Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woƒe Asi Nasu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Yayra Wɔnukuwo Dzi
1 “Kingdom Come” ƒe agbalẽa talawo ƒe ŋgɔdonya ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm be agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò be yayra wɔnuku siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ na ameƒomea le míaƒe anyigba dzi afisia la nasu asiwò.” Hafi míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woaɖo taɖodzinu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gbɔ la, ele be míatrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ.
2 Àte ayi Fiaɖuƒea ƒe nuŋutɔŋutɔnyenye me dzodzro dzi ne ègblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, biabia aɖe dze ŋgɔ mí be: ‘Aleke Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔe?’ Susu le biabia sia me ŋutɔ elabena ame geɖe mexɔe se be enye nu ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ wobunɛ be enye dzia ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme aɖe. Nukae nye wò susu fifia le nyitsɔ ƒe numedzodzroa vɔ megbe? [Na wòaɖo eŋu.] Taflatse ʋu wò agbalẽa ƒe axa 8 lia ne míadzro nya sia me ayi ŋgɔe.” Na wòaxlẽ memamã 6 lia. Midzro biabia la me eye miyi edzi miadzro memamã 7-8 me. De dzi ƒo na aƒemenɔla be wòaxlẽ axa etɔ̃ siwo kplɔe ɖo la awu enu. Ðe aƒeme Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa me nɛ eye wɔ ɖoɖo be nàva yi nusɔsrɔ̃a dzi.
3 Ne ètrɔ yi be yeava ɖe alesi Fiaɖuƒea akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔe me la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Le dze si míeɖo va yi me la, míekpɔe be amesiwo si susu nyui le dia dziɖuɖu nyui si ate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ. Medo ŋugbe na wò be magava fia nusita míegblɔ be Mawu ƒe Fiaɖuƒeae nye dziɖuɖu ma tɔgbe la wò. Na míadzro esia me le wò agbalẽa ƒe axa 24-6.” Xlẽ memamã 8 lia le tanya sue si nye “Anyigba Dzi Katã ƒe Paradiso” te nàdzro eme. Dzro memamã 9-12 me nenema ke. Emegbe nàdzro aɖaka si le axa 25 me nàtsɔ to nya veviawo dometɔ aɖewo mee. Wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi ava dzro ta ma ƒe akpa mamlea me.
4 Ne ètrɔ yi be yeayi nusita edze abe Fiaɖuƒea ƒe vava teƒe didi ene me dzodzro dzi la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Mawu meɖoe kpɔ be yeaɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye nayi edzi ɖaa o. Ke boŋ hafi Fiaɖuƒe si aɖɔ nuwo ɖo si ŋugbe wòdo nava la, eƒe dziɖulanyenye ŋuti nya aɖewo li siwo gbɔ wòle be wòakpɔ. Wodzro nya siawo me le wò agbalẽa ƒe ta 5 lia me.” Gbã la, ʋu axa 44 lia nàƒo nu tso nya veviawo ŋu kpuie. Emegbe dzro memamã 1-3 lia me tsɔ wɔ alesi wosrɔ̃nɛ ƒe kpɔɖeŋu fiae. Wɔ ɖoɖo be nàva yi nusɔsrɔ̃a dzi ɣebubuɣi.
5 Àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi le afisi wotsɔ ɖe le agbalẽa me nɔnɔmetatawo me ne ègblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, metsɔ nɔnɔmetata aɖewo fia wò le agbalẽa me tsɔ wɔ nu nyui siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na mí dometɔ aɖewo ƒe kpɔɖeŋui. Anyo be míazã agbalẽa atsɔ adzro nya bubu siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ le ŋugbedodo siawo ŋu me.” Dzro ta 1 ƒe memamã 1-5 kple aɖaka si le axa 7 lia me.
6 Wotrɔ asi le “Kingdom Come” ƒe agbalẽa ŋu be woatsɔ asrɔ̃ nui eye ne míeto gbedodoɖa me wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi la, míate ŋu akpɔ dzidzedze adze nusɔsrɔ̃ yeye geɖe gɔme. Yehowa neyra ɖe agbagba si míadze tso dzi blibo me be míazã agbalẽ sia nyuie la dzi be wòanye kafukafu nɛ.