INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/00 axa 7
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nutome Sue Takpekpe Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míakpɔ Míaƒe Gbɔgbɔmemenyenye Ta
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 1/00 axa 7

Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Viɖe nyui kawoe nèkpɔ tso zɔzɔ kple Yehowa me fifia? Aleke nàte ŋu anɔ te be tetekpɔ si nye mɔɖeɖe be nusiwo menye teokrasinuwo o yometiti nagavu atsyɔ̃ Fiaɖuƒea ƒe nu siwo wòle be woaxɔ nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me dzi o? (Mat. 6:33) Ðe wòsesẽna na wò be nàde vovototo nyui kple vɔ̃ dome le xexe sia si nana be vɔ̃ dzena abe nyui ene mea? (Heb. 5:14) Woaƒo nu tso nya siawo ŋu le “Zɔ Mawu ƒe Mɔwo Dzi be Wòaɖe Vi na Wò Fifia” nutome sue takpekpe si adze egɔme le February 2000 la me.—Ps. 128:1.

Wɔna yeye aɖe ayi edzi le Memleɖagbe le nutome sue takpekpea me si nye alesi woawɔ Subɔsubɔ Kpekpea ƒe kpɔɖeŋu. Miaƒe nutome sue dzikpɔla ana nyanya hamewo tso ɖoɖo si wowɔ ɖe wɔnawo ŋu ale be amesiame nate ŋu adzra ɖo ɖe eŋu be wòate ŋu ase vivi na ɖoɖowɔɖia bliboe.

Wɔnaa ƒe akpa si ƒe tanyae nye “Mɔɖelawo—Mikpɔ Miaƒe Zɔzɔme Dzi Nyuie” afia mí alesi míawɔ nunya kple nugɔmesese ŋudɔ nyuie be míate ŋu awɔ ɣeyiɣi la ŋudɔ bliboe hena mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. (Ef. 5:15-17) Nyati si nye “Kpɔ Nyuie le Mɔ Siwo Ði Mɔ Dzɔdzɔe la Ŋu” afia mí alesi míawɔ akpɔ kakaɖedzi le nusiwo dze Mawu ŋu wɔwɔ le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me. Nuƒo si nye “Alesi Nyagblɔɖi Siwo Va Eme Wɔa Dɔ Ðe Mía Dzii” akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu kple dziwo me nayɔ fũ kple lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la. Dutoƒonuƒo si nye “Mawu ƒe Mɔwo—Aleke Woɖea Vii Enye Esi!” ate gbe ɖe viɖe nyui siwo míekpɔna tsoa wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi fifia la dzi.

Ðe wònye wò didi be yeaɖee afia le gaglãgbe to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me dzi be yedi be yeazɔ Mawu ƒe Mɔwo dzi abe eƒe subɔla siwo ɖe adzɔgbe nɛ la dometɔ ɖeka enea? Ekema gblɔe na dzikpɔla zimenɔla ale be wòate ŋu awɔ ɖoɖo siwo hiã na wò.

Ðoe kplikpaa be nutome sue takpekpe sia si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi la nagato ŋuwò o. Kpɔ gome le takpekpea ƒe ŋkeke evea ƒe ɖoɖowɔɖia katã me, elabena ‘dzidzɔtɔe nye amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi.’—Ps. 128:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe