INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/02 axa 7
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzra Wò Dzi Ðo Ne Nàvɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Esɔsrɔ̃ Be Yehowa Vɔvɔ̃ Navivi Mía Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Takpekpe Kple Mawuvɔ̃lawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 2/02 axa 7

Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

Alesi woɖe vɔvɔ̃ gɔmee dometɔ ɖekae nye “bubu deto si koŋ woɖena fiaa Mawu.” Esia fia vɔvɔ̃ nyuitɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me be enye “nunya ƒe gɔmetoto.” (Ps. 111:10) Gake vɔvɔ̃ bubu ƒomevi kpɔ ŋusẽ ɖe Satana ƒe xexe si ƒo xlã mí la dzi. Aleke míaƒo asa na seselelãme manyomanyo ma esime míele bubu deto ɖeɖefia Yehowa tum ɖo? Nutome sue takpekpe si míawɔ le ƒe 2002 subɔsubɔƒea me ƒe ɖoɖowɔɖi yeyea adzro biabia siawo me. Eƒe tanyae nye “Vɔ̃ Mawu eye Nàtsɔ Ŋutikɔkɔe Nɛ.” (Nyaɖ. 14:7) Míava se mɔ vovovo siwo nu Yehowa vɔvɔ̃ ɖea vi na mí ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔa siae me.

Togbɔ be vɔvɔ̃ ate ŋu afia dzimaɖitsitsi alo dziɖeleameƒo kple heheɖemegbe le akɔ kpekpe kple nɔnɔme sesẽwo me hã la, Biblia la gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔ enye amesi vɔ̃a Yehowa.’ (Ps. 128:1) Takpekpe ƒe ɖoɖowɔɖia afia mí alesi míate ŋu anɔ te ɖe gbetɔame siwo míedoa goe le tadedeagu vavãtɔ me nu dzidzedzetɔe. Míava nya alesi míakpe ɖe ame yeyewo ŋu be woaɖe Mawu-vɔvɔ̃ nyuitɔ sia tɔgbe afia, si aʋã wo ŋutɔŋutɔ be woasubɔe kple dzi, luʋɔ, tamesusu kple ŋusẽ blibo. (Mar. 12:30) Nutome gã dzikpɔla aƒo nuƒo si ƒe tanya nye “Na Mia Kple Amesiwo Gbɔ Mèlɔ̃a Nu Le O Dome Nanɔ Kplikplikpli Ðaa” atsɔ aƒo ŋkeke gbãtɔ ƒe ɖoɖowɔɖia tae. Aɖe alesi míanɔ ŋudzɔ ɖe Abosam ƒe agbagbadzedze be yeate mí ɖa tso Yehowa, míaƒe ƒomea, kple mía nɔvi Kristotɔwo ŋu me na mí.

“Vɔ̃ Yehowa, Menye Amegbetɔ O” ye nye nuƒo kpui ene siwo woaƒo le ŋkeke evelia dzi ƒe tanya. Aɖe nusita wòle be míaɖu vɔvɔ̃ ɖesiaɖe si xea mɔ na mí be míate ŋu awu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe o kple alesi míawɔe, alo alesi míalé nuteƒewɔwɔ kple dzitsinya nyui me ɖe asi le sukuwo kple dɔwɔƒewo la me. Wotu dutoƒonuƒo si ƒe tanya nye “Vɔ̃ Mawu eye Nàlé Eƒe Seawo Me Ðe Asi” ɖe nudzɔdzɔ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 14 me dzi. Woaƒo nutome sue takpekpea ta kple mɔfiame dedziƒoname sia be “Yi Edzi Nàzɔ le Yehowa Vɔvɔ̃ Me.”

Teokrasi Subɔsubɔ Sukua, Subɔsubɔ Kpekpe ƒe kpɔɖeŋu, nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa, kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ totoɖeme hã nye ɖoɖowɔɖia ƒe akpa bubu siwo màdi be woato ye ŋu o. Kpe wò Biblia-nusrɔ̃viwo be woayi kpli wò. Amesiame si di be yeaxɔ nyɔnyrɔ nagblɔe na zimenɔla kaba. Mí katã míadi be míaɖe Yehowa-vɔvɔ̃ nyuitɔ afia ahakafui to alesi míana ɖoɖowɔɖi tɔxɛ sia ƒe akpa aɖeke nato mía ŋu o me!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe