Suku si Kpena Ðe Mía Ŋu le Nusiwo Míesrɔ̃ Ŋudɔwɔwɔ Me
1 Ne míele dɔdasi siwo le ƒe 2006 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Ðoɖowɔɖia me dzram ɖo la, míedina vevie be Ŋɔŋlɔawo me nufiamewo naɖe vi na mí, eyata míedzea agbagba dea dzesi alesi míazã woe le míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea me kple le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Míeɖonɛ kplikpaa be míawɔ nusiwo míesrɔ̃ la ŋudɔ.—Yoh. 13:17; Fil. 4:9.
2 Nyaŋuɖoɖo: Le ƒe sia me ɖoɖowɔɖia me la, wotsɔ miniti ɖeka kpe ɖe ɣeyiɣi si wona be nyaselawo nakpɔ gome le Biblia me nyati veviawo me dzodzro me ŋu. Esia fia be nɔviŋutsu si le Biblia me dzodzro ƒe dɔdasia wɔm la nakpɔ egbɔ be yewu dɔdasia nu le miniti atɔ̃ pɛ ko me, ke meganye miniti ade o. Ele be nyasela siwo ana numeɖeɖe tso nyaselawo dome hã ƒe susu nanɔ gamea ŋu. Ne míebu nya siwo míagblɔ ŋu nyuie do ŋgɔ la, míate ŋu azã sɛkɛnd 30 pɛ ko alo esi mede nenema o agblɔ nufiame siwo atu ame ɖo. Efia be le mama dedie nu la, ele be ame ewo ya teti nate ŋu aƒo nu le miniti atɔ̃ siwo wona nyaselawo be woakpɔ gome le numedzodzroa me la me.
3 Nuƒo Siwo me Nufiame Le: Ele be Biblia me nyati veviwo me dzodzro kple nufiamenuƒoa naɖe asixɔxɔ si le nyatia ŋu afia to alesi woana wòaku ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo ŋui me. Ele be nuƒolaa nawɔ geɖe wu nyaselawo ʋaʋã be woawɔ afɔɖeɖe aɖe dzaa ko. Ele be wòagblɔ afɔɖeɖe si hiã be woawɔ, wòafia alesi woawɔe, eye wòahe susu ayi viɖe siwo ado tso nuwɔna alea me dzi. Asɔ be wòagblɔ be, “Mɔfiame si míekpɔ tso mawunyakpukpui sia me enye,” alo “Alesi míate ŋu azã mawunyakpukpui sia le gbeadzi enye.” Ele be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔla siwo nya nutoa me kple hamea ƒe nɔnɔmewo nadze agbagba alesi woate ŋui be woaɖe nyatia me wòaku ɖe nɔnɔmeawo ŋu.
4 Biblia me kpɔɖeŋuwo zazã atsɔ afia alesi woawɔ nyatia ŋudɔe ɖea vi ŋutɔ. Ne nuƒolaa gblɔ Biblia me kpɔɖeŋu aɖe vɔ la, ate ŋu agblɔ be, “Wò hã ate ŋu aɖo nɔnɔme sia tɔgbe me.” Ele be wòakpɔ egbɔ be nya si wòagblɔ tso alesi woawɔ Biblia me kpɔɖeŋu ɖesiaɖe si ŋu wòaƒo nu tsoe ŋudɔ ŋui la nasɔ kple nyatia ahawɔ ɖeka kple Biblia bliboa kpakple numeɖeɖe si le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe agbalẽwo me.—Mat. 24:45.
5 Nunya enye sidzedze kple gɔmesese ŋudɔwɔwɔ dzidzedzetɔe ƒe ŋutete si le ame si. ‘Nunya enye nu vevitɔ.’ (Lod. 4:7) Esi míeyi edzi le nunya vavãtɔ ƒlem to míaƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku nusɔsrɔ̃awo me la, mina míadzi efiafia ame bubuwo ƒe ŋutete hã ɖe edzi.