‘Ŋusẽ Le Mawu ƒe Nya la Ŋu’
1 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Heb. 4:12) Nuka fiamee wòle? Mawu ƒe nya, alo gbedasi, si le Biblia me la ate ŋu akpɔ ŋusẽ sẽŋu ɖe amewo ƒe agbe dzi. Ŋusẽ le nunya si le Biblia me nyawo si be wòatrɔ ame ƒe agbenɔnɔ wòanyo ɖe dzi. Akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ si wònana la hea amewo ɖe Agbenala, Yehowa Mawu ŋu. Gbedasi si le eme la ate ŋu akplɔ dzianukwaretɔwo ato mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me la dzi. Gake, hafi míakpɔ eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo la, ele be míazã Biblia ne míele ɖase ɖim na ame bubuwo.
2 Xlẽ Ŋɔŋlɔawo le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me: Edze abe gbeƒãɖela geɖe megava le Biblia zãm le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe dɔa wɔwɔ me o ene. Ðe ema nye nyateƒe le gowòmea? Esi ɣeyiɣi fũ megale amewo ŋu hena dze legbewo ɖoɖo o ta la, ɖewohĩ esia vana agbalẽ nana alo ŋɔŋlɔawo me nya aɖewo gbugbɔgagblɔ va zu numãme na wò. Míele dzi dem ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woadze agbagba vevie axlẽ mawunyakpukpui ɖeka ya teti tso Biblia me ne wole nu ƒom tso nyanyuia ŋu, eye esia ana amewo nakpɔe be míaƒe gbedasia tso Mawu ƒe Nya la me vavã.
3 Togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe doa vivi ɖe Biblia xexlẽ ŋu hã la, ame geɖe gadea bubu eŋu kokoko. Amesiwo ŋu vovo mele kura o gɔ̃ hã adi be yewoatsɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo aɖo to gbedasi siwo tso Mawu ƒe Nya la me tẽ. Ŋusẽ si le Yehowa ƒe nyaa si ate ŋu awɔ dɔ nyui ɖe nyasela dzi, ne woxlẽ ŋɔŋlɔ si sɔ ɖe nyaa nu dzonɔamemetɔe heɖe eme kpuie. Gake aleke nàte ŋu atsiã wò ŋgɔdonyawo kple Biblia me mawunyakpukpui aɖe xexlẽe?
4 Te Esia Kpɔ le Magazinedɔa Wɔwɔ Me: Dzikpɔla mɔzɔla aɖe wɔa Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ memie vevietɔ ne ele magazinedɔa wɔm. Edea Biblia sue aɖe kotoku me. Le magazinea nana kple nuƒoƒo tso eme nyati aɖe ŋu kpuie megbe la, eʋua Biblia enumake eye wòxlẽa mawunyakpukpui aɖe si wɔ ɖeka kple nyatia. Woate ŋu awɔ esia to biabia ko be, “Aleke nèbu le ŋugbedodo dedziƒoname sia ŋui?” me ahayi edzi axlẽ ŋɔŋlɔ si wotia la.
5 Wɔe woanye wò taɖodzinu be nàxlẽ mawunyakpukpui ɖeka alo eve tso Biblia me na nyasela ɖesiaɖe. Ŋusẽ ʋãme si le esi la ate ŋu aʋu mɔ na ame geɖe be woate ɖe Mawu ŋu.—Yoh. 6:44.