INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/04 axa 8
  • Akpa 3—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akpa 3—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 11/04 axa 8

Akpa 3—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ

Ŋɔŋlɔawo Zazã Nyuie

1. Nukatae wòle be míate gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔm?

1 Taɖodzinu si ta míesrɔ̃a Biblia kple amewo ɖoe nye be míawɔ wo “woanye nusrɔ̃lawo” to alesi míakpe ɖe wo ŋu woase Mawu ƒe Nya la ƒe nufiafiawo gɔme, alɔ̃ ɖe wo dzi, ahatsɔ wo awɔ dɔe dzi. (Mat. 28:19, 20; Tes. I, 2:13) Eyata ele be míatu nusɔsrɔ̃a ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Ðewohĩ ne èfia wò nusrɔ̃viwo alesi woawɔ ake ɖe ŋɔŋlɔ aɖewo siwo woyɔ ŋu le woa ŋutɔwo ƒe Biblia me tso gɔmedzedzea me la, akpe ɖe wo ŋu. Gake aleke míazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ akpe ɖe amesiawo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ mee?

2. Aleke míawɔ anya mawunyakpukpui siwo míaxlẽ le Biblia me ahadzro wo me?

2 Tia mawunyakpukpui siwo miaxlẽ: Ne èle dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu la, dze agbagba nàkpɔ alesi mawunyakpukpui ɖesiaɖe si me nyawo medze le agbalẽa me o la wɔ ɖeka kple nya si me dzrom wole lae, eye nàdo ŋgɔ atia esiwo miaxlẽ ahadzro wo me le nua srɔ̃ɣi. Zi geɖe la, enyona be woaxlẽ Ŋɔŋlɔ siwo ɖe míaƒe dzixɔsewo me. Ðewohĩ mahiã be miaxlẽ mawunyakpukpui siwo na nyatakaka gbadzaawo ko la o. Nusrɔ̃vi ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo kple nɔnɔmewo nenɔ susu me na wò.

3. Vi kae nyabiasewo zazã ɖena, eye aleke míate ŋu awɔ esia ŋudɔe?

3 Zã nyabiasewo: Le esi teƒe be wò ŋutɔ nàɖe mawunyakpukpui aɖe si miexlẽ le Biblia me la me na nusrɔ̃via la, na eya boŋ nàɖe eme nàse. Àte ŋu ana wòawɔ esia ne èzã nyabiasewo aɖaŋutɔe. Ne nusi fiam mawunyakpukpui aɖe le dze ƒã xoxo la, ɖewohĩ àte ŋu abiae ko be wòagblɔ alesi mawunyakpukpuia te gbe ɖe nya si wogblɔ le memamaa me dzii. Le go bubuwo me la, ɖewohĩ ahiã be nàbia nyabiase tɔxɛ aɖe alo nyabiase vovovowo atsɔ ahe nusrɔ̃via ƒe susu ayi ŋuɖoɖo si sɔ dzi. Ne ehiã be nàna numeɖeɖe bubuwo hã la, na nusrɔ̃via neɖo nyaa ŋu vɔ hafi.

4. Aleke wòle be míaɖe mawunyakpukpui siwo míexlẽna mee?

4 Na wòanɔ bɔbɔe: Zi geɖe la, aŋutrɔ ɖeka pɛ koe aŋutrɔdala bibi hiãna be wòatɔ nane si dzidzem wòle. Nenema kee nufiala bibi mehiãa nya gbogbowo hafi nana eƒe nya me kɔna o. Ate ŋu agblɔ nyawo woanɔ bɔbɔe, wo me nakɔ, eye woanye nyateƒe. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nàwɔ numekuku le Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me be nàse mawunyakpukpui aɖe gɔme nyuie ale be nàɖe eme wòasɔ. (Tim. II, 2:15) Gake ƒo asa na mawunyakpukpui ɖesiaɖe me nyawo me dzodzro tsitotsito le nusrɔ̃ɣia. Gblɔ nya siwo ko hiã be woase nya vevi si me dzrom miele gɔme.

5, 6. Aleke míawɔ akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woatsɔ Mawu ƒe Nya la awɔ dɔe le woƒe agbe me, gake nukae mele be míawɔ o?

5 Fia alesi woatsɔ nyaa awɔ dɔe ŋutɔŋutɔ: Ne esɔ la, kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ alesi mawunyakpukpui siwo miexlẽ le Biblia me la ku ɖe eya ŋutɔ ŋui. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Hebritɔwo 10:24, 25 me dzrom kple nusrɔ̃vi aɖe si mele Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem haɖe o la, àte ŋu adzro alesi wowɔa kpekpeawo dometɔ ɖeka me kplii ahakpee be wòadee. Gake mègana wòawɔ nɛ abe ɖe nèle ye dzi zim ene o. Na Mawu ƒe Nya la naʋãe eya ŋutɔ nawɔ nusi hiã be wòadze Yehowa ŋu.—Heb. 4:12.

6 Esi míeyi edzi le dɔ si wode mía si be míawɔ nusrɔ̃lawo wɔm la, mina míato Ŋɔŋlɔawo zazã nyuie dzi ‘ana xɔse naʋã amewo be woaɖo to.’—Rom. 16:26.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe