Biblia-nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Ʋɔtru Nu Kple to Telefon Dzi
1, 2. Aleke míate ŋu atrɔ asi le míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowo ŋu be míakpe ɖe amesiwo mekpɔa vovo o ŋu?
1 Vovo megale amewo ŋu egbea o. Ke hã, ame geɖe tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me. Aleke míakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ? (Mat. 5:3) Gbeƒãɖela geɖe dzea agbagba srɔ̃a Biblia kple amewo le woƒe ʋɔtru nu alo to telefon dzi. Ðe nàte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu to mɔ sia dzia?
2 Be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme la, ehiã be míadzra ɖo afia alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃e la amewo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si aʋu ɖi me. Aleke míate ŋu awɔ esiae, eye le afika?
3. Nukata wòanyo be nàwɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ afia le yiyi zi gbãtɔ me, eye aleke nàte ŋu awɔ esiae?
3 Le Ʋɔtrua Nu: Ne èdo go ame aɖe si lɔ̃ be yeaɖo dze tso Biblia ŋu la, ɖeko nàʋu memama si nèdzra ɖo la, si ate ŋu anye Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 1 ƒe memama gbãtɔ, eye nàdze egɔme. Xlẽ memamaa, bia nyabiasea, eye nàdzro mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka alo eve me. Zi geɖe la, àte ŋu awɔ esia le ʋɔtrua nu le miniti atɔ̃ alo ewo me. Ne amea kpɔ dzidzɔ ɖe numedzodzroa ŋu la, wɔ ɖoɖo kplii be yeatrɔ va ne yewoadzro memama ɖeka alo eve siwo kplɔe ɖo me le ɣeyiɣi bubu dzi.—Àte ŋu akpɔ mɔnu siwo le tẽ tsɔtsɔ dze nusɔsrɔ̃ gɔme ŋuti ɖaŋuɖoɖo bubuwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, January 2002, axa 6.
4. Aleke míate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme le ʋɔtrua nu ne míele tɔtrɔyiwo wɔm?
4 Àgate ŋu azã mɔnu sia tɔgbe ke atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ne èle tɔtrɔyiwo wɔm. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖe Nusi Mawu Di ƒe agbalẽa gbadzaa ɖe go ahazã nusɔsrɔ̃ 2 lia ƒe memama 1 kple 2 atsɔ afia Mawu ƒe ŋkɔ amea. Ne ègatrɔ yi la, àte ŋu azã memama 3 kple 4 atsɔ adzro nusi Biblia ɖe fia le Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu la me kplii. Le numedzodzro si agakplɔe ɖo me la, àte ŋu adzro memama 5 kple 6 me eye nàzã nɔnɔmetata si le axa 5 atsɔ ate gbe ɖe alesi Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míenyaa Yehowa la dzi nɛ. Míate ŋu awɔ esiawo katã esime míele tsitre ɖe ʋɔtrua nu.
5, 6. (a) Nukatae wòasɔ na ame aɖewo wu be yewoasrɔ̃ Biblia to telefon dzi? (b) Mɔnu kawoe míate ŋu azã ne míele nusɔsrɔ̃ to telefon dzi dom ɖe amewo gbɔ?
5 To Telefon Dzi: Ame aɖewo adi be yewoasrɔ̃ Biblia to telefon dzi tsɔ wu be míava srɔ̃e kpli yewo le aƒeme. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Esi nɔvinyɔnu aɖe le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm la, eva do go nyɔnu vinɔ aɖe si metsi fũ o, gake eƒe dɔwɔɖui mena wòkpɔa vovo kura o. Esi nɔvinyɔnua megate ŋu le etum le aƒeme o la, etso nya me be yeaƒo ka nɛ. Nyɔnua ɖe nu me nɛ be vovo mele ye ŋu kura be yeadzro Biblia me o. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Le miniti 10 alo 15 dome la, àte ŋu asrɔ̃ nu yeye aɖe, eye àte ŋu asrɔ̃e to telefon dzi gɔ̃ hã.” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Oo, ne anye to telefon dzi la, ekema, anya wɔ!” Eteƒe medidi o, wole nusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi to telefon dzi.
6 Ðe amesiwo gbɔ nèyina dometɔ aɖewo alɔ̃ be yeawɔ nusɔsrɔ̃ to telefon dzia? Ekema, àte ŋu ate mɔnu si ŋu míeƒo nu le la akpɔ, alo àte ŋu agblɔ ko be: “Ne èlɔ̃ la, míate ŋu adzro Biblia me to telefon dzi. Ðe esia anyo na wò wua?” Ne míetrɔ asi le míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowo ŋu wosɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔmewo nu la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woƒe ‘asi natu sidzedze Mawu.’—Lod. 2:5; Kor. I, 9:23.