Ele Be Míayi Edziedzi
1 Ðe nèxɔ nyanyuia nyuie zi gbãtɔ si ame aɖe va gblɔe na wòa? Ne mèxɔe nyuie o la, ke ele be nàda akpe be Yehowa Ðasefowo va edziedzi vaseɖe sime nèva lɔ̃ mlɔeba be woasrɔ̃ Biblia kple ye. Anyo be nànɔ nya sia ŋu bum ne èle dɔ wɔm enuenu le anyigbamamã si wona wò me.
2 Amewo ƒe agbenɔnɔ nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi. Kuxiwo alo nɔnɔme yeyewo dzea ŋgɔ wo, wosea nya ɖefuname siwo dzɔ le nutoa me alo le xexeame, ganyawo ɖea fu na wo, alo wodzea dɔ loo alo ame aɖe kuna le woƒe ƒomea me. Nusiawo ate ŋu ana woadi be yewoanya susu siwo ta dzigbãnya siawo dzɔna ɖo. Ele be míadze si nusiwo le fu ɖem na amewo ƒe susu ale be míagblɔ eŋuti kɔfanya na wo.
3 Ameɖedɔe Dɔ sia Nye: De ŋugble le ameɖela siwo le dɔ wɔm le afisi afɔku aɖe dzɔ le ŋu kpɔ. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo anɔ amewo dim le afisi woakpɔ agbetsila ʋee aɖewo ko le hã la, kuvia meɖoa wo wodzudzɔa dɔa le esi woƒe hadɔwɔlawo le agbetsila geɖe kpɔm le teƒe bubuwo ta o. Míaƒe ameɖedɔa mewu enu haɖe o. Ƒe sia ƒe la, wole kekem ɖe ame akpe alafa geɖe siwo di be yewoatsi agbe le “xaxa gã la” me ŋu.—Nyaɖ. 7:9, 14.
4 “Amesiame, si ayɔ [Yehowa] ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.” (Rom. 10:13-15) Ele be nya siawo nana mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔe be ehiã be yeanɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Tso esime míedze dɔwɔwɔ gɔme le míaƒe anyigbamamã me va ɖo fifia la, ɖeviwo tsi ate ŋu abu tame le wo ɖokui si le woƒe etsɔme kple tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. Míate ŋu anya amesi ava ɖo to nya la mlɔeba gbeɖe o. (Nyagb. 11:6) Ame geɖe siwo tsi tre ɖe nya la ŋu tsã va xɔ nyateƒea. Menye míaƒe dɔe wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu amewo o, ke mía tɔ boŋue nye be míanɔ mɔnukpɔkpɔa nam wo be woase nyaa bene woaɖe wo le xexe xoxo sia me. Abe alesi Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo wɔe ene la, ele be míanɔ amewo gbɔ ‘yim edziedzi’ adze agbagba ado ŋusẽ wo be woatsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedasia me.—Mat. 10:6, 7.
5 Alesi mɔnukpɔkpɔa gali be míaɖe gbeƒã la nye Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖeɖefia. (Pet. II, 3:9) Zi alesi míele mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woase nyaa edziedzi la, míele Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖem fia, eye míeto nusia wɔwɔ me le ekafum.