INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/03 axa 1
  • Hahoɖaseɖiɖi Nyea Dzidzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hahoɖaseɖiɖi Nyea Dzidzɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Nàwɔ Be Wò Gbeadziƒuƒoƒo Naɖe Vi Na Wò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 7/03 axa 1

Hahoɖaseɖiɖi Nyea Dzidzɔ

1 Esi Yesu nɔ nusrɔ̃la 70-awo dɔm ɖo ɖa be woava ɖe gbeƒã la, efia nya si woagblɔ la wo, ema wo eveve, eye wòfia anyigbamama si me woawɔ dɔ le la wo. Esia na wokpɔ dzidzɔ. (Luka 10:1-17) Nenema ke egbea la, hahoɖaseɖiɖi kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be woasu te, woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu, eye wòdea dzi ƒo na wo hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ.

2 Hamemegãwo Xɔa Ŋgɔ: Hamemegãwo wɔa akpa vevi aɖe le kpekpeɖeŋu nana amesiame be wòakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla xɔa ŋgɔ wɔa ɖoɖo ɖe kwasiɖa domedome gbeadziyiyi ŋu. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ɖesiaɖe ƒe dɔe wònye be wòawɔ ɖoɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu na eƒe ƒuƒoƒoa, vevietɔ le kwasiɖanuwuwuwo. Ne hame bliboa akpe ɣeaɖewoɣi hena gbeadziyiyi, abe le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ megbe ene la, ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla ɖesiaɖe nakpɔ eƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ.

3 “Alesi Dze ɖe Eteƒeteƒe”: Ele be amesi wode kpekpe hena gbeadziyiyi dzikpɔkpɔ asi na nadze egɔme ɖe game dzi ahawɔe miniti 10 alo 15 ko. Ele be wòama ameawo ahana anyigbamama wo hafi woado gbe ɖa akpã (gake ne agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawoe akpɔ amewo mama kple anyigbaa mama gbɔ abe alesi míegblɔ do ŋgɔ ene la, ke woate ŋu awɔe le gbedodoɖa megbe). Esia ana gbeƒãɖelawo mava ƒo ƒu ɖe anyigbamamaa me hoo wòava klo bubu si le míaƒe dɔa ŋu o. Azɔ hã esɔ kple Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia be: “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Kor. I, 14:40) Ele be kpekpea valawo katã nakpe asi ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu, to vava ɖe game dzi, ɖekawɔwɔ kple amesi le ŋgɔ xɔm la bliboe, kpakple dzodzo kaba age ɖe anyigbamamaa me le kpakpã megbe teti.

4 Etea Mí Ƒoa Ƒu le Ðekawɔwɔ Me: Hahoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖoa naa mɔkpɔkpɔ nyui aɖe mí be míanya hamea me tɔ bubuwo nyuie. Togbɔ be míetsi tre ɖe ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ be woazɔ kple ame aɖe ŋu o hã la, ate ŋu aɖe vi na mí ne míeyi ɖoɖo aɖeke mawɔmawɔ be míazɔ kple ame ɖeka aɖe koŋ o. Woate ŋu ana ame aɖe si míenya nyuie o mí be míazɔ kplii, si akpe ɖe mía ŋu be ‘míakeke’ míaƒe lɔlɔ̃ ɖe enu.—Kor. II, 6:11-13.

5 Hahoɖaseɖiɖi dea dzi ƒo na mí hetea mí ƒoa ƒu míenyea “hadɔwɔlawo na nyateƒe la.” (Yoh. III, 8) Mina míayi edzi akpɔ gome le eme bliboe!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe