Veviedodo si Dea Dzo Ame Akpa Gãtɔ Me
Apostolo Paulo kafu Korintotɔwo le alesi woƒe veviedodo le dɔ nyui wɔwɔ me “de dzo” wo hati Kristotɔ “geɖeawo me” ta. (Kor. II, 9:2) Zi geɖe la, ame ɖeka aɖe, ƒome aɖe, agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe, alo hame blibo ƒe gomekpɔkpɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me veviedodotɔe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ma ƒomevi ɖe amewo dzi. Mɔ siwo dzi nàte ŋu ato ado vevie subɔsubɔdɔa wɔwɔ dometɔ aɖewo nye esiwo gbɔna.
◼ Gblẽ wò Memleɖagbewo ɖi ne woanye Magazine Nana Ŋkeke.
◼ Kpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akpa aɖe me le Kwasiɖagbewo.
◼ Kpɔ gome le fiẽsiɖaseɖiɖidɔa me alesi nàte ŋui.
◼ Kpɔ gome le ɖaseɖiɖiŋkeke tɔxɛ siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo la me.
◼ Zã mɔkeke siwo dzi màyi dɔ me alo suku o atsɔ ayi gbeadzii.
◼ Kpɔ gome le subɔsubɔdɔa me le nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔɣiwo.
◼ Wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa dzinu ɖeka alo esi wu nenema le ƒea me.
◼ Ne wòanya wɔ la, trɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu nàzu gbesiagbe mɔɖela.
Kpɔ 2000 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 17-19.