Magazine Ƒe Ademɔ—Enye Mɔ Nyui Aɖe Si Dzi Míato Adze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme
1. Nu ka tae Yehowa ƒe habɔbɔa nɔa dzi dem ƒo na gbeƒãɖelawo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia be woaʋu magazine ƒe ademɔwo ɖi?
1 Ame geɖe medina be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo o, gake míaƒe magazinewo xexlẽ doa dzidzɔ na wo. Eya ta ɣeyiɣi didi aɖee nye esia Yehowa ƒe habɔbɔa nɔa dzi dem ƒo na gbeƒãɖelawo be woaʋu magazine ƒe ademɔwo ɖi. Ne amewo le míaƒe magazinewo xlẽm edziedzi la, Mawu ƒe Nya la va dzroa wo vevie. (1 Pet. 2:2) Mlɔeba la, ɖewohĩ nane si woxlẽ ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo dzi, si awɔe be woalɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo.
2. Aleke míate ŋu atu ame siwo nye míaƒe magazine ƒe ademɔwo ƒe ɖetsɔleme ɖo?
2 ‘De Tsi’ Nyateƒea Ƒe Nukuwo: Le esi nàtsɔ magazineawo ana aƒemenɔlaa ko adzo teƒe la, ele be nàɖo dze kplii ahadze agbagba be ƒomedodo nyui nava nɔ wò kplii dome. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya nɔnɔme si me wòle, nu siwo doa dzidzɔ nɛ kple eƒe dzixɔsewo, ale be nàna nufiame nanɔ wò nuƒoƒo me. (Lod. 16:23) Dzra ɖo ɖe tɔtrɔyi ɖe sia ɖe ŋu. Ne anya wɔ la, ƒo nu tso magazinea me nya vevi aɖe ŋu eye nàhe eƒe susu ayi mawunyakpukpui siwo ɖe eme la dzi kpuie. Esia wɔwɔ anye tsidede nyateƒea ƒe nuku si le eƒe dzi me. (1 Kor. 3:6) Ɣesiaɣi si nèyi egbɔ la, ŋlɔ ŋkekea, agbalẽ si nènae, nu si ŋu mieɖo dze tsoe kple mawunyakpukpui siwo miexlẽ la ɖi.
3. Zi nenie wòle be míatrɔ ayi ame siwo nye míaƒe magazine ƒe ademɔwo gbɔ?
3 Zi Nenie Nàtrɔ Ayi? Ele be nàtrɔ ayi ame siwo nye wò magazine ƒe ademɔwo gbɔ zi ɖeka le ɣletia me be nàtsɔ magazine yeyewo ayi na wo. Ke hã, le nɔnɔme si me nèle kple ɖetsɔleme si aƒemenɔlaa ɖe fia nu la, àte ŋu atiae be yeayi egbɔ edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, le kwasiɖa ɖeka alo eve le magazineawo tsɔtsɔ nɛ vɔ megbe la, àte ŋu atrɔ ayi egbɔ ahagblɔ nɛ be: “Ðeko meva be matsɔ nane afia wò le magazine siwo mena wò la me.” Esia ate ŋu ana wòadzro amea be yeaxlẽ nyati ma. Ne exlẽe vɔ la, àte ŋu abiae nu si wòsusu tso nyatia ŋu eye nàdzro eme kplii kpuie. Alo ne míaƒe agbalẽwo xexlẽ doa dzidzɔ na amea la, àte ŋu atrɔ ayi egbɔ ahatsɔ trakt, agbalẽ gbadza, alo agbalẽ si nam míele le ɣletia me la anae.
4. Nu kae míate ŋu anɔ wɔwɔm tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi be míanya ne ame siwo nye míaƒe magazine ƒe ademɔwo alɔ̃ be míasrɔ̃ Biblia kpli yewo?
4 Mèganɔ lalam be aƒemenɔlaa ŋutɔ nabia be nàsrɔ̃ Biblia kpli ye o. Doe ɖe egbɔ gbã. Ne melɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye ɣeaɖeɣi va yi o hã la, àte ŋu atsɔ “Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo” si dzena le míaƒe Gbetakpɔxɔ me anɔ efiam tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi ahakpɔe ɖa be alɔ̃ be nàdzro eme kpli ye mahã. Ðewohĩ àte ŋu adze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii le ʋɔtru nu. Ke hã ne mète ŋu dze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii o hã la, àte ŋu ayi edzi atsɔ magazinewo anɔ yiyim nɛ be nàtu eƒe ɖetsɔleme ɖo.