“Fiaɖuƒe ƒe Nuku la Wuwu” to Magazine ƒe Ademɔwo Dzi
1 Tanya si wona hadzidzi 133 lia le Midzi Kafukafuhawo na Yehowa hadzigbalẽa mee nye “Fiaɖuƒe ƒe Nuku la Wuwu.” Wotui ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu si me wòtsɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa sɔ kple nuku wuwu dzi. (Mat. 13:4-8, 19-23) Hadzidzia ƒe hagbewo xlẽ be: “Be nukua nadze anyigba nyui dzi la/Zi geɖe gbɔwò wòtsona.” Aleke míatrɔ asi le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu be wòatse ku geɖe wu? Mɔ ɖekae nye magazine ƒe ademɔ ɖoɖo anyi kple eléle ɖe te.
2 Woate ŋu aɖo taɖodzinu geɖe gbɔ to magazine ƒe ademɔ dzi. (1) Tɔtrɔyi wɔwɔ edziedzi ana xɔlɔ̃wɔwɔ nava nɔ mia kple ɖetsɔlemetɔa dome. (2) Ànɔ nyatakaka siwo xɔa ame ɖe agbe siwo le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me la namee ɣesiaɣi. (3) Àte ŋu ato miaƒe dzeɖoɖowo me akpe ɖe amea ŋu be Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea nadzroe, eye Biblia-nusɔsrɔ̃ ate ŋu ado tso eme.—Pet. I, 2:2.
3 Alesi Wodzea Magazine ƒe Ademɔ Gɔmee: Ɣesiaɣi si ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia ɖe magazineawo ŋu la, ɖe eme nɛ be nyati tɔxɛwo dzena le tata ɖesiaɖe me eye adzɔ dzi na ye be yeanɔ wo tsɔm vɛ nɛ, ne wonya va teti ko. Ne èdzo le egbɔ vɔ la, ŋlɔ amea ƒe ŋkɔ kple adrɛs, ŋkeke si dzi nède egbɔ, magazine siwo nènae ƒe ɣletiŋkeke, nyati si le eme, kple nyati si do dzidzɔ na amea koŋ la ɖi.
4 Àte ŋu adze magazine ƒe ademɔ gɔme kple ame ʋee aɖewo. Eye nàdzii ɖe edzi kple ame bubu siwo nàgana magazinee. Ne ameawo va le agbɔ sɔm le wò ademɔa dzi la, àte ŋu amã ameawo me ɖe woƒe nɔƒewo nu, ale be wo kpekpeɖo nanɔ bɔbɔe wu. Wɔ nuŋlɔɖi nyui le tata ɖesiaɖe si nèna le tɔtrɔyi ɖesiaɖe wɔwɔ me kple ɣeyiɣi si nède ŋu. Ŋlɔ dze siwo mieɖo kple alesi nàgatu amea ƒe ɖetsɔtsɔ le nyateƒea me ɖoe hã ɖi ne ègatrɔ yi.
5 De Asitsalawo Kple Dɔwɔlawo Hã Eme: Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be fiasedzikpɔlawo kple dɔwɔla bubuwo axɔ míaƒe magazineawo edziedzi. Du aɖe si me hamemegã aɖe le ƒe dudzikpɔla gɔ̃ hã zu eƒe magazine-demɔ. Gbeƒãɖela aɖe dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple xɔtunuwo dzraƒe aɖe ƒe dɔtɔ si xɔ ƒe 80, le magazine nanae ƒe ewo tsiã ɖe enu megbe!
6 Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe ge ɖe fiase aɖe me eye wòdo go srɔ̃tɔ aɖewo siwo mexɔe nyuie o. Gake esi wònye woxɔ magazinewo ta la, eɖoe be yeatsɔ srɔ̃tɔ siawo akpe ɖe yeƒe magazine-demɔ ŋu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔvinyɔnua di be yeadzudzɔ wo gbɔ yiyi, elabena womekɔa ŋkume ɖee o, eye ne ebia woƒe nukpɔsusu le nya ŋu gɔ hã la, womekpɔa nya boo aɖeke gblɔna o. Gake nɔvinyɔnua tsɔ nya la de gbedodoɖa mee eye mlɔeba la, ena Agbe Tegbee ƒe agbalẽa srɔ̃tɔ siawo. Esi srɔ̃nyɔnua xlẽe la, edo ɣli be: “Meke ɖe nyateƒea ŋu mlɔeba!” Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme, eye emegbe ŋutsua kple srɔ̃a woxɔ nyɔnyrɔ. Nyateƒee, kutsetse nyui do go tso mɔɖela sia ƒe kutrikuku me.
7 Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ: Ne èxɔ magazine yeye la, xlẽ nyati ɖesiaɖe le eme. Di nya vevi siwo adzɔ dzi na amesiwo le wò ademɔa dzi dometɔ ɖesiaɖe. Ekema ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be: “Esi menɔ nyati sia xlẽm la, mebu ŋuwò eye be ɖewohĩ adzɔ dzi na wò.” Gbeƒãɖela tsitsiwo kple ɖeviwo siaa ate ŋu ase vivi le magazine ƒe ademɔ ɖoɖo me. Ðevi dzaa gɔ hã ate ŋu agblɔ be: “Edo dzidzɔ nam be megakpɔ wò ake. Wò Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeyeawo va ɖo. Meka ɖe edzi be nyati sia si ƒe tanyae nye . . . ado dzidzɔ na wò.”
8 Nyɔ nyati siwo agava ƒe dzodzro ɖe amewo me to woƒe susu hehe yi aɖaka si ƒe tanyae nye “Le Tata si Gbɔna Me” dzi. Ne nyati aɖewo ava atsiã ɖe wo nɔewo nu la, na nuxlẽlaa nanya eye nàde dzi ƒo nɛ be ɖeke nagato eŋu o. Mègaŋlɔ be o be ɣesiaɣi si nètsɔ magazine yi na ame aɖe si le wò magazine ƒe ademɔ dzi la, àte ŋu ade dzesii be enye tɔtrɔyi wɔwɔ. Kpɔ egbɔ be yetsɔ nudɔgbalẽvi ɖe asi be nàzã le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si aʋu ɖi me. Vevietɔ wu la, ɖo ŋku edzi be míaƒe taɖodzinue nye be míana tɔtrɔyi siawo nazu Biblia-nusɔsrɔ̃wo.
9 Srã Amesiwo Le Wò Ademɔa Dzi Kpɔ Edziedzi: Àte ŋu asrã amesiwo katã le wò ademɔa dzi akpɔ le ɣeyiɣi ɖesiaɖe si sɔ me—le dɔmedegbewo ƒe ŋdi kanyaa, le ɣetrɔwo me, le fiẽsiwo me, alo tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ vɔ megbe le kwasiɖa nuwuwuwo. Ne màte ŋu akpe amesiwo le wò ademɔa dzi ɖo o le lãmegbegblẽ alo le mɔzɔzɔ ta la, bia tso gbeƒãɖela bubu si le wò ƒomea me alo le hamea me si be wòatsɔ magazineawo ayii ɖe tewòƒe. Le mɔ ma nu la, amesiwo le wò ademɔa dzi magbe woƒe magazinewo xɔxɔ ɖe ɣeyiɣi dzi o.
10 Mɔ siwo dzi nàto awu Fiaɖuƒea ƒe nukuwo dometɔ aɖee nye be nàtsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ayi na amesiwo le wò magazine ƒe ademɔ dzi edziedzi. Esi nèle Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe fiam wo la, woava se Fiaɖuƒea ƒe nya la gɔme eye mlɔeba woava kpe ɖe ŋuwò le Fiaɖuƒea ƒe kuwo tsetse me.—Mat. 13:8, 23.