzigbɔɖi teƒe na wò godoo. Anyo ŋutɔ be gbeƒãɖelawo nadzro June 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi ƒe akpa si ku ɖe dzeƒewo ŋu me kple woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo. Ele be míaɖo ŋku alesi wòhiã be míana nu alesi dze le amedzrodzeƒewo kple nuɖuƒewoe dzi.—June 22, 1986 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!

22 Foto-ɖemɔ̃wo Kple Nyalémɔ̃wo: Esɔ be míaɖo ŋku nya aɖewo dzi na mi dɔmenyotɔe le foto-ɖemɔ̃wo kple nyalémɔ̃wo ŋu. Taflatse ɖo ŋku edzi be ne èɖoe be yeazã foto-ɖemɔ̃wo, video-ɖemɔ̃wo, alo nyalémɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe la, ke ɖe ameŋububu fia amesiwo dome nèle. Alesi nànɔ tsatsam esime nuƒoawo le edzi yim alo wò zikpui dzi si nànɔ anɔ wɔnaa lém ɖi gɔ̃ hã ate ŋu ahe ame bubuwo ƒe susu. Mele be woatsi nyalémɔ̃wo ƒe ka ɖe elektrik-kawo alo nuƒomɔ̃ ƒe kawo ŋu o, eye mele be woada mɔ̃ siawo ɖe zikpuidomemɔwo dzi alo afɔtoƒewo o. Eɖoɖo be yeatsɔ video-ɖemɔ̃ alo kasɛt-ƒomɔ̃ alé nuƒoawo ƒe akpa aɖewo ɖi nye ame ŋutɔ ƒe nya. Fotowo kple nya siwo wolé ɖi kpɔkpɔ emegbe ate ŋu ana míaɖo ŋku nu dodzidzɔnamewo dzi. Ele be nàzã mɔ̃ siawo katã le ŋuɖɔɖo me, le mɔ si mahe ame bubuwo ƒe susu ɖa alo mana viɖe gãtɔ si nàkpɔ le nuƒoawo me nato ŋuwò o nu. Ne ètrɔ yi aƒeme la, àkpɔ vovo ato nya siwo nèlé ɖi mea? Ðewohĩ àkpɔe be nuŋlɔɖiwɔwɔ ko anyo.

23 Anyinɔnɔ: Miede dzesii be nɔnɔmea ka ɖe eme le zikpuiwo léle ɖi gome le ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpea mea? Míewɔ ŋgɔyiyi aɖewo, gake ele be ŋkuɖodzinya sia nanɔ míaƒe susu me be: WÒ ƑOMEA ME TƆWO KPLE AMESIWO MIA KPLE WO MIELE ƲU ÐEKA ME KOE NÀTE ŊU ALÉ NƆƑE ÐI NA.

24 Wowɔa ɖoɖo le takpekpe ɖesiaɖe me na amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le, abe ame tsitsiwo kple nuwɔametɔwo ene. Taflatse mikpɔ egbɔ miagava nɔ zikpui siwo le akpa siawo dzi ne miedze anɔ afima o. Azɔ hã minɔ klalo be miakpe ɖe amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le ŋu be woakpɔ nɔƒe ne amesi akpe ɖe wo ŋu mele wo ŋu o.

25 Nuɖunyawo Gbɔ Kpɔkpɔ le Takpekpea Me: Abe alesi mienyae ene la, July 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ɖe gbeƒãe be: “Tso ƒe 1995 nutome gã takpekpeawo kple ƒe 1996 nutome sue kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo dzi la, womawɔ ɖoɖo gã aɖeke ɖe nuɖuɖu ŋu o. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu kple nunono ɖe asi vɛ.” Emedegbalẽvia ɖe nusita míewɔ asitɔtrɔ sia ɖo me eye wòɖo aɖaŋu nyuiwo le alesi amesiame ate ŋu akpɔ eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu kple nunono nyawo gbɔ le takpekpea me ŋu. Anyo be amesiame nagbugbɔ emedegbalẽvi ma me adzro le eɖokui si eye vevietɔ woadzro eme kple woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo hã esi wole dzadzram ɖo ɖe takpekpea yiyi ŋu. Ele vevie be míana Biblia-nusrɔ̃viwo nanya be ele be amesiwo katã ade la natsɔ woa ŋutɔwo ƒe nuɖuɖu kple nunono ɖe asi ava takpekpeae.

