Àte Ŋu Atsɔ Ðokuiwò Ana Aɖasubɔ Le Dzogbedzi Nutomea?
Le ɣeyiɣi siwo va yi me la, nɔvi geɖe wɔ ɖe amekpekpea dzi nyuie be woawɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi dɔ le Dzogbedzi Nutowo me. Gake gbevovovodolawo dome ʋa si wowɔ nyitsɔ laa le nutoa me la tɔtɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Esi nɔnɔmea ka ɖe eme eye nuwo gaɖo wo nɔnɔ fifia ta la, ehiã be míagade dzo ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi dɔa wɔwɔ me.
Aleke ame aɖewo wɔe le ɣeyiɣi siwo va yi me? Nɔvi aɖewo zã woƒe mɔkekewo tsɔ wɔ dɔ le du si woawo ŋutɔ tia (alo esi Habɔbɔa tia na wo) me. Ðokuisidɔwɔla aɖewo zã ɣleti eve, etɔ̃, alo esiwo wu nenema tsɔ wɔ dɔa le afima. Nɔvi aɖewo gɔ̃ hã (siwo dome srɔ̃tɔ siwo ƒe ƒomewo melolo o hã le) wɔ ɖoɖo ʋu yi be yewoakpe ɖe hame aɖewo ŋu esime woganɔ ŋutilãmedɔ wɔm. Nyatakaka siwo míexɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me la ɖe woƒe dzidzɔ kple akpedada na Yehowa fia be mɔnukpɔkpɔ su wo si wokpɔ gome le teokrasidɔ sia si me dzidzɔ le la me. Wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ ma tɔgbe ke!
Togbɔ be Dzogbedzi Nutowo me dzie míele gbe tem ɖo hã la, hiahiã le teƒe bubuwo le Volta, Brong Ahafo, kple Ɣetoɖoƒe Nutowo hã me. Taflatse kpɔ alesi nàtsɔ abia dɔae ŋuti mɔfiamewo le May 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 1. Nudidi vevi ɖekae nye be ehiã be nàɖo wò dɔbiagbalẽvia ɖa to wò hamemegãwo dzi wòaɖo alɔdzedɔwɔƒea ɣleti etɔ̃ ya teti do ŋgɔ. Nukae le mɔ xem na wò be màɖɔ Yehowa ƒe dɔmenyonyo kpɔ to ɖokuiwò tsɔtsɔ na aɖasubɔ le afisi hiahiã la lolo le wu me o?—Ps. 27:13; Kor. I, 15:58.