Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe
1 Esi wòsusɔ vie Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose de dzi ƒo na wo vevie be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe nufiamewo ŋu. Egblɔ na wo be: “Menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee.” (Mose V, 32:45-47) Ðe míedaa akpe na Yehowa be míaƒe agbe le vevie nɛ ale gbegbe be wòtoa eƒe Nya xɔasia dzi fiaa mɔ mí oa? Le esia ta, míele mɔ kpɔm na ŋkeke etɔ̃ ƒe “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpea kple nusiwo Yehowa dzra ɖo ɖi na mí la vevie.
2 Le ƒe sia me la, wowɔ ɖoɖo nyuiwo be woawɔ nutome gã takpekpeawo le teƒe 17 siwo sɔ nyuie le Ghana. Woawɔ takpekpea le Dangme, Eŋlisigbe, Eʋegbe, Frafragbe, Gɛ̃gbe, Nzemagbe, Tokunɔwo ƒe Gbe, kple Twigbe me. Gakpe ɖe eŋu la, woawɔ kpekpe kple amesiwo adi be yewoasubɔ le Betel la le takpekpe siawo dometɔ ɖesiaɖe me le Eŋlisigbe me, esi anye zi gbãtɔ le dukɔ sia me.
3 Ðikeke mele eme o be èwɔ ɖoɖowo xoxo be yeade takpekpea ƒe ŋkekeawo katã elabena èxɔe se be Yehowa di be nàyi. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ele agbagba siwo eƒe subɔlawo dzena kple vɔ siwo wosana be yewoate ŋu ade la teƒe kpɔm, eye wòɖoa ŋku wo dzi kple ŋudzedzekpɔkpɔ. (Heb. 6:10) Ne míede takpekpea ƒe ŋkeke ɖesiaɖe tso hadzidzi gbãtɔ dzi vaseɖe gbedodoɖa mamlɛtɔ dzi la, míaɖee afia Yehowa be míedea asixɔxɔ eƒe nya siwo wògblɔ na mí la ŋu. (Mose V, 4:10) Míaɖee afia hã be míekpɔ ŋudzedze ɖe mía nɔvi gbogbo siwo kpɔ gome le dzadzraɖowɔwɔ ɖe takpekpea ŋu ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ŋu.
4 Ðoɖowɔwɔ be Mawu ƒe ame akpe nanewo naƒo ƒu ɖe takpekpeawo dometɔ ɖesiaɖe wɔƒe bia ɖoɖo nyui wɔwɔ do ŋgɔ. Ele be nyanya be wowɔ takpekpe ŋuti ɖoɖowo lɔlɔ̃tɔe na mí naʋã mí be míawɔ nu aduadu kple ɖoɖoa wɔlawo, ale be “woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Kor. I, 14:40) Míele nyatakaka kple ŋkuɖodzinya siwo gbɔna la nam ale be nàte ŋu adzra ɖo nyuie hafi ayi miaƒe takpekpea ase vivi le gbɔgbɔmenuɖuɖua kpakple hadede kple hati Kristotɔwo me.
Do Ŋgɔ na Takpekpea
5 Ðe amesiwo nèsrɔ̃a Biblia kplii kpakple ɖetsɔlemetɔ bubuwo hiã na kpekpeɖeŋu le woƒe ɖoɖowo wɔwɔ be woayi takpekpe mea? Nusiwo woase ahakpɔ le afima ate ŋu aʋã wo woava zu Yehowa subɔlawo. (Kor. I, 14:25) Ele be hamemegãwo nanya amesi hiã na kpekpeɖeŋu le dzeƒe alo ʋuɖoɖo gome, vevietɔ ame tsitsi siwo le hamea me, eye woakpɔ egbɔ be wokpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le lɔlɔ̃ me.—Gal. 6:10.
6 Èwu wò xɔdidi ƒe ɖoɖowo nu xoxoa? Ne àdze amedzrodzeƒe la, èxɔ xɔa ŋuti kpeɖodzi xoxoa, eye èɖo ga si wòle be nàde ete la ɖe takpekpea ŋuti ɖoɖowɔlawoa? Va ɖo fifia la, ele be hamea ƒe agbalẽŋlɔla naɖo Xɔbiagbalẽvi siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia da asi ɖo la ɖe takpekpe si miayi la wɔƒe xoxo. Ne wodi xɔ na wò le hiahiã tɔxɛ ƒe ɖoɖoa me gake wòva hiã be nàte fli ɖe eme la, taflatse na afima ƒe Xɔdidɔwɔƒea nanya enumake ale be woate ŋu atsɔe na ame bubu. Miate ŋu akpɔ adrɛs la le June 1999 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ƒe axa 6.
7 Ne èhiã na nyatakaka ku ɖe takpekpe aɖe ŋu la, zã adrɛs si wona ɖe June 1999 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me. Taflatse megaƒo ka alo aŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa alo takpekpewɔƒea ƒe xɔtɔwo o.
8 Esi wònye dɔ si adze ame dzi kpata ko gbɔe wokpɔna le Atikewɔƒea le takpekpea me ta la, míekafui be nàtsɔ wò ŋutɔ wò aspirin, abiblavɔwo, atike si wogbɔna ɖe ŋɔtime, atike siwo gbãa nuɖuɖu ɖe ame ŋu, kple nusiawo tɔgbe ɖe asi ava takpekpea me ne èka ɖe edzi be nusiawo ahiã wò. Ne dɔ sesẽ aɖe abe dzidɔ, suklidɔ, glãkpedɔ ene le ŋuwò alo wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ŋu la, taflatse tsɔ atike siwo ahiã la ɖe asi va takpekpea me abe aƒeme alo mɔkekee míele ene be nàte ŋu akpɔ nuhiahiã siawo gbɔ. Anyo be ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi si nya nu tso amea ƒe nɔnɔmea ŋu nanɔ eŋu esi wònye eyae ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã la ta.
9 Ne miedze mɔ yina takpekpea alo mietrɔ gbɔna la, mɔnukpɔkpɔwo aʋu be míaɖi vomeɖase. Ðe nànɔ dzadzraɖoɖi be yeagblɔ nyateƒea na amewoa? Mí katã, ɖevi suewo hã le eme, míate ŋu akpɔ gome le eme ana traktwo petroldzraƒedɔwɔlawo, mɔdzidzɔxɔlawo, kple ame bubu siwo míado goe le míaƒe mɔzɔzɔa me. Mɔnukpɔkpɔwo aʋu be míana magazinewo, agbalẽ gbadzawo, alo agbalẽ bubuwo ɖetsɔlemetɔwo. Dzra ɖo be yeaɖi vomeɖase na amesiwo ŋu míate ŋu ake ɖo le tso aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa me o.
Le Takpekpea Wɔɣi
10 Àte ŋu alé nɔƒewo ɖi na wò ƒomea me tɔ kplikplikpli alo amesiwo mia kpli wo mieɖo ʋu ɖeka ko. Woagblẽ zikpui siwo sɔ la ɖi na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo eye woagblẽ teƒewo ɖi na nuwɔametɔ kple amesiwo anɔ bunɔkekewo me. Manya wɔ be woadi xɔ tɔxɛwo le takpekpea me na amesiwo nutoa me ƒe nɔnɔme menyo na o alo amesiwo ŋu dɔ honamewo le o. Gbesiagbe hafi nàdzo le nɔwòƒe la, taflatse lé ŋku ɖe nuwo ŋu nàkpɔ be yetsɔ yeƒe nunɔamesiwo katã.
11 Be míate ŋu aƒo ƒu le agbɔsɔsɔ gã me le míaƒe nutome gã takpekpewo me la, wodi tso mía si be míawɔ ɖe nutoa me sewo, dzo ŋuti sewo, kple dedienɔnɔ ŋuti se bubuwo dzi. Eyata mele be woada vidzĩkekewo kple woawo ŋutɔ ƒe zikpuiwo ɖe zikpuiwo domemɔwo dzi le akpataa me alo agbadɔa te o. Nusiawo xea afɔtoƒewo alo zikpuiwo domemɔwo. Gake woate ŋu atsɔ vidzĩtsɔnu si woate ŋu atsɔ aku zikpui si te ɖe wo dzilawo tɔ ŋu si ana be woanɔ dedie la vɛ.
12 Àxɔ nyɔnyrɔ le nutome gã takpekpea mea? Le Memleɖa ŋdi ƒe wɔnawo me la, woagblẽ zikpuiwo ɖi na nyɔnyrɔxɔlawo, eye anyinɔƒedzikpɔlawo afia teƒea wò. Ne anya wɔ la, taflatse nɔ afima hafi wɔnaa nadze egɔme. Tsɔ wò Biblia, hadzigbalẽ, tsiletse, kple tsimeyiwu ɖɔʋu ɖe asi vɛ. Awu siwo dzi wotso, dziwui siwo dzi woŋlɔ nuwo ɖo, kple awu mawo tɔgbe mesɔ na wɔna si ŋu bubu le alea o. Ele be hamemegã siwo ato nyabiabia siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa me kple nyɔnyrɔxɔlawo nakpɔ egbɔ be wo dometɔ ɖesiaɖe se nya siawo gɔme nyuie. Esi nyɔnyrɔxɔxɔ nye ame ŋutɔ ƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi ta la, masɔ be nyɔnyrɔxɔlawo nalé asi na wo nɔewo ne wole nyɔnyrɔa xɔm o.
13 Àte ŋu azã fotoɖemɔ̃wo, videoɖemɔ̃wo, kple nyalémɔ̃wo le takpekpea me. Gake mele be afisi nàda wo ɖo alo wo zazã naxe zikpuiwo domemɔwo, ame bubuwo ŋku me, alo ahe amewo ƒe susu ɖa le wɔnaa ŋu o. Ele be woanɔ wo ɖokui si—si fia be, mele be woatsi wo ɖe elektrik alo nyasemɔ̃wo ƒe ka ŋu o.
14 Esi telefon si wotsɔna ɖe ŋuti kple mɔ̃ sue si wotsɔ xɔa nyatakakae la zazã va le bɔbɔm ta la, taflatse ɖɔ ŋu ɖo be mɔ̃ siawo nagahe wò alo amesiwo nɔ gbɔwò la ƒe susu o. Mele be nana mɔ̃ siawo naɖi woase esi nèle nyaselawo dome o. Ne ehiã be nàzã telefon si wotsɔna ɖe ŋuti esi nuƒoawo le edzi yim la, taflatse do yi takpexɔa alo agbadɔa godo.
15 Le ɣeyiɣi kple nuwo wɔwɔ wòanɔ bɔbɔe ta la, Habɔbɔa bia tso mía si be míatsɔ mía ŋutɔwo míaƒe ŋudɔnuɖuɖuwo ɖe asi ava takpekpea gbesiagbe. Nɔvi geɖe wɔ ɖe mɔfiame sia dzi eye wokpɔe be ne míekpã le ŋdɔme la, yewote ŋu nɔa anyi kple yewoƒe ƒomewo heɖua nusi yewotsɔ vɛ gbemagbe. Ame geɖe gblɔ be yewose vivi le mɔnukpɔkpɔ si ʋu be yewoaɖi ɖe eme le ŋdɔme agakpɔ ɣeyiɣi ade ha kple yewo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo la me. Esia bia be míaƒle nuɖuɖuwo kple nunonowo do ŋgɔ ahade wo nugo alo tsifago si ate ŋu ayi ɖe zikpuiawo te la me. Míebia be vavalawo katã nawɔ ɖe mɔfiame sia dzi. Nuɖuɖudzrala siwo te ɖe míaƒe takpekpeawo wɔƒe ŋu dometɔ aɖewo de dzesii be nɔvi aɖewo dzona le takpexɔa alo agbadɔa te va ƒlea nuɖuɖu le mɔtonudzralawo gbɔ kple nuɖuɖudzraƒe siwo te ɖe mía ŋu. Esia na wo dometɔ aɖewo di be yewoaɖo nuɖuɖu dzraƒewo ɖe takpekpea wɔƒe be míaƒe takpekpea valawo naƒle. Ne woɖe mɔ ɖe esia ŋu la, xexemetɔ geɖe atsaka mí le ŋkekea me. Azɔ hã, zitɔtɔ kple fli legbee siwo nɔa nuɖuɖudzraƒewo agava eye wòagblẽ dziɖeɖi ƒe nɔnɔme si le míaƒe takpekpewo me la dome. Eyata míebia be amesiame nadze agbagba atsɔ eya ŋutɔ ƒe nuɖuɖu kple nunono ɖe asi ava takpekpeae gbesiagbe. Ele be ɖetsɔlemetɔ siwo akplɔ wò ɖo ava takpekpea hã natsɔ woa ŋutɔwo ƒe nuɖuɖu ɖe asi. Migatsɔ nugo siwo ate ŋu agba kple aha sesẽwo va takpekpea wɔƒewo o.
16 Àte ŋu atsɔ ɖokuiwò ana faa akpe asi ɖe teƒea dzadzraɖo ŋu le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe wɔnawo megbea? Alo àte ŋu awɔ dɔ le takpekpedɔwɔƒe bubuawo dometɔ aɖe mea? Ne àte ŋui la, ke taflatse va takpekpea ƒe Lɔlɔ̃nu Faa Dɔdzikpɔƒea. Ðevi siwo mexɔ ƒe 16 haɖe o ate ŋu ava wɔ dɔ le wo dzilawo alo ame tsitsi bubu aɖe ƒe dzikpɔkpɔ te. Le nyateƒe me la, amesiame ate ŋu akpe asi ɖe eŋu be teƒea nanɔ dzadzɛ ne míekpɔ egbɔ be míefɔ gbeɖuɖɔ ɖesiaɖe heƒu gbe ɖe afisi dze.
17 Míexɔ mɔfiame nyuiwo ku ɖe awudodo kple dzadzraɖo si sɔ le míaƒe takpekpewo me ŋu. Le kpɔɖeŋu me: Wona nya sia ŋuti mɔfiafiawo mí le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽviwo me, kpɔɖeŋuwo kple nɔnɔmetatawo le míaƒe agbalẽwo me, eye vevietɔ wu la, nusi Yehowa gblɔ le Biblia me hã le mía si. (Rom. 12:2; Tim. I, 2:9, 10) Amewo nya amesi ƒomeviwo míenye kple nusita míeva ƒo ƒu ɖe woƒe dua me. Eyata míaƒe awudodo kple dzadzraɖo ɖeɖe dzaa nye ɖaseɖiɖi blibo le eɖokui si. Yehowa ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ ɖoa kpɔɖeŋu nyui le go sia me. Gake enuenu la, míekpɔna be xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le amesiwo dea míaƒe takpekpewo dometɔ aɖewo ƒe awudodo kple dzadzraɖo me. Awu siwo me ametia dzena le ƒomevi ɖesiaɖe awɔe be womate ŋu aka ɖe edola ƒe gbɔgbɔmenyenye dzi o. Dzedzeme si sɔ, si dza, eye wò dzeani ye nya kpɔna wu. Eyata ele be ƒome ƒe tawo nalé ŋku ɖe awu siwo woƒe ƒomea me tɔwo adi be yewoado la ŋu. Ele be wòanɔ nenema ne míedzo le takpekpea wɔƒe hã. Míaƒe akɔtagbalẽviawo dede do ŋgɔ na ŋkekea ƒe wɔnawo kple emegbe hã wɔnɛ be wodea dzesi mí be míenye Yehowa kple eƒe ame dzadzɛwo dometɔwo.—Tsɔe sɔ kple Marko 8:38.
18 Gbɔgbɔ ʋã nunyala Fia Salomo wògblɔ be ‘bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu’ eye “ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lod. 22:15; 29:15) Ne wɔnawo le edzi yim la, ɖasefo sue siwo ŋu ŋku mele o ɖea toɣli nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le agbagba dzem be yewoase nyawo. Le ƒe si va yi ƒe takpekpewo me la, wokpɔ be ɖevi aɖewo nɔ fefem le ʋu siwo wotɔ ɖi me alo nɔ tsaglãla tsam le agbadɔa alo takpexɔa godo esime wɔnawo nɔ edzi yim. Edze ƒã be ɖevi siawo menɔ vi ɖem tso gbɔgbɔmeɖoɖo si wowɔ na woawo koŋ la me o. Esi wònye dzilawo abu akɔnta na Yehowa le wo viwo ƒe agbenɔnɔ ŋu ta la, ne vidada alo vifofo kpɔ egbɔ be ɖeviawo nɔ anyi ɖe wo gbɔ ko hafi woate ŋu aka ɖe edzi be ɖeviawo le nu wɔm nyuie eye wole to ɖom Yehowa ƒe nufiame. Anyinɔƒedzikpɔlawo ate ɖe amesiame si anɔ toɣli ɖem la ŋu tufafatɔe, abia be wòadzudzɔ eye wòaɖo ŋku edzi na wo be woalé to ɖe nuƒoawo ŋu.
19 Esi míekpea amesiame vaa míaƒe takpekpewo me ta la, nunya anɔ eme be míanɔ ŋudzɔ ɖe ɖeviwo kple míaƒe nunɔamesiwo ŋu. Mía viwo nye nunana xɔasi tso Yehowa gbɔ. Gake míenya be Satana ƒe nudomegbegblẽ ƒe nɔnɔmee le xexeame. Eyata taflatse minya afisi mia viwo le ɣesiaɣi. Azɔ hã, ele be fotoɖemɔ̃wo, gakotokuwo, kple nu xɔasi bubuwo nanɔ ŋuwò ɣesiaɣi eye megagblẽ wo ɖe afisi nenɔ o. Kpɔ egbɔ be yedo yeƒe ʋu ƒe ʋɔwo, eye nàtsɔ wò nunɔamesiwo de ʋua ƒe agbadeƒe alo tsɔ wo ɖe asi. Esia aɖe alesi ame aɖe adi be yeafi nane le wò ʋua me la dzi akpɔtɔ.
20 Xɔdidɔwɔƒe si le takpedua me anɔ klalo be yewoakpe ɖe ŋuwò ne kuxi aɖe do mo ɖa le wò xɔnyawo ŋu. Taflatse mina xɔdidɔwɔƒea nanya kuxi ɖesiaɖe si ado mo ɖa esi miegakpɔtɔ le takpekpea me. Adzɔ dzi na nɔviawo be yewoakpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ nyaa gbɔ ale be nàte ŋu ayi edzi ase vivi le takpekpea me. Azɔ hã, taflatse mide dzesi nya siwo gbɔna ku ɖe xɔdidi ŋuti:
▪ Zi geɖe la, amedzrodzeƒewo ɖea mɔ woléa television kple video dɔwɔƒe siwo ɖea amamaɖeɖenuwɔnawo. Ne miebia la, amedzrodzeƒe akpa gãtɔwo axe mɔ ɖe afisiwo woɖea nanewo le la nu be woagava miaƒe xɔ me le miaƒe afima nɔɣi o. Abe alesi miewɔnɛ le aƒeme ene la, taflatse milé ŋku ɖe mia viwo ƒe television kpɔkpɔ ŋu.
21 Edea dzi ƒo be míakpɔ nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo woanɔ nuŋlɔɖiwo wɔm ne takpekpea le edzi yim. Nuŋlɔɖi kpuiwo akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nuƒoawo ŋu eye wòaɖo ŋku nya veviwo dzi na wò. Nuŋlɔɖi siwo nèwɔ la me toto kple ƒomea alo xɔlɔ̃wo ana nàde ŋugblẽ le takpekpea me nyati veviwo ŋu ale be nàgaŋlɔ wo be o.
22 Yehowa ƒe amewo dzɔa nu faa ɣesiaɣi ɖe teokrasidɔwo ŋu. (Mose II, 36:5-7; Kron. II, 31:10; Rom. 15:26, 27) Wozãa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo miewɔna ɖe xexeame katã ƒe dɔa ŋu la tsɔ xea fe siwo míenyina tsɔ hayaa teƒe siwo lolo alo dzraa wo ɖo hena takpekpeawo wɔwɔ. Ne èdi be yeazã gaxɔgbalẽvi atsɔ adzɔ nui la, taflatse ŋlɔ “Watch Tower” ɖe edzi.
23 Abe alesi woŋlɔe ɖe Amos 3:7 la, Yehowa be ‘yemewɔa naneke, ne yemeɖe yeƒe tameɖoɖo fia yeƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.’ Yehowa, “amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go” na woŋlɔ nyagblɔɖi gbogbo siwo va eme pɛpɛpɛ la ɖe Biblia me. (Dan. 2:28, 47) Ŋugbedodo gãwo gali siwo meva eme haɖe o. Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpeawo ado ŋusẽ wò xɔse ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo me. Lé to ɖe nya siwo Yehowa agblɔ na wò la ŋu nyuie. Tsɔ nusiwo nàse ahakpɔ la de dɔwɔna me—le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, le hamea me, kple wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ me. Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra ɖe wò ɖoɖowo dzi be nàde gbɔgbɔmekplɔ̃ɖoɖo dami sia ŋkekeawo katã!
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Wɔ ɖoɖo nàde ŋkekea katã Fiɖa, Memleɖa, kple Kwasiɖa!