Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ðe Magazine Ƒe Ademɔ
Nu Si Ta Wòle Vevie: Ame geɖe siwo míaƒe magazinewo xexlẽ doa dzidzɔ na la medina be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo o. Ðewohĩ subɔsubɔha si me wole dze wo ŋu, alo ewɔna na wo be yewomevo asrɔ̃ nu o. Gake esi woyi edzi le míaƒe magazinewo xlẽm edziedzi la, Mawu ƒe Nya la ƒe notsi ate ŋu ava dzro wo. (1 Pet. 2:2) Nyati aɖe si woxlẽ ate ŋu ade dzi gbɔ na wo, alo woƒe nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ. Ne míeyia wo gbɔ edziedzi la, ana woaɖe dzi ɖi aɖo dze kpli mí faa, eye esia ana míanya nu siwo me wotsɔa ɖe le kple nu siwo ŋu wotsia dzi ɖo. Mlɔeba la, míate ŋu adze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Ŋlɔ ame siwo ate ŋu anɔ wò magazine ƒe ademɔ dzi la ƒe ŋkɔwo ɖi. Tsɔ magazine yeyeawo yi na wo, eye nàgblɔ na wo be yeatsɔ esi agado le ɣleti si gbɔna me la vɛ na wo.