26 Míedi be míate gbe ɖe nu vevi aɖewo dzi na mi, miadi be yewoaɖo ŋku nusiwo miate ŋu atsɔ ɖe asi ava ɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣiwo dzi: ŋdɔnuɖuɖu siwo mekpena o, eye wòdoa ŋusẽ ame, si tɔgbe amewo tsɔna yia woƒe ŋutilãmedɔwɔƒewoe zi geɖe, abe abolo si me wode nuwoe, akpɔnɔ ƒomeviwo, kple atikutsetsewo. Nunonoawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye kɔfi, aha viviwo, atikutsetse me tsiwo, alo tsi si wode nugoe me, eye míade wo nusiwo mate ŋu agbã o alo flask me. Ne ehiã be miatsɔ tsigo suewo la, mɔɖeɖe li ne woate ŋu ayi miaƒe zikpui te ko. Gake migatsɔ tsigo gãwo, aha muamewo, alo atukpawo va takpekpea mee o. Ele be míatsri nu ɖuɖu alo numeɖenuwo ɖuɖu esime nuƒoawo le edzi yim. Esia anye bubumademade gbɔgbɔmenuɖuɖu si nam wole mí la ŋu.

27 Nuxlɔ̃ame bubu hãe nye be migaɖa nu le amedzrodzeƒexɔwo me o negbe ne wode yevugamle afima xoxo na nuɖaɖa ko hafi. Enyo be míade ŋugble le eŋu vevie be wotrɔ asi le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣiwo ŋu be míate ŋu ade nu vi aɖe nume ahase vivi le teokrasi-hadede me kple mía nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnuwo. Esi míenye Yehowa ƒe amewo ta la, míekpɔnɛ be gbɔgbɔmenuɖuɖu le takpekpeawo me le vevie wu ne míetsɔe sɔ kple ŋutilãmenuwo, eye ele be míawɔ ɖoɖo ɖe eŋu nenema.

28 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe gbãtɔ adze egɔme le December 15, 1995 dzi. Èwɔ wò dzadzraɖowo vɔa, eye èle klalo fifia be yease vivi le hadede dodzidzɔname kple gbɔgbɔmenu nyuiawo mea? Míele gbe dom ɖa vevie be Yehowa nayra ɖe agbagba siwo miadze be miayi ƒe sia me takpekpea kple mia nɔviŋutsuwo kpakple nɔvinyɔnuwo esi míaƒe susu le alesi míawɔ anye Yehowa kafula kpɔdzidzɔwo ŋu la dzi.

Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo

Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ: Ele be amesiwo axɔ nyɔnyrɔ̃ la nanɔ teƒe si woɖo ɖi na wo hafi takpekpea nadze egɔme le Memleɖagbe ŋdi. Míede dzesii be ame aɖewo doa awu siwo ƒomevi ŋu bubu mele o eye esia kloa bubu le wɔna sia ŋu. Ele be amesiame si le ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nɔnyrɔ̃ la natsɔ tsimeyiwu ɖɔʋu kple tsiletse ɖe asi. Le nyɔnyrɔ̃xɔxɔnuƒoa kple nuƒola la ƒe gbedodoɖa megbe la, zimenɔla la ana mɔfiame kpui aɖewo amesiwo axɔ nyɔnyrɔ̃ eye wòayɔ ha si woadzi. Ne wodzi kpuikpui mamlea vɔ la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo afia mɔ amesiwo axɔ nyɔnyrɔ̃ la ayi ɖe nyɔnyrɔ̃xɔƒeae. Esi nyɔnyrɔ̃xɔxɔ tsɔtsɔ wɔ adzɔgbe si woɖe ƒe kpɔɖeŋu nye afɔɖeɖe vevi aɖe si nye ame ŋutɔ kple Yehowa dome nya ta la, ɖoɖo aɖeke meli be woawɔ zɔhɛwo ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si me ame eve alo amesiwo sɔ gbɔ wu nenema siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la akpla asi kɔ na wo nɔewo alo woalé wo nɔewo ƒe alɔnu esime wole nyɔnyrɔ̃ nam wo o. Hamemegãwo, vevietɔ dzikpɔla zimenɔlawo, nakpɔ egbɔ be yewotsɔ yewoƒe hamea me tɔ siwo axɔ nyɔnyrɔ̃ ŋuti nyatakakawo yi Nyɔnyrɔ̃xɔxɔdzikpɔƒea do ŋgɔ na takpekpea ƒe Memleɖagbe ŋdi.

Akɔtagbalẽviwo: Taflatse de ƒe 1995 akɔtagbalẽvia le takpekpea me kple ne èyina takpekpewɔƒea kpakple ne ètso afima gbɔna. Zi geɖe la, esia na míete ŋu ɖia ɖase nyuie ne míele mɔ zɔm. Ele be nàxɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋe si me wodea woe la to miaƒe hamea dzi elabena womanɔ takpekpea me o. Ðo ŋku edzi nàtsɔ wò “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvi yeyetɔ ɖe asi. Betel-ƒomea me tɔwo kple mɔɖelawo natsɔ woƒe dzesidegbalẽviwo ɖe asi.

