Dzudzɔxɔxɔ—Ðe Wòʋua Dɔ Geɖe ƒe Ʋɔtru na Amea?
1 Veviedola geɖewo kpɔa mɔ na ɣeyiɣi si woaxɔ dzudzɔ le dɔme eye woavo tso hloloetsotso kple dagbadagba le ŋutilãmedɔ wɔwɔ me la me. Gake enuenu la, dzudzɔxɔxɔledɔme hea vivimadoɖenuŋu, nutikɔname, kple amegã alo nyagã kuku kaba vɛ. Ne ame meƒo eɖokui ɖe dɔwɔna gobi aɖeke wɔwɔ me o la, dzimaɖitsitsi kple dzitsitsi ɖe eɖokui ŋu ate ŋu axɔ eƒe susu me. Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be kuxi siwo ɖea fu na dziɖuɖudɔwɔla siwo xɔ dzudzɔ le dɔme la tsoa ‘dzidzememakpɔmakpɔ, dzikudodo kabakaba, dediemanɔmanɔ, kple bubu be viɖe megale ame ŋu o dzi yia blanuiléle kpakple sese le ame ɖokui me be tameɖoɖo mele yewoƒe agbe ŋu o dzi.’
2 To vovo na esia la, Kristotɔ geɖewo bua tɔtrɔ sia si va woƒe agbe me be enye gbɔgbɔmedɔwɔna geɖe ƒe ʋɔtru si ʋu ɖi na yewo. Nɔviŋutsu aɖe si dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le kwasiɖa evelia si kplɔ eƒe ƒe 65 xɔxɔ ɖo me la gblɔ be: “Nyemeɖo ŋku ɣeyiɣi aɖeke dzi le nye agbe me si me yayra geɖewo nɔ wu ƒe ewo siwo metsɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm o.” Atsu kple asi aɖe ŋlɔ be: “Míaƒe dzidzɔƒewo ŋutɔŋutɔ dze egɔme esime míedze mɔɖeɖedɔa gɔme.” Ẽ, le ame geɖe gome la, dzudzɔxɔxɔledɔme naa mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wo be woadzi woƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi eye be woaxɔ yayra gbagowo tso Yehowa gbɔ.
3 Ƒo Ðokuiwò Ðe Dɔ Tseku Geɖe Wɔwɔ Me: Wonyi ame geɖe siwo xɔ dzudzɔ le dɔme fifia nuzazã dodzidzɔname siwo bɔ egbea manɔmee eye wosrɔ̃ alesi woawɔ dɔ sesẽ tso woƒe ɖevime ke. Togbɔ be ɖekakpuimeŋusẽ maganɔ wo ŋu o hã la, wogakpɔtɔ nye dɔ tseku geɖe wɔlawo. Le alɔdzedɔwɔƒe aɖe ƒe anyigbamama me la, mɔɖelawo dometɔ 22 le alafa me—siwo ade nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 20,000—xɔ ƒe 60 ya teti. Ame tsitsi siawo wɔa akpa gã aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple mawumenɔnɔmewo doa ŋusẽ hame siwo me wole.—Yak. 3:17, 18.
4 Veviedodo Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nana wonɔa lãmesẽ me eye wònana ame ƒe agbenɔnɔ nyona ɖe edzi. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 84 si dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le eƒe dzudzɔxɔxɔledɔme megbe gblɔ be: “Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ame geɖe siwo ɖe ɖetsɔleme fia kpe ɖe ŋunye be nye susu le te. Ʋu mele asinye o, eyata mezɔa azɔli geɖe ŋutɔ. Esia na menɔa lãmesẽ me.” Atsu kple asi tsitsi aɖe siwo nye mɔɖelawo gblɔ be: “Subɔsubɔdɔa na míenɔa ŋute le susu me henɔa lãmesẽ me. Míenɔa mía nɔewo ŋu ɣesiaɣi. Míekoa nu geɖe ŋutɔ eye míesea vivi na agbe.”
5 Subɔsubɔ le Afisi Hiahiã Lolo Wu Le: Kristotɔ dzudzɔxɔledɔmela aɖewo siwo dzi ganyawo de ʋu yi ɖasubɔ le afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖewo hiã le. Bubuwo keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu ɖasubɔ le afisi dutagbedolawo le. Abe apostolo Paulo ene la, gbeƒãɖela veviedola siawo ‘wɔ nuwo katã ɖe nyanyuia ta, bene woawo hã nakpɔ gome le eme kple ame bubuwo.’—Kor. I, 9:23.
6 Atsu kple asi aɖe dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme esime wonyi wo viŋutsuvi eve vɔ megbe. Le woƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe geɖe megbe la, wodze Chinagbe sɔsrɔ̃ gɔme. Fifia si woxɔ ƒe 70 kple edzivɔ la, wokpɔ dzidzɔ geɖe esi wokpɔe be Chinagbe ƒuƒoƒo si wowɔ dɔ kpli la va zu hame nyitsɔ laa. Yayra ka gbegbee nye si srɔ̃tɔ abe esiawo ene nye!
7 Dzudzɔxɔxɔ Mele Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me O: Togbɔ be ame akpa gãtɔ va xɔa dzudzɔ le ŋutilãmedɔ me mlɔeba hã la, Kristotɔwo ya mexɔa dzudzɔ le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me o. Ele be amesiame nayi edzi nuteƒewɔwɔtɔe “vaseɖe nuwuwu.” (Mat. 24:13, 14) Ele eme baa be tsitsi na be ame geɖe megate ŋu wɔa geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me abe alesi wowɔnɛ tsã ene o ya. Gake aleke wòdea dzi ƒo enye esi be woakpɔ wo woanɔ nusi woate ŋui la wɔm tso dzi blibo me! Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na wo be Yehowa maŋlɔ dɔ siwo wowɔ kple lɔlɔ̃ si woɖe fia ɖe eƒe ŋkɔ ta la be o.—Luka 21:1-4; Heb. 6:10.
8 Ne wò dzudzɔxɔɣi le gogom la, nukatae màtsɔ gbedodoɖa abu alesi nàte ŋu awɔ wò nɔnɔme si le tɔtrɔm la ŋudɔ bliboe ŋu o? To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, àkpɔe be dzudzɔxɔxɔ ʋua dɔ geɖe ƒe ʋɔtru ɖi si ahe kafukafu geɖe vɛ na Yehowa eye wòanye yayra geɖe na wò.—Ps. 148:12, 13.