Nyanyui Gbɔgblɔ Le Nusi Nyo Wu Ŋuti
1 Ƒe 117 enye sia si Gbetakpɔxɔ le Biblia ƒe nyateƒea ta ʋlim. Fifia wotaa tata ɖesiaɖe ɖekaɖeka 18,950,000 ɖe gbegbɔgblɔ 125 me. Nyɔ! hã ʋli Mawu ƒe Nya la ta ɣeyiɣi didi aɖe, eye wotaa ɖekaɖeka 15,730,000 ɖe gbegbɔgblɔ 80 me fifia.—Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 1:23.
2 Magazinewo Kpɔa Gbɔgbɔmenuhiahiã aɖe Gbɔ: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ɖe vi na dzianukwaretɔ miliɔn geɖe to alesi wokpe ɖe wo ŋu wokpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã gbɔe me. Wotaa nyati siwo tua xɔse ɖo ɖe wo me. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃ nyati si ƒo nu tso alesi wòhiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nya la ŋui ŋu le February 1, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ me. March 1, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ de dzi ƒo na mí be míawɔ dɔ sesĩe le Yehowa subɔsubɔ me eye be míakpɔ esinu. Aleke gbegbe Zefanya ƒe nyagblɔɖia me dzodzro tsitotsito ʋã amee nye si! Emegbe míedzro Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me le March 15, 1996 ƒe Gbetakpɔxɔ me si tu míaƒe xɔse ɖo. May 15, 1996 ƒe tataa te gbe ɖe asixɔxɔ si le Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ɣesiaɣi ŋu dzi. Nyati siawo na míegase Mawu ƒe Nya la me ɖe edzi, eye edzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe Fiaɖuƒe ŋu ɖe edzi.
3 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyati nyui siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi siwo ku ɖe mawusosroɖagbenɔnɔ, Kristotɔ ƒe agbenyuinɔnɔ, kple nya bubu siwo le vevie ŋutɔ ŋu la le magazine siawo me. Woƒoa nu tso nya vevi siwo ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ŋu la ŋuti. Ena míaƒe agbenɔnɔ de ŋgɔ wu fifia esime míele Mawu ƒe ŋugbedodowo le nusi nyo wu si ava le etsɔme la me vava lalam.—Yes. 48:17; Tim. I, 6:19.
4 Nya si nɔa Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe ƒe axa 4 lia me dzodzro kpuie naa susu nyui si ta míakafu magazine sia na amewo le afisiafi, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, be enye agbalẽ adodoe si woaxlẽ la mí. Egblɔ le afima be: “Nyɔ! la kɔa nu me na ƒome bliboa. Efiaa alesi woawɔ akpe akɔ kple egbekuxiwo. Egblɔa nyadzɔdzɔwo, eƒoa nu tso dukɔ geɖe me tɔwo ŋu, eye wòdzroa mawusubɔsubɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me. Gake egblɔa nya bubuwo hã. Ekua nu me eye wòfiaa asi gɔmesese vavãtɔ si le fifi nudzɔdzɔwo ŋu, gake medea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o eye medoa ameƒomevi ɖeka me tɔwo ɖe dzi wu bubu o. Vevietɔ la, magazine sia dea dzi ƒo be woaka ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo be yeahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe xexeme yeye vɛ, si esusɔ vie ko wòava xɔ ɖe fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi mawɔsedzi sia teƒe la dzi.”
5 Tsɔ Magazineawo Na Amewo: Kɔ dɔme faa ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nana ŋu. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 6:18.) Ðewo nenɔ ŋuwò ale be nàte ŋu atsɔ wo na amesiame si nàdo goe. (Nyagb. 11:6) Mí katã, ɖeviwo kple gbeƒãɖela yeyewo siaa, míate ŋu akpɔ gome bliboe le magazineawo nana me ɣleti sia ne míezã dzeɖonya kpui siwo nɔ te ɖe nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi le tata yeyeawo me. To emenyawo me nyuie, eye nàtsɔ anukwareɖiɖi kple kakaɖedzi ana wo.
6 Nya siwo hiã amesiame lae le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me. Wo nana to nudɔdɔxɔxɔ dzi nye mɔ nyuitɔ siwo dzi míato akpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nyanyui si nye be nusi nyo wu ava kpuie la dometɔ ɖeka!