INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/03 axa 1
  • Amesiwo Dze la Didi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesiwo Dze la Didi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Telefon Dzi Ðaseɖiɖi Siwo Kpɔa Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Ète Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Kpɔa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ne Anyigbamama Le Wò Ŋutɔ Asiwò La, Aɖe Vi Na Wòa?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Alesi Míaɖe Gbeƒã le Fiasewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 12/03 axa 1

Amesiwo Dze la Didi

1 Yesu ƒe se si wòde be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔ la wɔwɔ bia veviedodonu geɖe. Egblɔ be: ‘Ne mieyi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie.’ (Mat. 10:11) Esi amewo mete ŋu nɔa aƒeme le egbeŋkekea me zi geɖe o ɖe, aleke míate ŋu awɔ adi amesiwo dze ŋutɔŋutɔ?

2 Lé Ŋku Ðe Wò Anyigbamamaa Ŋu: Gbã la, lé ŋku ɖe wò anyigbamamaa ŋu. Ɣekaɣie ame akpa gãtɔ te ŋu nɔa aƒeme? Afikae woate ŋu akpɔ wo le le ŋkekea me? Ðe kwasiɖaa ƒe ŋkeke aɖe alo ŋkekea ƒe gaƒoƒo aɖe li si dzi woate ŋu axɔ mi nyuie wua? Asitɔtrɔ wɔwɔ wòasɔ ɖe amewo ƒe gbesiagbe nuwɔnawo kple nɔnɔmewo nu le anyigbamamaa me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ dɔa nyuie wòaɖe vi geɖe.—Kor. I, 9:23, 26.

3 Gbeƒãɖela geɖewo wɔa dɔ le fiẽsiwo me eye wokpɔ dzidzedze le keke ɖe amewo ŋu me. Aƒemenɔla aɖewo ɖea dzi ɖi heɖoa to wu le ɣeyiɣi siawo me. Telefon dzi ɖaseɖiɖi (ne wòanya wɔ) le ɣeyiɣi siwo me yame ƒe nɔnɔme mede ame dzi be míayi ameawo gbɔ o ate ŋu aɖe vi ŋutɔ. Ðaseɖiɖi le anyigbamama si me dɔwɔƒewo bɔ ɖo kple teƒe siwo amewo lɔ̃a nɔnɔ hã nye mɔ siwo dzi míato atsɔ nyanyuia aɖo amewo gbɔ.

4 Le hame aɖe ƒe ɣleti tɔxɛ aɖe me la, wowɔ ɖoɖo ɖe ɣetrɔ me ɖaseɖiɖi ŋu le Memleɖa kple Kwasiɖagbewo, eye wowɔ ɖoɖo ɖe ŋdi kanya kple fiẽsi me ɖaseɖiɖi ŋu le Kuɖagbe kple Fiɖagbewo. Wowɔ ɖoɖo hã ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖi kple dɔwɔwɔ le anyigbamamaa ƒe teƒe siwo me dɔwɔƒewo bɔ ɖo ŋu. Ðoɖo siawo na dzo ɖo nɔviawo me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ale gbegbe be hamea ɖoe be yewoayi edzi anɔ ɖoɖo siawo dzi zɔm.

5 Do Vevie Nu le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me: Ne esesẽ le miaƒe anyigbamama me be woake ɖe amewo ŋu le woƒe aƒewo me ne mietrɔ yi la, ke dze agbagba be hafi nàdzo le amea gbɔ la, nàɖo ŋkeke si asɔ na mia kple evea siaa si dzi nàtrɔ ava egbɔ, wɔ esia le yiyi zi gbãtɔ hã me. Ekema dze agbagba vevie nàyi le ŋkeke si mieɖo dzi. (Mat. 5:37) Ne asɔ la, àte ŋu abia aƒemenɔlaa axɔ eƒe telefon xexlẽdzesi. Esia hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu ake ɖe amea ŋu ake.

6 Yehowa ayra míaƒe agbagbadzedze kutrikukutɔe be míadi amesiwo dze ahatrɔ ayi wo gbɔ be míatu woƒe ɖetsɔlemea ɖo la godoo.—Lod. 21:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe