Nyabiaɖaka
◼ Agbalẽ kawoe wòle be míasrɔ̃ kple ame yeyewo hafi woaxɔ nyɔnyrɔ?
Hafi ame natsɔ eƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa axɔ nyɔnyrɔ la, ele be sidzedze vavãtɔ nasu esi. (Yoh. 17:3) Nyatakaka siwo wòhiã la asu esi to Nukae Mawu Di tso Mía Si? ƒe agbalẽ gbadza la kple Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽ evea sia sɔsrɔ̃ me. Zi geɖe la, woasrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa gbã. Gake ne Sidzedze-gbalẽa mee wodze nusɔsrɔ̃a gɔme le la, ele be woasrɔ̃ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ne wowu agbalẽa nu. Nukatae esia le vevie?
Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒo nu tso Biblia me nufiafia veviwo ŋu kpuie. Ne wosrɔ̃e gbã la, nusrɔ̃via ase gɔmedzenu siwo hiã be woadze Yehowa ŋu la gɔme. Ne wosrɔ̃e mamlɛa la, anye nusiwo wòsrɔ̃ le Sidzedze-gbalẽa me ƒe numetoto nyui aɖe. Le go evea katã me la, de dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaxlẽ mawunyakpukpui siwo kɔ nu me ahade ŋugble le wo ŋu. Kpɔ egbɔ be yeƒo nu tso nɔnɔmetatawo ŋu, elabena wowɔa akpa vevi aɖe le nufiafia me.—Kpɔ January 15, 1997, Gbetakpɔxɔ axa 16-17.
Ne Biblia-nusrɔ̃via srɔ̃ agbalẽ eveawo vɔ ko la, ate ŋu aɖo nyabiabia siwo me hamemegãwo adzro kplii atsɔ adzrae ɖo hena nyɔnyrɔxɔxɔ la katã ŋu. Ne ele nenema la, ke magahiã be woasrɔ̃ agbalẽ bubu aɖeke kplii o, togbɔ be ele be eƒe nufiala nayi edzi atsɔ ɖe le eƒe ŋgɔyiyi me hã.—Kpɔ January 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 14, 17.