Wɔ Biblia la Ŋudɔ Nyuie
1. Nukae nàte ŋu awɔ ne èle dzadzram ɖo na gbeadziyiyi?
1 Agbalẽ kae míeɖawɔ ɖoɖo be míana le gbeadzi o, aɖe vi be míatia mawunyakpukpui aɖe si naa wobua tame si míaxlẽ na amesiwo aɖo to mí. (Heb. 4:12) Ne ètia mawunyakpukpui aɖe le agbalẽ si nam nèle me la, awɔe be susu hehe yi agbalẽa dzi nanɔ bɔbɔe wu. Le teƒe aɖewo la, gbeƒãɖelawo kpɔe be eɖea vi be woalé Biblia ɖe asi ne wodi be yewoate ɖe ame aɖe ŋu alo ne wole dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme.
2. (a) Aleke míate ŋu atsɔ mawunyakpukpui aɖe adze míaƒe dzeɖoɖoa gɔmee? (b) Ŋɔŋlɔawo me nya kawoe doa dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me?
2 Tsɔ Mawunyakpukpui aɖe Dze Egɔme: Gbeƒãɖela aɖewo biaa nya bɔbɔe aɖe si ana aƒemenɔlaa naɖe eƒe nukpɔsusu agblɔ tso Biblia me kpukpui aɖe ŋu tsɔ dzea dzeɖoɖo gɔmee, eye emegbe woxlẽa kpukpuia. Esia hea amea ƒe susu yia Mawu ƒe Nya la dzi kaba. Ðe ŋgɔdonya siwo gbɔna la dometɔ aɖewo aɖe vi le miaƒe anyigbamama mea?
◼ “Ne ŋusẽ le asiwò la, ɖe nàhe tɔtrɔ siwo woŋlɔ ɖe afisia vɛa?” Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:4.
◼ “Nukatae míaƒe ɣeyiɣiawo sesẽ alea?” Xlẽ Timoteo II, 3:1-5.
◼ “Èsusu be míaƒe nutoa me anyo wu ne amewo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia?” Xlẽ Mateo 7:12.
◼ “Èsusu be viwòwo ate ŋu anɔ nɔnɔme siwo ŋu woƒo nu tsoe le afisia mea?” Xlẽ Psalmo 37:10, 11.
◼ “Èsusu be nya siawo ava eme gbaɖegbea ?” Xlẽ Yesaya 33:24.
◼ “Ènya nu tso dziɖuɖu ƒe tɔtrɔ si ŋu woƒo nu tsoe le afisia ŋua?” Xlẽ Daniel 2:44.
◼ “Èdi kpɔ be yeabia nya sia Mawua?” Xlẽ Hiob 21:7.
◼ “Ðe wòanya wɔ be míagakpɔ míaƒe ame vevi siwo ku la akea?” Xlẽ Yohanes 5:28, 29.
◼ “Ðe ame kukuwo nya nusi agbagbeawo le wɔwɔma?” Xlẽ Nyagblɔla 9:5.
3. Aleke míawɔ akpe ɖe amewo ŋu be woase Biblia me kpukpui si míexlẽ gɔme?
3 Ðe Nu Me, Wɔ Kpɔɖeŋu, Fia Alesi Woawɔ Nyaa Ŋudɔ: Ne ame aɖe lɔ̃ be nàɖo dze kpli ye la, mègaƒo nu blablabla ko o. Gbɔ dzi ɖi nàɖe mawunyakpukpui si nèxlẽ me, nàwɔ kpɔɖeŋu aɖe tso eŋu, eye nàfia alesi woawɔ eŋudɔ ale be amea nase egɔme. (Nex. 8:8) Ne amewo se Mawu ƒe Nya la gɔme hexɔ nusi wòfia dzi se la, ate ŋu ana woawɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbe me.—Tes. I, 2:13.
4. Aleke míate ŋu awɔ Biblia ŋudɔ nyuie ne míetrɔ yi amewo gbɔ?
4 Yi edzi nàwɔ Biblia la ŋudɔ nyuie ne èle ɖetsɔleme tum ɖo ɖe amewo me. Àte ŋu azã mɔnu sia ke ne èle tɔtrɔyi wɔm: (1) Tia mawunyakpukpui aɖe si sɔ. (2) Bia nyabiase aɖe ku ɖe mawunyakpukpuia ŋu si ana amea nagblɔ eƒe susu. Emegbe xlẽe. (3) Ðe nu me, wɔ kpɔɖeŋu, eye nàfia alesi woawɔ eŋudɔ. Dze agbagba nàfia nu yeye aɖe amea tso Mawu ƒe Nya la me ɣesiaɣi si nètrɔ yi egbɔ. Eteƒe madidi o, àdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii!