Ƒe 1996 “Mawu Me Ŋutifafa Ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe
1 Ðikekemanɔmee la, ƒe sia me ƒe nutome gã takpekpea akpe ɖe mía ŋu be míalé míaƒe Mawu me ŋutifafa la me ɖe asi, eye aɖe akpa si wòle be míawɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be ŋutifafa sia nasu woawo hã si la me na mí. Abe alesi woɖe gbeƒãe le June 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene la, Takpekpea ƒe tanyae nye “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo.” Èwɔ ɖoɖo be takpekpea me nuƒo aɖeke magato ye ŋu oa?
2 Ŋkeke Etɔ̃ Takpekpe: Míenya be àse vivi na ƒe sia me takpekpea bliboe ahatsɔ ŋusẽdoame yeye agbɔ va aƒee. (Kron. II, 7:10) Míagawɔ ŋkeke etɔ̃ takpekpe ƒe sia hã. Ðe nèbia mɔ le dɔ me xoxo ale be nàte ŋu ade ŋkekeawo katãa? Míawɔ takpekpe gbãtɔawo ƒe ɖewo do ŋgɔ na sukuwo ƒe mɔkeke le December me. Ne viwòwo le suku dem la, ɖe nèbia mɔ bubutɔe le woƒe nufialawo gbɔ be womate ŋu ava suku Fiɖagbe o le mawusubɔsubɔ me hehexɔxɔ ƒe akpa vevi sia taa?
3 June 15, 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ yɔ takpekpe 28 siwo katã woawɔ le Ghana ƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamã me. Va ɖo fifia la, mi katã míede dzesi esi woɖo be miaƒe hamea nade. Míawɔ takpekpewo le Dangme, Eŋlisigbe, Eʋegbe, Fanti, Frafra, Gɛgbe, Nzema, kple Twi me.
4 Woadze takpekpea gɔme le ŋdi ga 9:30 me ŋkeke etɔ̃awo katã eye woawu enu Kwasiɖagbe ɣetrɔ ga 4:00 me lɔƒo.
5 Ðe Woanyre Wòa? Esi August 15, 1993, Gbetakpɔxɔ yɔ Lododowo 27:17 me nya siwo nye “Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae” vɔ la, egblɔ be: “Míele abe dɔwɔnu siwo hiã be woanyre ɣesiaɣi ene. Esi lɔlɔ̃ ɖeɖe fia Yehowa kple nyametsotso siwo nɔ te ɖe míaƒe xɔse dzi wɔwɔ abia be míato vovo tso xexeame gbɔ ta la, ele be míawɔ nu wòato vovo tso ame akpa gãtɔ tɔ gbɔ kokoko ɣesiaɣi.” Aleke míate ŋu atsɔ nuxlɔ̃ame ma awɔ dɔe?
6 Míeto vovo tso xexeame gbɔ eye ele be míayi edzi ato vovo tso egbɔ ɣesiaɣi. Ele be míayi agbagba si míedzena ɣesiaɣi be míanɔ alea la dzi ne míedi be dzo nenɔ mía me ɖe dɔ nyui wɔwɔ ŋu. (Tito 2:14) Eyatae Gbetakpɔxɔ me nyati si me míeyɔ nya tsoe va yi gblɔ yi edzi be: “Ne mía kple ame bubu siwo lɔ̃a Yehowa míele teƒe ɖeka la, míenyrea mía nɔewo—míedea dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” Nutome gã takpekpea nye Yehowa ƒe ɖoɖo siwo akpe ɖe mía ŋu be míaƒe gbɔgbɔmeŋku nakpɔ nu nyuie ɣesiaɣi la dometɔ ɖeka. Míate ŋu aɖe mɔ nuƒo aɖeke nato mía ŋu o.
7 Nunyala Aɖo To Asee: Aɖaŋu si wòle be woasrɔ̃e toɖoɖo nye. Wogblɔna be nusi ame akpa gãtɔ se ƒe afã ko dzie woɖoa ŋkui—aleke gbegbe wosusu be yewoɖo toe hã o. Esi susuhenuwo bɔ ɖe ɣeyiɣi si me míele me fũ ta la, asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míaƒe susu nanɔ ŋute ɣeyiɣi didi. Ðe míate ŋu adzi ɣeyiɣi si míaƒe susu anɔ ŋute, vevietɔ ne míele nyasela gbogbo aɖe siwo le to lém ɖe ame aɖe ƒe nuƒo ŋu dome, la ɖe edzia? Ne wogblɔ na wò be nàgblɔ takpekpeŋkekea ɖesiaɖe ƒe nuƒoawo me nya veviwo esi nègbɔ va aƒeme la, àte ŋu agblɔea? Aleke míawɔ be mí katã míadzi míaƒe toɖoɖoŋutete ɖe edzi eye míalé to ɖe nuƒo ɖesiaɖe si woaƒo le takpekpea me ŋu?
8 Ðetsɔtsɔ le nu me le vevie ŋutɔ, elabena Mawu ƒe nunana si nye ŋkuɖoɖonudzi mate ŋu awɔ dɔ nyuie esia manɔmee o. Le kpɔɖeŋu me, alesi ame aɖe tsɔ ɖe le nyati aɖe mee la, nenemae wòanɔ bɔbɔe nɛ wu be wòaɖo ŋku nuƒo alo takpekpe me nya ƒe akpa veviwo dzii. Gake nya la ƒe akpa gãtɔ ku ɖe alesi míaɖo to nusiwo mɔnukpɔkpɔ su mía si be míase le nutome gã takpekpewo mee nyuie wu la ŋu. Míaƒe ɖetsɔtsɔ le takpekpea me nuƒo ɖesiaɖe me vevie kple toléle ɖe wo ŋu nyuie akpɔ ŋusẽ ɖe nɔnɔme si me míele le gbɔgbɔ me fifia kple míaƒe etsɔme dzi. Wofiaa Yehowa ƒe mɔwo mí le takpekpewo me eye míexɔa alesi míawɔ agbeɖeɖedɔ si wɔm míele la ŋuti mɔfiamewo. (Tim. I, 4:16) Bu ɖokuiwò be tɔdziʋu si le atsiaƒu dzeagbo dzie yenye. Yehowa ƒe ŋugbedodowoe nye mɔkpɔkpɔseke like la. Ne ame aɖe meɖoa to le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me o eye wòɖea mɔ eƒe susu nɔa tsaglalã tsam la, nuxlɔ̃ame kple mɔfiame vevi siwo ate ŋu akpe ɖe eŋu eƒe gbɔgbɔmeʋu magbã o la ato eŋu.—Heb. 2:1; 6:19.
9 Le xexeame ƒe akpa geɖe la, mía nɔviwo kpea fu ŋutɔ hafi vaa kpekpewo. Alesi woɖoa to nyuie le takpekpeawo me la nya kpɔna ŋutɔ. Gake le teƒe aɖewo la, amewo ƒe tsatsa le takpekpewɔƒea esime nuƒoawo le edzi yim la he ame bubuwo ƒe susu. Ame aɖewo hã tsia megbe hafi va ɖona. Le takpekpe siwo míewɔ va yi ƒe ɖewo me la, esesẽ be nàse nuƒoawo le aɖabaƒoƒo gbãtɔwo me le ame gbogbo siwo le tsatsam le takpexɔa dome mɔwo alo eŋu mɔwo dzi kple le anyinɔƒea megbe ta. Zi geɖe la, menye nɔvi siwo wode dɔ asi na alo vinɔ siwo le vi suewo gbɔ kpɔm ye wonyena o. Amesiwo va le dze ko ɖom gbɔe toliɖeɖea ƒe akpa gãtɔ tsona. Ƒe sia me Anyinɔƒegbɔkpɔdɔwɔƒea alé ŋku ɖe kuxi sia ŋu nyuie wu, eye míexɔe se be amesiame anɔ enɔƒe ne zimenɔla bia tso mía si be míanɔ anyi. Míakpɔ ŋudzedze ɖe wò asikpekpe ɖe ɖoɖo sia ŋu ŋutɔ.
10 Aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe akpe ɖe mía ŋu be míaɖo to ase takpekpea me nuƒoawo nyuie wu eye nya siwo wogblɔ ƒe geɖe natsi susu me na mí? Enyo be míagbugbɔ nya siwo míegblɔ va yi le ƒe siwo va yi me la agblɔ: (a) Nusi ta koŋ nèyi takpedua me la nenɔ susu me na wò. Menye modzakaɖeɖe tae nèyi o, nusese kple nusɔsrɔ̃ boŋ tae. (Mose V, 31:12) Dze agbagba nàdɔ alɔ̃ wòasu wò nyuie gbesiagbe zã. Ne ɖeɖi te ŋuwò ŋutɔ hafi nèva takpekpea la, to manya ɖo na wò o. (b) Ðo ɣeyiɣi si sɔ gbɔ ɖi na wò ʋu tɔtɔ eye nànɔ anyi hafi takpekpea nadze egɔme. Ne game su vɔ hafi nèle du dzi yina anyinɔƒea la, zi geɖe nuƒoa gɔmedzenya ƒe akpa aɖe ato ŋuwò. (d) Ŋlɔ nya veviwo ɖi kpuie. Nuwo ŋɔŋlɔ ɖi legbee ate ŋu awɔe be màte ŋu aɖo to nyuie o. Ne èle nua ŋlɔm la, kpɔ egbɔ be nya bubuwo megato ŋuwò le esi wò susu le nua ŋɔŋlɔ ŋu ta o. (ɖ) Ne woyɔ takpekpea me nuƒo aɖe si wogbɔna ƒoƒo ge la, tsɔ didi vevie nɔ mɔ kpɔm na esese. Bia ɖokuiwò se be, ‘Nukae mate ŋu asrɔ̃ le nuƒo sia me si adzi nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu kple elɔlɔ̃ ɖe edzi? Aleke nuƒoa ate ŋu akpe ɖe ŋunyee be maɖe amenyenye yeyea afia bliboe wu? Aleke wòakpe ɖe ŋunyee be matrɔ asi le nye subɔsubɔdɔa ŋu wòanyo wu?’
11 Agbenɔnɔ si Ðoa Atsyɔ̃ na Míaƒe Subɔsubɔdɔa: Paulo de dzi ƒo na Tito be wòatsɔ eɖokui aɖo “kpɔɖeŋu le dɔ nyui wɔwɔwo me.” Ne Tito metɔtɔ eƒe nufiafia o la, akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã ‘naɖo atsyɔ̃ na mía Ðela, Mawu, ƒe nufiafia le nuwo katã me.’ (Tito 2:7, 10) Woɖoa ŋku nusita mawusosroɖagbenɔnɔ hiã ale gbegbe ne míedze mɔ yina ɖe takpekpea alo ne míetrɔ gbɔna, kpakple ne míele amedzrodzeƒewo kple nuɖuƒewo kpakple le takpekpea me ŋutɔ la dzi na mí dɔmenyotɔe ƒe sia ƒe. Míegase nya dodzidzɔname aɖewo ƒe si va yi siwo míedi be míagblɔ na mi.
12 Amedzrodzeƒedzikpɔla aɖe gblɔ be: “Ðasefowo xɔxɔ nyea dzidzɔ ɣesiaɣi elabena wogbɔa dzi ɖi, wowɔna ɖe mɔfiame dzi, eye woƒe ŋku nɔa wo viwo ŋu.” Amedzrodzeƒedɔwɔla aɖe gblɔ be ena yeƒe dɔ “va le bɔbɔe ale gbegbe ne Ðasefowo va ŋkɔ ŋlɔ ge le amedzrodzeƒea kple ne wole dzodzom elabena, togbɔ be ele be woalala le fli me hã la, wobua ame, wogbɔa dzi ɖi eye wosea nu gɔme na ame ɣesiaɣi.” Ðasefowo ƒe vi siwo dze amedzrodzeƒe aɖe si le New England le United States ƒe agbenɔnɔ wɔ dɔ ɖe nyɔnu aɖe si hã dze afima la dzi ale gbegbe be wòbia be yeaxɔ agbalẽ siwo ƒo nu tso míaƒe habɔbɔa ŋu ƒe ɖewo.
13 Gake nanewo li siwo ŋu asitɔtrɔ gahiã le. Míedi be míagblɔ nane siwo ame aɖewo kpɔ eye woŋlɔ ɖo ɖe Habɔbɔa la na mi. Nyatakaka aɖewo ɖee fia be ehiã be dzilawo nagalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie wu le dzeƒeawo. Wokpɔ ɖeviwo wonɔ du ƒum le teƒeawo henɔ toli ɖem le zãtsiƒe kple fɔŋli tsɔ gblẽa alɔ̃ me na ame bubuwo. Ehiã be míamlã mía viwo ne woanyae be womeɖo ɣeyiɣi ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu o. Menye eƒe seɖoƒee nye ne míekpã le takpekpea wɔƒe o. Ele be wòayi edzi gaƒoƒo 24 gbesiagbe. Ele be bubu nanɔ míaƒe agbenɔnɔ le míaƒe dzeƒewo, nuɖuƒewo, kple ablɔdzi ŋu abe alesi wònɔ esime míebɔbɔ nɔ anyi le nuƒoawo seɣi kple mía nɔviwo eye Yehowa nɔ nu fiam mí ene.—Yes. 54:13; Pet. I, 2:12.
14 Míedi be míaɖo ŋku nya aɖewo dzi na mi dɔmenyotɔe le nunana ame ɖe dɔ si wowɔ na mí ta la hã ŋu. Nunanawo ŋue kplɔ̃ŋusubɔlawo, nyɔnu siwo wɔa dɔ le amedzrodzeƒewo kple ŋutsu siwo tsɔa dɔ le afima, kpakple ame bubu siwo le dɔ siawo tɔgbe wɔm nɔa agbe ɖo.—Kpɔ June 22, 1986, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! axa 24-7.
15 Togbɔ be míegawɔa nuɖuɖu nana ƒe ɖoɖo gã le míaƒe takpekpeawo me o hã la, míegazãa ga geɖe ɖe takpekpewɔƒea hayahaya, ʋutɔɖoƒewo wɔwɔ, kple dɔ kluklui bubuwo ŋu kokoko. Míaƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ xea fe siawoe. Nɔvinyɔnu aɖe si si ƒewuiviwo le metsɔ ga boo aɖeke ɖe asi va takpekpea o. Gake wo kple viawo wodzɔ nu sue aɖe tsɔ kpe asi ɖe takpekpea ŋui. Nusi amesiame ɖo be yeawɔ le go sia me la nye amea ŋutɔ ƒe nya, gake míenya be miakpɔ ŋudzedze ɖe ŋkuɖodzinya siawo ŋu.—Dɔw. 20:35; Kor. II, 9:7.
16 Wotsɔa Míaƒe Awudodo Dea Dzesi Míi: Míaƒe awudodo gblɔa nya geɖe le mía ŋu kple le alesi míesena le mía ɖokui me ɖe ame bubuwo ŋu la ŋuti. Amesiwo doa awu siwo wotɔ kple atsyã manyatalenuwo ƒo xlã ƒewuivi akpa gãtɔ le suku kple ame tsitsi geɖe le woƒe dɔwɔƒewo. Wotɔa awu siwo ƒe atsyã gbɔ eme akpa, eye kura gɔ̃ hã wotɔa ŋku, la ƒe sia ƒe. Ne míekpɔ nyuie o la, mía hati xexemetɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi be míado awu abe yewo ene. Atsyã si wotsɔ tɔ awu geɖe la menyo be woado ava tadeaguƒewo o. Ame aɖe gblɔ alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe takpekpea me nuƒowo ŋui na mí le agbalẽ aɖe si míexɔ le ƒe si va yi ƒe takpekpeawo dometɔ ɖeka me gake egagblɔ kpee be: “Nusita nyɔnuvi gbogbo aɖewo do awu siwo le kpuie akpa, esiwo woɖe kɔme na wòva anyi akpa, kple esiwo wofe atame na wòyi dzi akpa la wɔ nuku nam ŋutɔ.” Míeka ɖe edzi be mí katã míedi be míado awu le mɔ si dze na Kristotɔ subɔlawo la nu le takpekpea me kple le míaƒe hadedewo me le kpakpã le takpekpea me vɔ megbe. Enyo be míade ŋugble le aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Kristotɔwo be míaɖo atsyɔ̃ na mía ɖokui “ɖe nɔnɔme nyui me, . . . le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me” ŋu ɣesiaɣi.—Tim. I, 2:9.
17 Amekae wòle be wòatso nya me le awu si sɔ, eye wòle “nɔnɔme nyui me” ŋu? Be nane nasɔ la, efia be “magbɔ eme alo anye ɖokuidodoɖedzinu o.” Nyagɔmeɖegbalẽ gaɖe nya si wozã na “sɔ” gɔme be “ɖokuimafiamafia.” Menye Habɔbɔa alo hamemegãwo ƒe dɔe wònye be woade se ɖe awudodo alo dzadzraɖo ŋu o. Togbɔ be ele nenema hã la, ɖe mele be Kristotɔ nakpɔ awu ƒe atsyã siwo mesɔ o alo medze ga dzi o la adze sii bɔbɔe oa? (Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:10.) Mele be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nahe susu ava mía dzi madzemadzee o. Ele be míaƒe dzedzeme nasɔ, ke menye be wòaɖi xexeametɔwo tɔ alo atɔ ŋku o. Esi míenye nyanyuia subɔlawo la, míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nyuie le takpedua me dea bubu Yehowa ŋu eye wòƒoa nu nyui le habɔbɔa ŋu. Eyata dzilawo aɖo eƒe kpɔɖeŋu eye emegbe woakpɔ egbɔ be yewo viwo ƒe awudodo sɔ ɖe nusi wɔƒe wova la nu. Hamemegãwo adi be yewoaɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui eye yewoanɔ klalo aɖo aɖaŋu dɔmenyotɔe ne ehiã.
18 Dzeƒe: Ƒe sia ƒe la, míedzea agbagba vevie be míana dzeƒe siwo mexɔ asi o la mi ale be míagado agba na ame aɖeke le ganya gome o. Míegblɔ nya siwo amedzrodzeƒedɔwɔlawo gblɔ be nɔviwo ƒe dzigbɔɖi, amebubu, kple asikpekpe ɖe yewo ŋu wɔ dɔ ɖe yewo dzi la va yi xoxo. Taflatse miyi edzi miaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme siawo afia ne miele nu wɔm kple amedzrodzeƒe kple suku dɔwɔlawo. Ðewohĩ mɔzɔzɔ ate ɖeɖi mía ŋu eye ɖewohĩ fli si dzeƒedilawo ɖo adidi, gake ne míegbɔ dzi ɖi la, adze godoo. Anyo be gbeƒãɖelawo nato June 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me kple woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo le dzeƒewo ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, mele be míaɖa nu le amedzrodzeƒexɔwo me o negbe ne dzodoƒe le wo me na nuɖaɖa ko hafi.
19 Fotoɖemɔ̃wo, Videoɖemɔ̃wo, Kple Nyalémɔ̃wo: Mɔɖeɖe li be míazã fotoɖemɔ̃wo kple nyalémɔ̃ bubuwo, ne míeɖe vavala bubuwo ŋu bubu fia ko. Ne míele tsatsam le foto ɖem esime wole nuƒoawo ƒom la, menye amesiwo le agbagba dzem be yewoase nya la ko ƒe susu míahe o ke nuƒoawo ƒe ɖewo ato mía ŋutɔwo hã ŋu. Zi geɖe la, míekpɔa takpekpea ƒe viɖewo ne míeɖo to nuƒolawo nyuie eye míewɔ nuŋlɔɖi kpuiwo. Ðewohĩ nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si tsi teƒe ɖekae míele nyaa lém na; gake nenye mía ŋutɔwo míaƒe zazã tae la, ɖewohĩ ne míegbɔ va aƒeme míakpɔ be ne míelé nyawo vɔ la, míete ŋu gakpɔa ɣeyiɣi ƒoa nya si míelé ɖi la o. Mele be míatsi nyalémɔ̃ aɖeke ɖe elektrik alo nuƒomɔ̃ kawo ŋu o, eye mele be míada mɔ̃wo ɖe zikpuidomemɔ̃wo, afɔtoƒewo, alo ɖe amewo ŋkume o.
20 Anyinɔnɔ: Míede dzesii be nuwo le nyonyom le nɔƒeléleɖi ƒe nya la gome. Mia dometɔ akpa gãtɔ miewɔ ɖe mɔfiame sia dzi le ƒe si va yi me be: WÒ ƑOMEA KPLE AMESIWO MIA KPLE WO MIELE ƲU ÐEKA ME KOE NÀTE ŊU ALÉ NƆƑE ÐI NA. Ðewohĩ miekpɔe be fuɖeɖe boo menɔ anyi o le esi ame geɖe wɔ ɖe mɔfiame siawo siwo me kɔ nyuie la dzi ta. Vevietɔ la, miaƒe wɔwɔ ɖe edzi dzea Yehowa kple ‘dɔla nuteƒewɔla’ si naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí la ŋu.—Mat. 24:45.
21 Mía nɔvi gbogbo aɖewo li siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le le lãmegbegblẽ ta. Ðewo nɔa bunɔwo ƒe keke me vaa takpekpea eye wòle be ƒometɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Bubuwo noa atike vovovowo le dɔ xoxowo abe dzidɔ alo anyidzedɔ ene ta. Nyateƒe, enyea dzidzɔ na mí be míakpɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃ siawo le takpekpea me, eye be woɖoe kplikpaa be gbɔgbɔmenuɖuɖua ƒe ɖeke megato yewo ŋu o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo dzea dɔ le takpekpea me, eye ƒometɔ alo hame si me wòtso me tɔ aɖeke meli akpe ɖe wo ŋu o. Amesiwo ŋu dɔ xoxowo le ƒe ƒome kple ƒometɔ kplikplikpliwo koŋ dzie agba le woakpɔ edzi. Takpekpea ƒe Atikewɔƒea mate ŋu akpɔ amesiwo ŋu dɔ xoxowo le ƒe atikewɔnyawo gbɔ o. Ne miaƒe ƒomea me tɔ aɖe hiã atikewɔwɔ tɔxɛ la, taflatse mikpɔ egbɔ be yewomegblẽ eya ɖeɖe ɖi o le nya kpatawo ƒe dzɔdzɔ ta. Hekpe ɖe eŋu la, womawɔ ɖoɖo ɖe xɔ tɔxɛ aɖeke ŋu na amesiwo ame dome nɔnɔ te ŋu hoa dɔléle na o. Hamemegãwo nenɔ ŋudzɔ ɖe woƒe hamea me tɔ siwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le le lãmegbegblẽ ta la ŋu eye woakpɔ egbɔ be yewowɔ alesi yewoakpɔ wo gbɔe ƒe ɖoɖo do ŋgɔ.
22 Takpekpea me Nuɖuɖunyawo: Wogblɔ viɖe geɖe siwo le mía ŋutɔwo ƒe nuɖuɖu tsɔtsɔ ɖe asi me ŋu. Nɔviŋutsu aɖe ŋlɔ be: “Mekpɔ gbɔgbɔmeviɖe gbogbo siwo atso esia me la dze sii kɔte. Fifia míate ŋu azã ɣeyiɣi kple ŋusẽ mawo katã ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Nyemese ame aɖeke gblɔ nya vɔ̃ aɖeke le eŋu o.” Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ be: “Mi nɔvi lɔlɔ̃tɔwo mietsɔ miaƒe kpɔɖeŋu de dzi ƒo na mí Kristotɔ ɖesiaɖe be míadzro mía ɖokui me adi mɔ siwo nu míawɔe be nuwo wɔwɔ nanɔ bɔbɔe le míaƒe agbe me eye míadzi míaƒe teokrasidɔwo ɖe edzi la me.” Dzikpɔla mɔzɔla aɖe ŋlɔ tso nuɖuɖunanaɖoɖo xoxoa ŋu be: “Ðoɖo xoxoa na takpekpea me nuƒoawo katã to nɔvi gbogbo aɖewo ŋu.” Hamemegã aɖe ŋlɔ tso nuɖuɖu si nɔviawo tsɔ vɛ ŋu be: “Nusi wodi la tututue wotsɔ ɖe asi, eye megahiã be woalala le fli me o.” Mlɔeba nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ be: “Nusianu yi edzi le ɖiɖiɖemeɣiwo le tomefafa kple ɖoɖoezizi me eye dzidzɔkpɔkpɔ nɔ anyi.” Ẽ, amesiame te ŋu tsɔ nusi wòaɖu le ŋdɔa me ɖe asi. Ame geɖe gblɔ be ekpe ɖe yewo ŋu be ɣeyiɣi geɖe wu su yewo si yewotsɔ do gbe na yewo xɔlɔ̃woe.
23 Ƒe sia me hã nuɖuɖu nana ƒe ɖoɖo gã aɖeke manɔ anyi o. Miate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo adzro November 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia, memamã 26 lia me hena aɖaŋuɖoɖo nyui le nuɖuɖu siwo me nunyiame le siwo miate ŋu atsɔ ɖe asi va takpekpeae la ŋu. Taflatse miɖo ŋku edzi miagatsɔ nu gbagbãwo alo aha sesẽ va takpekpea me o. Ne ehiã be miatsɔ tsigo suewo vɛ la, ke ele be woanye esiwo ate ŋu ayi ɖe miaƒe zikpuiwo te. Miɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi sɔgbɔ anɔ anyi le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣia be miaɖu nu ano nusi mietsɔ vɛ. Abe alesi wònɔna le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me ene la, mele be míanɔ nu ɖum ne takpekpea me nuƒoawo le edzi yim o. Esia aɖee fia be míedea bubu ɖoɖo si wowɔ ɖe tadedeagu kple gbɔgbɔmenuɖuɖu si nam wole mí la ŋu.
24 Esusɔ vie ko “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpeawo nadze egɔme. Èdzra ɖo vɔ ɖe yiyi ŋua, eye ɖe nèle klalo fifia be nàse vivi le ŋkeke etɔ̃ ƒe hadede si me dzidzɔ kple gbɔgbɔmenuwo abɔ ɖo la mea? Míaƒe gbedodoɖa vevie enye be Yehowa neyra ɖe miaƒe agbagbadzedzewo be miade ƒe sia me takpekpe la dzi.
Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo Nyɔnyrɔxɔxɔ: Ele be amesiwo axɔ nyɔnyrɔ la nanɔ teƒe si woɖo ɖi na wo hafi takpekpea nadze egɔme Memleɖa ŋdi. Míede dzesii be ame aɖewo doa awu aɖewo ƒomevi siwo ŋu bubu mele o eye esia kloa bubu le wɔna sia ŋu. Ele be amesiame si le ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nyɔnyrɔ la natsɔ awu ɖɔʋu si wòate ŋu atsɔ age ɖe tsia me kple tsiletse ɖe asi. Hamemegã siwo dzro Míaƒe Subɔsubɔdɔ gbalẽa me kple amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la nakpɔ egbɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe se nya siawo me. Le nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa kple nuƒola la ƒe gbedodoɖa vɔ megbe la, zimenɔla agblɔ mɔfiamenya kpui aɖewo na amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la eye emegbe wòana woadzi ha. Ne wodzi kpukpui mamlɛa vɔ la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo afia mɔ amesiwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la ayi nyɔnyrɔxɔƒeae. Esi nyɔnyrɔxɔxɔ tsɔtsɔ wɔ adzɔgbe si woɖe ƒe dzesii nye dzimenya le amea ŋutɔ kple Yehowa dome ta la, ɖoɖo aɖeke meli be woawɔ zɔhɛwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ si me ame eve alo amesiwo sɔ gbɔ wu nenema siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la kplaa asi kɔ na wo nɔewo alo woléa wo nɔewo ƒe alɔnu esime wole nyɔnyrɔ xɔm la o. Hamemegãwo, vevietɔ zimenɔlawo, nakpɔ egbɔ be wotsɔ amesiwo axɔ nyɔnyrɔ le woƒe hamewo me ŋuti nyatakaka ana Nyɔnyrɔxɔxɔdzikpɔƒea hafi takpekpea ƒe Memleɖa ŋdi naɖo. Akɔtagbalẽviwo: Taflatse de ƒe 1996 akɔtagbalẽvia le takpekpea me, ne èyina takpekpea wɔƒe kple ne ètso afima gbɔna ɖe aƒeme. Zi geɖe la, esia wɔnɛ be míete ŋu ɖia ɖase nyuie esime míele mɔ zɔm. Ele be nàxɔ akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo to miaƒe hamea dzi elabena womanɔ takpekpea me o. Mègalala ne takpekpea wɔɣi ɖo vɔ hafi nàbia akɔtagbalẽviawo na mia kple wò ƒomea o. Ðo ŋku edzi nàtsɔ wò “Advance Medical Directive/Release” yeyetɔ ɖe asi. Ele be Betel-ƒomea me tɔwo kple mɔɖelawo natsɔ woƒe dzesidegbalẽviwo ɖe asi. Xɔbiabia: Míele biabiam tso amesiame si takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒea na xɔe si be wòakpe asi ɖe ɖoɖoa ŋu. Taflatse minɔ dzeƒe si wona mi. Esia xea mɔ ɖe amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa kple kplamatsedodowo nu le dzeƒe bubu siwo wobu be wosɔ wu la. Midze agbagba miava kaba ale be woate ŋu akplɔ mi ayi miaƒe dzeƒe le ɣeyiɣi nyuie dzi. Miɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia amesi gbɔ miedze eye miɖo ŋku edzi miana miaƒe agbenɔnɔ nanye ɖaseɖiɖi. (Pet. I, 2:12; Kor. I, 4:9b; Kol. 3:15) Mina miaƒe dzeƒe nanɔ dzadzɛ ahanɔ ɖoɖo nu. Abe alesi míegblɔ va yi ene la, Habɔbɔa kpɔ ŋudzedze ɖe takpekpevala siwo dzɔa ga na takpekpea ɖe woƒe dzeƒe ta togbɔ be wogblɔ be woanɔ dzeƒea femaxee hã la ƒe nuŋububu ŋu. Ne ehiã be nàɖe asi le dzeƒe si wona wò le hiahiã tɔxɛ ƒe ɖoɖoa me ŋu la, ke na aƒea tɔ kple takpekpea ƒe Xɔdidɔwɔƒea nanya enumake ale be woatsɔ xɔa na ame bubu. Kpekpeɖeŋu Nana Mɔɖela Siwo Hiã Tu: Esi míawɔ nuɖuɖu nana ƒe ɖoɖo gã aɖeke o ta la, womawɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖu ƒe tikitiwo nana mɔɖelawo femaxee ŋu o. Abe alesi míewɔe le ƒe si va yi me ene la, míele dzi dem ƒo na ame ɖekaɖekawo, ƒomewo, kple hamewo be woakpe ɖe mɔɖela siwo hiã tu ŋu le woƒe ʋuɖoɖo kple nuɖuɖu gome. Ðe nàte ŋu abu mɔɖela aɖe koŋ ŋu atsɔ ŋdɔnuɖuɖu si mekpena o si anye atikutsetse alo abolo si me wode nuwoe akpe ɖe wò ŋutɔ tɔwò ŋua? Ðe nàte ŋu ana mɔɖela aɖe naɖo wò ʋua esi mahiã be ga si nàgblẽ nadzi ɖe edzi oa? Ðe nàte ŋu abu mɔ suesue bubu siwo dzi nàte ŋu ato ana “tsi fafa kplu” ɖeka mɔɖelawo kple ame bubu siwo hiã tua?—Tsɔe sɔ kple Mateo 10:42. Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔwɔ: Fifia si nuɖuɖu nana ƒe ɖoɖo gã megali o la, amesiwo wɔ dɔ le dɔwɔƒe sia tsã la akpɔe be yewoate ŋu atsɔ yewo ɖokui ana awɔ dɔ le teƒe bubuwo. Àte ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le takpekpea me atsɔ ana kpekpeɖeŋu le dɔwɔƒeawo dometɔ ɖekaa? Mía nɔviwo subɔsubɔ, ne eganye gaƒoƒo ʋee aɖewo koe hã, ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ eye wòahe dzidzeme vɛ. Ne àte ŋu ana kpekpeɖeŋu la, ke taflatse yi takpekpea ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu ne wowɔ dɔ le wo dzilawo alo ame tsitsi bubu ƒe dzikpɔkpɔ te. Nuxlɔ̃amenyawo: Minɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo ate ŋu ahe afɔku vɛ ŋu bene woakpɔ mia ta tso fuɖename dzodzrowo me. Zi geɖe la, amedzrowoe fiafiwo kple ame vlo bubuwo te ŋu fina wu. Kpɔ egbɔ be yedo yeƒe ʋu ƒe ʋɔtru ɣesiaɣi, eye mègagblẽ naneke ɖe eme wòanɔ dzedzem si ahe ame aɖe ƒe susu be wòadi be yeagbã ʋɔa atsɔe o. Ƒuƒoƒo gãwo mee fiafiwo kple gaɖeleameŋulawo te ŋu nɔna wu. Nunya manɔ eme be nàgblẽ wo nu xɔasiwo ɖe wò zikpui dzi o. Màte ŋu aka ɖe edzi ne Kristotɔe amesiame si le axawò nye o. Nukatae nàda nane ɖi si woate ŋu afi? Woka nya ta na mí be xexemetɔ aɖewo tee kpɔ be yewoable ɖeviwo nu afi wo. NA VIWÒWO NANƆ ŊKUKPƆƑE NA WÒ ƔESIAƔI. Zi geɖe la, woɖea amamaɖeɖenuwɔna nyɔŋuwo le television kple video siwo le amedzrodzeƒe geɖe dzi. Minɔ ŋudzɔ ɖe mɔ̃tetre sia ŋu, eye mègagblẽ ɖeviwo ɖeɖe ɖi woanɔ television kpɔm le xɔa me o.