Xɔbiabia: Míele biabiam tso amesiame si takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒe na xɔe si be woawɔ nu kpli mí aduadu. Taflatse minɔ dzeƒe si woana mi. Esia ana amewo magava sɔ gbɔ akpa ɖe dzeƒe bubu siwo wobu be wosɔ wu wòava zu fuɖeɖe o. Midze agbagba miaɖo kaba ale be woate ŋu akplɔ mi ayi miaƒe dzeƒee le ɣeyiɣi si sɔ me. Miɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe miaƒe aƒetɔwo ƒe amedzrowɔwɔ ŋu eye miaƒe agbenɔnɔ naɖi ɖase nyui. (Pet. I, 2:12; Kor. I, 4:9b; Kol. 3:15) Miaƒe dzeƒewo nanɔ dzadzɛ eye nuwo nanɔ ɖoɖo nu. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, Habɔbɔa kpɔa ŋudzedze ɖe takpekpevalawo ƒe nuŋububu ŋu ne wodzɔ nane ɖe woƒe dzeƒea ta togbɔ be woagblɔ be womaxɔ naneke ɖe eta o hã.

Kpekpeɖeŋu Nana Mɔɖela Siwo Hiã Tu: Esi míawɔ nuɖuɖu ƒe ɖoɖo gã aɖeke o ta la, míawɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖu ƒe tikitwo nana mɔɖelawo femaxee ŋu o. Míele dzi dem ƒo na ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple hamewo be woakpe ɖe mɔɖela siwo hiã tu ŋu le ʋuɖoɖo kple nuɖuɖu gome. Ðe nàte ŋu abu mɔɖela aɖe ŋu atsɔ ŋdɔnuɖuɖu siwo anye atikutsetse alo abolo si me wode nuwoe akpe ɖe wò ŋutɔ tɔwò ŋua? Ðe nàte ŋu ana mɔɖela aɖe naɖo gbɔwò le wò ʋu me esi mahiã be ga si nàgblẽ nadzi ɖe edzi oa? Ðe nàte ŋu abu mɔ suesue bubu siwo dzi nàte ŋu ato ana “tsi fafa kplu” ɖeka mɔɖelawo kple ame bubu siwo hiã tua?—Tsɔe sɔ kple Mateo 10:42.

Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Àte ŋu adi ɣeyiɣi aɖe le takpekpea me atsɔ ana kpekpeɖeŋu le dɔwɔƒeawo dometɔ ɖekaa? Mía nɔviwo subɔsubɔ, ne eganye gaƒoƒo ʋee aɖewo koe hã, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ eye wòahe dzidzeme vɛ. Ne àte ŋu ana kpekpeɖeŋu la, ke taflatse yi ɖe takpekpea ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le takpekpea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ me ne wowɔ dɔ le wo dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te.

Nuxlɔ̃amenyawo: Ne míele ŋudzɔ ɖe nusiwo ate ŋu ahe kuxiwo vɛ ŋu la, akpɔ mía ta tso fuɖename dzodzrowo si me. Zi geɖe la, amedzrowoe fiafiwo kple ame vlo bubuwo te ŋu fina wu. Kpɔ egbɔ be yedo yeƒe ʋu ƒe ʋɔ kple safui ɣesiaɣi, eye mègagblẽ naneke ɖe eme wòanɔ dzedzem si ahe ame aɖe ƒe susu be wòadi be yeagbã ʋɔa atsɔe o. Ƒuƒoƒo gãwo mee fiafiwo kple gaɖeleameŋulawo te ŋu fia nu le wu. Nunya manɔ eme be nàgblẽ nu xɔasiwo ɖe wò zikpui dzi o. Màte ŋu aka ɖe edzi ne Kristotɔe amesiame si le axawò nye o. Nukatae nàda nane ɖi si woate ŋu afi? Woka nya ta na mí be egodotɔ aɖewo te kpɔ be yewoable ɖeviwo nu afi wo. NA VIWÒWO NANƆ ŊKUKPƆƑE NA WÒ ƔESIAƔI.

Zi geɖe la, woɖea amamaɖeɖe ƒe nuwɔna gbegblẽwo le television siwo le amedzrodzeƒe geɖe la dzi. Nɔ ŋudzɔ ɖe mɔ̃tetre sia ŋu, eye mègagblẽ ɖeviwo ɖeɖe ɖi woanɔ television kpɔm le xɔa me o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe