Ðe Gbeƒã eye Nàɖi Ðase Tsitotsito
1 Esi Yesue nye ‘kplɔla kple dziɖula’ ta la, edzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ gã si nɔ wo ŋgɔ ŋu. (Yes. 55:4; Luka 10:1-12; Dɔw. 1:8) Apostolo Petro ɖɔ dɔdasi si Yesu de asi na wo le nya siawo me be: ‘Ede se na mí be, míaɖe gbeƒã afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase tsitotsito be, Eyae nye amesi Mawu ɖo, be wòanye ʋɔnudrɔ̃la ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi.’ (Dɔw. 10:42) Nukae ɖaseɖiɖi tsitotsito bia?
2 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe to ŋugbledede le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋu ŋu me. Esi wòkpe kple Efeso-hamea ƒe hamemegãwo la, eɖo ŋku edzi na wo be: ‘Nyemegbe naneke si nyo na mi la takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme, hele dzimetɔtrɔ yi Mawu gbɔ kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔxɔse ŋuti ɖase ɖim tsitotsito na Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa.’ Togbɔ be Paulo ŋutɔ nɔ tetekpɔwo me tom hã la, edze agbagba alesi wòate ŋui le nyanyuia gbɔgblɔ na ame geɖe me. Menye nyateƒea ƒe gɔmedzenuwo ɖeɖeko wòfia eƒe nyaselawo o, ke boŋ edze agbagba be yeagblɔ “Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã” na wo. Be wòate ŋu awɔ esia la, elɔ̃ faa be yeadze agbagba vevie ahatsɔ nanewo asa vɔe. Egagblɔ be: ‘Nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase tsitotsito le Mawu ƒe amenuveve nyanyui la ŋuti.’—Dɔw. 20:20, 21, 24, 27.
3 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua egbea? (Kor. I, 11:1) Míate ŋu asrɔ̃e to amesiwo dze la didi me ne mía ŋutɔwo míele nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã, to kutrikuku vevie be míaɖo gbegbɔgblɔ vovovodolawo gbɔ kple nyanyuia, kple to kpekpeɖeŋu nana ɖetsɔlemetɔwo me. (Mat. 10:12, 13) Esia bia ɣeyiɣi, agbagbadzedze, kple lɔlɔ̃ na amewo.
4 Àte Ŋu Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa? March kple April ate ŋu anye ɣeyiɣi nyui aɖe si me nàte ŋu aɖi ɖase tsitotsito le to kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Aleke gbegbee wòdea dzi ƒoe enye esi be míekpɔ gbeƒãɖela geɖe siwo dze agbagba etɔxɛe le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me le ƒe si va yi me!
5 Dzideƒonamenya si Yehowa ƒe habɔbɔa nana la de dzo lãme na nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 80 si ŋu lãmesẽkuxi geɖe nɔ. Eŋlɔ be: “Ena be didi vevie si nɔ menye ɣeyiɣi didi la nu gasẽ ɖe edzi, eye wòna mesee le ɖokuinye me be ɖeko wòle be magawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ake zi ɖeka ya teti.” Eɖoe be yeawɔe le March me. Egblɔ be, “nusi mewɔ enye be, menɔ anyi bu eŋu kɔnta gbã. Esi wònye mahiã vinyenyɔnu ƒe kpekpeɖeŋu ta la, medzro eme kplii. Ewɔ nuku nam ale gbegbe esi eya hã de asi agbalẽ te be yeawɔe.” Nɔvinyɔnu tsitsia zã gaƒoƒo 52 le ɣleti ma me le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. “Ne mese le ɖokuinye me be ŋusẽ le vɔvɔm le ŋunye la, medoa gbe ɖa na Yehowa zi geɖe be wòado ŋusẽm. Esi ɣletia wu enu la, dzi dzɔm eye nye dzi dze eme ŋutɔ, eye meda akpe na Yehowa zi geɖe be ekpe ɖe ŋunye. Madi be magatee akpɔ.” Eƒe nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamea ate ŋu ade dzi ƒo na gbeƒãɖela bubu siwo di vevie be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa togbɔ be lãmesẽkuxi sesẽwo anɔ fu ɖem na wo hã.
6 Nɔviŋutsu aɖe si ŋu woɖe asi le le dɔ me kpata la zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Le ɣletia me la, eƒe dzonɔameme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nu va sẽ ɖe edzi, eye hafi ɣletia nawu enu la, edze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye aɖe gɔme. Esi wònɔ ŋugble dem le nuteƒekpɔkpɔ si su esi ŋu la, egblɔ be: “Ɣleti kae wɔ nuku alea!” Aleke gbegbee dzi dzɔe be Yehowa ƒe mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu su esi enye esi! Ẽ, Yehowa dudu yayra gbogbo ɖe nɔviŋutsua dzi le eƒe agbagbadzedze vevie le subɔsubɔdɔa me ta, eye awɔe na wò hã nenema.—Mal. 3:10.
7 Kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ menɔa bɔbɔe na ame geɖe o. Ke hã, togbɔ be dɔwɔɖui kple ƒome gbanɔamedziwo kpakple ame ŋutɔ ƒe kuxiwo le mía ŋu hã la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo te ŋu wɔe. Ðaseɖiɖi tsitotsito bia míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ xɔasiwo tsɔtsɔ sa vɔe, gake yayra siwo dona tsoa eme la sɔa gbɔ ŋutɔ.—Lod. 10:22.
8 March kple April nye ɣeyiɣi nyui siwo me míawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le. Kwasiɖanuwuwu atɔ̃ ye le March me. Mɔnukpɔkpɔ siawo kple fiẽsiwo zazã ate ŋu akpe ɖe amesiwo dea dɔme ɣeyiɣiawo katã ŋu be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu azã mɔkeke siwo wonana le ŋkekenyuiwo ɖuɣi atsɔ aɖe gbeƒã le April me. Ame aɖewo ate ŋu azã mɔkeke siwo woxɔna le suku kple le dɔme atsɔ aɖo gaƒoƒo 50 ƒe nudidia gbɔ. Be nàwɔ ɖoɖo ɖe gaƒoƒo 50 zazã le subɔsubɔdɔa me le March alo April me ŋu la, ɖe nàte ŋu azã kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ƒe ɖoɖowɔɖi ƒe kpɔɖeŋu siwo wowɔ ɖe nyati sia me dometɔ ɖekaa? Dzro wò ɖoɖowɔɖia me kple gbeƒãɖela bubuwo; ɖikeke mele eme o be ade dzi ƒo na wo dometɔ aɖewo be woawɔ dɔ kpli wò le subɔsubɔdɔa me. Ne màte ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o la, ke ɖo taɖodzinu gobii aɖe na ɖokuiwò le ɣleti siawo me, eye nàwɔ dɔ kple amesiwo ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Wɔ wò ɖoɖowo fifia be nàdzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzi le March kple April me.
9 Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fia Ðe Ŋkuɖodzia Ŋu: Ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodziɖuɣiwo la, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu ʋãa ame geɖe be ‘woƒlea ɣeyiɣi’ be woanye kpekpeɖeŋu mɔɖelawo. (Ef. 5:15, 16) Le ƒe si va yi me le United States la, gbeƒãɖela siwo ƒe xexlẽme nye 126,378 ye wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March me eye 51,217 ye wɔe le April me. Ema fia be le mama dedie nu la, ame 88,797 ye wɔe le ɣleti eveawo dometɔ ɖesiaɖe me. Tsɔ xexlẽme ma sɔ kple gbeƒãɖela 21,505 le mama dedie nu siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti siwo do ŋgɔ na ema dometɔ ɖesiaɖe me le subɔsubɔƒea me kpɔ. Ƒe sia me ƒe Ŋkuɖodziɖuɣia nye mɔnukpɔkpɔ nyui bubu si míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi blibo me afia ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu to míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa dzidziɖedzi me.
10 Esi April 16 le ɖoɖom la, de ŋugble le nusi Ŋkuɖodzia fia na wò ŋu. De ŋugble le nudzɔdzɔ siwo do ŋgɔ na Kristo ƒe kua kple tamebubu siwo do agba ɖe susu kple dzi me nɛ la ŋu vevie. De ŋugble hã le dzidzɔ si nɔ Yesu lalam kple alesi wòkpe ɖe eŋu be wòte ŋu do dzi le ŋutasẽnu siwo wowɔ ɖe eŋu me. De ŋugble le hamea ƒe Tanyenye ƒe ɖoƒe si le esi fifia, kple alesi wòkpɔa gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa dzii ŋu. (Kor. I, 11:3; Heb. 12:2; Nyaɖ. 14:14-16) Ekema ɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nusiwo katã Kristo wɔ ŋu to gomekpɔkpɔ bliboe le gbeƒãɖeɖedɔa me alesi nàte ŋui.
11 De Dzi Ƒo Na Gbeƒãɖela Bubuwo be Woaɖi Ðase Tsitotsito: To hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me la, mɔnukpɔkpɔ nyui asu wo si be woade dzi ƒo na gbeƒãɖela bubuwo. Ne wole subɔsubɔdɔa wɔm kple gbeƒãɖelawo le gbeadzi kple ne wole alẽwo srãm kpɔ la, mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ʋuna ɖi na woa ŋutɔwo be woakpe ɖe gbeƒãɖela bubuwo ŋu be woakpɔ gome bliboe le dɔ tɔxɛ sia wɔwɔ me. Mina mí katã míatsɔ nya sia ade gbedodoɖa me be wòado ŋusẽ mí le agbagbadzedze ɖekae le ɖaseɖiɖi tsitotsito me.
12 Togbɔ be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katãe awɔ dɔ aduadu kple hamea ƒe ɖoɖowɔɖi be míawɔ geɖe le March kple April me hã la, vevietɔ subɔsubɔdɔdzikpɔla lae akpɔ egbɔ be ɖoɖowɔɖi nyui siwo dzi nɔviawo azɔ ɖo le gbeƒãɖeɖedɔa me la li. Ele be wòawɔ ɖoɖo ɖe teƒe siwo woakpe le hena gbeadziyiyi, ŋkekeawo, kple ɣeyiɣi si asɔ na gbeƒãɖela akpa gãtɔ ŋu eye wòana woaɖe gbeƒãe edziedzi. Miate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe kpekpe le ɣeyiɣi vovovowo me le ŋkekea me ŋu, ale be mɔnukpɔkpɔ nate ŋu asu hamea me tɔwo katã si be woakpɔ gome le ɖaseɖiɖi ƒe mɔnu vovovoawo me. Esia ate ŋu alɔ ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo, ablɔwo dzi, tso aƒeme yi aƒeme, tɔtrɔyiwo wɔwɔ, kple telefon dzi ɖaseɖiɖi ɖe eme. Gakpe ɖe eŋu la, ele be subɔsubɔdɔdzikpɔla nawɔ ɖoɖo ɖe agbalẽwo kple magazinewo dɔdɔ le agbɔsɔsɔ me ŋu, hekpe ɖe ɖoɖo wɔwɔ ɖe anyigbamama si me woawɔ dɔ le le ɣleti mawo me ŋu.
13 Míana Sidzedze-gbalẽa le March me, eye míaƒe taɖodzinu anye Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze kple amewo. Dzeɖonya nyui siwo míazã atsɔ ana Sidzedze-gbalẽa dze le January 2002 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me. Míana Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le April me. Dze agbagba nàwɔ dzeɖonya siwo dze le “Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu” ŋudɔ nyuie. Ele be mí katã míagbɔ dzi ɖi adzra ɖo nyuie ale be míate ŋu aɖi ɖase tsitotsito.
14 Aleke gbegbee dzi dzɔa mí enye esi be míewɔa dɔ le hamea ƒe Ta, Kristo Yesu, ƒe mɔfiafia te eye be mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpɔa gome le nyanyuia gbɔgblɔ na amewo me! Esi March kple April le ɖoɖom la, mina míagadze agbagba vevie awɔ wo woanye míaƒe ɣleti tɔxɛwo esime míele wɔwɔm ɖe Kristo ƒe sedede be míaɖe gbeƒã eye miaɖi ɖase tsitotsito dzi.
[Aɖaka si le axa 4]
Mɔ Vovovo Siwo Dzi Míato Awɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa le March Kple April 2003 Me
Ŋkeke Gaƒoƒowo
Dzoɖa 1 2 — — 2 —
Braɖa 1 — 3 — — —
Kuɖa 1 2 — 5 — —
Yawoɖa 1 — 3 — — —
Fiɖa 1 2 — — — —
Memleɖa 5 4 3 5 6 7
Kwasiɖa 2 2 3 2 2 3
March 56 56 54 55 50 50
April 50 50 51 53 — —
Ðe ɖoɖo siawo dometɔ aɖe asɔ na wòa?