INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/03 axa 8
  • Ƒomedodo Nyui me Nɔnɔ Kple Yehowa Tutu Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomedodo Nyui me Nɔnɔ Kple Yehowa Tutu Ðo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mite Ðe Mawu Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Na Mia Kple Yehowa Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Yi Edzi Nànɔ Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔm!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Teƒeɖoɖo Nyuiwo Le Nusɔsrɔ̃ Me
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 11/03 axa 8

Ƒomedodo Nyui me Nɔnɔ Kple Yehowa Tutu Ðo

1. Nukae nɔvinyɔnu aɖe va de dzesii ku ɖe eƒe gbɔgbɔmedɔwɔnawo ŋu?

1 Kristotɔ nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Abe ƒe 20 enye sia si mele nyateƒea me eye ɖeko menɔa kpekpewo dem henɔa gbeadzi dem dzro ko.” Gake egblɔ yi edzi be: “Meva de dzesii mlɔeba be togbɔ be nusiawo le vevie hã la, woawo ɖeɖe mate ŋu além ɖe te le esime nuwo de asi sesẽ me nam o. . . . Meva kpɔe dze sii fifia be ele be matrɔ asi le alesi mebua nu ŋui ŋu eye madze nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui gɔme ne mate ŋu anya Yehowa tututu ahalɔ̃e eye makpɔ ŋudzedze ɖe nusi Via na mí ŋu.”

2. Nukatae wòle vevie be míatu mía kple Yehowa dome ƒomedodo ɖo?

2 Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa bia agbagbadzedze. Ebia nu geɖe wu Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo aɖe ko nu. Ne míedo kpo gbedodoɖa edziedzi na Yehowa la, ekema ɖeko wòava nɔ na mí mlɔeba abe xɔlɔ̃ xoxo aɖe si míegaɖoa dze kplii o ene. (Nyaɖ. 2:4) Mina míadzro alesi ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu mía kple Yehowa dome ƒomedodo kplikplikpli ɖoe me.—Ps. 25:14.

3. Aleke míawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ be wòakpe ɖe mía ŋu míate ɖe Mawu ŋui?

3 Gbedodoɖa Kple Ŋugbledede Le Vevie: Ðokuisinusɔsrɔ̃ si doa ŋusẽ dzia lɔ nu geɖe ɖe eme wu flitete ɖe nusrɔ̃nyatia ƒe nya veviwo te kple ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la xexlẽ ko. Ebia tso mía si be míade ŋugble le nusi nyatia gblɔ na mí tso Yehowa ƒe mɔwo, eƒe dzidzenuwo, kple eƒe amenyenye ŋu. (Mose II, 33:13) Gbɔgbɔmenuwo gɔmesese kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi eye wòʋãa mí be míabu tame le míaƒe agbe ŋu. (Ps. 119:35, 111) Ele be woawɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple taɖodzinua be wòana woate ɖe Yehowa ŋu. (Yak. 4:8) Nusɔsrɔ̃ adodoe bia ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ, eye esia wɔwɔ edziedzi bia ameɖokui mamla. (Dan. 6:11) Ne mèvona kura le agbe me o hã la, ɖe nèɖoa ɣeyiɣi ɖi gbesiagbe be yeatsɔ ade ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo ŋua?—Ps. 119:147, 148; 143:5.

4. Aleke gbe si míado ɖa hafi adze ɖokuisinusɔsrɔ̃ gɔme akpe ɖe mía ŋu be míatu ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa ɖoe?

4 Gbedodoɖa si tso dzime nye ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe. Be Biblia me nyateƒea naʋã míaƒe dziwo be míatsɔ ‘subɔsubɔ kɔkɔe ana Mawu le mawusosroɖa’ me la, míehiã na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. (Heb. 12:28) Eyata ele be míadze nusɔsrɔ̃ ɖesiaɖe gɔme kple gbedodoɖa ahaɖe kuku na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ mí. (Mat. 5:3) Ne míede ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu eye míezã nusrɔ̃gbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na la, ekema míele míaƒe dzi ʋum na Yehowa. (Ps. 62:9) Nusɔsrɔ̃ wɔwɔ alea nye tadedeagu ƒe akpa aɖe si dzi míetona kafua Yehowa eye míedoa ŋusẽ mía kplii dome kadodoa ɖe edzi.—Yuda 20, 21.

5. Nukatae wòle vevie be míade ŋugble le Mawu ƒe Nya la ŋu gbesiagbe?

5 Abe alesi wòle le ƒomedodo ɖesiaɖe gome ene la, ele be míatu mía kple Yehowa dome ƒomedodo nyui ɖo ɣesiaɣi be wòayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. Neva eme be míadi ɣeyiɣi gbesiagbe atsɔ ate ɖe Mawu ŋu, esi míenya be eya hã ate ɖe mía ŋu ta.—Ps. 1:2, 3; Ef. 5:15, 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe